< 以賽亞書 33 >

1 禍哉,你這不受侵害而侵害人,不受劫掠而劫掠人的人!當你侵害完了,你將遭受別人的侵害;當你劫掠完了,你將遭受別人的劫掠。
Baba na wò, o nugblẽla! Wò ame si womegblẽ o. Baba na wò, o ametatrɔla! Wò ame si womede asi o. Ne èdzudzɔ nugbegblẽ la, woagblẽ wò hã ne èdzudzɔ ametatɔtrɔ la, woatrɔ wò hã tawò.
2 上主啊!憐恤我們罷!我們仰望你,每日清晨,請作我們的臂膊!在窘迫時,請作我們的救援!
O! Yehowa, ve mía nu; míele diwòm vevie. Nye míaƒe ŋusẽ ŋdi sia ŋdi. Nye mía ɖela le xaxaɣeyiɣiwo me.
3 叫囂的聲音一響,民眾遂即逃遁;你一奮起,萬民便都潰散。
Ne èɖe gbe la, amewo sina, ne ètso la, dukɔwo kakana hlẽna.
4 人們收集掠物,有如拾取蚱蜢;急於劫掠,有如蝗蟲疾跳。
O! Dukɔwo, woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu abe ale si woƒoa ŋɔviwo nu ƒue ene, eye amewo adze wo dzi abe ale si ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe dzea nu dzi ene.
5 上主是崇高的,因為他居於高處;他以正義和公平充盈了熙雍。
Wodo Yehowa ɖe dzi, elabena etsɔ dziƒo wɔ nɔƒee. Atsɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye ayɔ Zion.
6 他是你命運的保障,得救的府庫、智慧和明智;敬畏上主, 將是你的寶藏。
Anye gɔmeɖokpe sesẽ na míaƒe ɣeyiɣiwo. Anye nudzraɖoƒe gã na ɖeɖekpɔkpɔ, dziƒonunya kple sidzedze, eye Yehowavɔvɔ̃ anye safui na kesinɔnu sia.
7 看哪!傳信的的人在外號叫,和平使者悲痛啼哭。
Kpɔ ɖa woƒe kalẽtɔwo le avi fam sesĩe le mɔtatawo dzi. Ŋutifafa ƒe ame dɔdɔwo fa avi vevie.
8 大路已經荒廢,行旅已經絕跡。他撕毀了盟約,藐視了證人,不顧及任何人。
Gbedzimɔwo ɖi gbɔlo, eye mɔzɔla aɖeke mele mɔtatawo dzi o. Nubabla la me gblẽ. Wodo ŋunyɔ eƒe ɖasefowo, eye womede bubu ame aɖeke ŋuti o.
9 地域悽慘頹廢,黎巴嫩慚赧憔悴,沙龍變成荒野,巴商和加爾默耳搖曳凋零。
Anyigba la ƒu kplakplakpla, eye naneke megale edzi o. Ŋu kpe Lebanon, eye wòyrɔ sũu. Saron le abe Araba gbegbe ene. Basan kple Karmel lũ xɛ abe ati ene.
10 上主說:「現在我要起來,現在我要奮發,現在我要受尊崇!
Yehowa be, “Matso azɔ, woadom ɖe dzi, eye woakɔ nye alɔ ɖe dzi azɔ.
11 你們所懷的是枯草,所生的是碎湝;我的氣息有如火燄,必將你們焚盡!
Atsakiti nye fu nèfɔ, eye nèdzi gbe ƒuƒu. Wò gbɔgbɔ nye dzo si fia wò.
12 萬民將被焚燒,有如石灰,又如斬斷的荊棘燬於火中。
Woafiã abe akalo ene, eye woatɔ dzo wo abe ŋuve si wolã kɔ ɖi ene.”
13 遠方的人要聽到我的作為,近處的人要嘗試我的能力!」
Mi ame siwo le adzɔge, mise nu si mewɔ. Mi ame siwo tso kpuiƒe, mide dzesi nye ŋusẽ!
