< 以賽亞書 31 >
1 禍哉,那些南下埃及求救,依靠戰馬,信賴他們戰車眾多,依恃他們鐵騎驍勇,而不仰望以色列的聖者,也不求問上主的人!
Baba na ame siwo ƒu du yi ɖe Egipte be woaxɔ na yewo; ame siwo ɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe woƒe tasiaɖam gbogboawo ŋu, hetsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de sɔdolawo ƒe ŋusẽ triakɔ la me. Ke womeɖo ŋu ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu loo alo be yewoabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu o.
2 但是上主仍然能降下災禍,他決不收回自己的言語;他必要起來攻擊惡人的家,攻擊助人作惡的人。
Ke nunyala vavã eya hã nye, eye wòate ŋu ahe gbegblẽ vɛ. Magbe nya si wògblɔ la dzi wɔwɔ o. Atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe ŋuti kple ame siwo kpena ɖe nu tovo wɔlawo ŋuti la ŋu.
3 埃及人是人,並不是神;他們的戰馬是血肉,並不是靈;只要上主一伸手,施助的人必將仆倒,受助的人必要顛覆:二者同歸於盡。
Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo ko wonye, menye Mawu wonye o. Woƒe sɔwo nye ŋutilã, ke menye gbɔgbɔ o. Ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le ame si na kpekpeɖeŋu la te; ame si ŋu wòkpe ɖo la hã amu adze anyi, eye wo kple eve la katã atsrɔ̃.
4 因為上主曾這樣對我說:「猶如壯獅或幼獅為了獵物而怒吼,即使召集許多牧人攻擊牠,牠並不因他們的叫囂而畏懼,也不因他們的喧嚷而驚慌;同樣,萬軍的上主必要降下,為熙雍和她的丘嶺作戰。
Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Abe ale si dzata alo dzatavi tea gbee ne elé nu, eye togbɔ be woyɔa alẽkplɔlawo ƒe ha katã ɖe eŋu, gake woƒe ɣlidodo medoa ŋɔdzi nɛ o, woƒe hoowɔwɔ hã meɖia naneke nɛ o ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖi va anyi ne wòawɔ aʋa le Zion to la kple eƒe to kɔkɔwo dzi.
5 有如飛鳥展翼護雛,萬軍的上