14 熙雍的罪人戰兢害怕,不法之徒為恐懼所攫:「我們中誰能與吞噬的烈火同居﹖我們中誰能與不滅的烈燄共處﹖」
Ŋɔdzi lé nu vɔ̃ wɔla siwo le Zion, eye vɔvɔ̃ dze Mawumavɔ̃lawo dzi, wobia be, “Mía dometɔ kae anɔ te ɖe dzobinu la nu? Mía dometɔ kae anɔ anyi ɖe dzo mavɔ̃ sia me.”
15 那行走正道,出言真誠的,鄙棄欺詐入息的,搖手不受賄賂的,充耳不聞流血陰謀的,閉眼不看邪惡的:
Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me, eye wògblɔa nu si le eteƒe, ame si tsri viɖe si wokpɔ to amebaba me, eye mexɔa zãnu o, ame si xe eƒe towo be magase hlɔ̃donyawo o, ame si mia eƒe ŋkuwo be makpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ o.
16 這樣的人要居高處,巖石上的保壘將作他的保障,他的食物有人供應,他的水可得保全。
Esiae nye ame si anɔ kɔkɔƒe, eye eƒe bebeƒe anye mɔ sesẽ si le towo tame. Akpɔ abolo aɖu ɖaa, eye tsinono mahiãe o.
17 你必要舉目瞻仰具有華美的君王,要遙望幅員廣闊的地帶。
Wò ŋkuwo akpɔ fia la le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo gã me, eye àkpɔ anyigba keke la le adzɔge.
18 你的心追憶起已往的恐怖時,要說:「登記的人員在那裏呢﹖量銀的人員在那裏呢﹖數點城堡的人又在那裏呢﹖」
Àbu ŋɔdzinu siwo nèwɔ va yi le wò susu me be, “Afi ka amegã ma le? Afi ka ame si dzɔa adzɔga la le? Afi ka amegã si kpɔa gbetakpɔxɔwo dzi la le?”
19 你再見不到那野蠻的民族,即言語深邃而難以領悟,說話口吃而不易理喻的民族。
Màgakpɔ ɖokuiŋudzela mawo azɔ o, ame siwo fiana, eye woƒe nuƒo gɔme menyasena o.
20 你將觀看熙雍,我們集會的城邑;你的眼將見到耶路撒冷,安全的寓所,不動搖的帳幕;她的木樁永不能拔出,她所有的繩索也不能拉斷。
Wò ŋku nenɔ Zion dzi. Du si me mieɖua miaƒe ŋkekenyuiwo le; wò ŋkuwo akpɔ Yerusalem, ŋutifafaƒe kple agbadɔ si womaɖe ɖa akpɔ o. Womaho eƒe tsyotiwo le tome alo alã ka siwo wohe ɖe wo ŋuti o.
21 榮耀的上主在那裏將作我們的巨川大河,沒有舟楫往來其間,也沒有遊艇划過。
Afi mae Yehowa, le eƒe ŋutikɔkɔe me, anye míaƒe Ŋusẽtɔ le. Anɔ abe teƒe si tɔ gbadzawo kple tɔʋuwo le la ene. Tɔdziʋu siwo wokuna kple tablu la, made afi ma o eye meli gã aɖeke hã mato edzi ayi o,
22 它的繩索鬆弛了,沒有穩固桅杆的力量,也沒有扯起船帆的力量。
elabena Yehowae nye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la. Yehowae nye ame si wɔ sewo na mí, eye Yehowae nye míaƒe fia. Eyae nye ame si aɖe mí.
23 因為上主是我們的判官,上主是我們的立法者,上主是我們的君王,他必拯救我們。
Wò abaladokawo me gbɔdzɔ; womebla wò abaladotiawo sesĩe o; ale wò abalawo me meke o, eya ta woama afunyinu gbogboawo, eye tekunɔwo gɔ̃ hã atsɔ nuhahawo adzoe.
24 那時,瞎子要分得許多戰利品,瘸子要取得擄獲物。 沒有一個居民再會說:「我病了。」住在那裏的人必將獲得罪赦。
Ame siwo le Zion la dometɔ aɖeke magblɔ be, “Mele dɔ lém” o, eye woatsɔ ame siwo le afi ma la ƒe nu vɔ̃wo ake wo.

< 以賽亞書 33 >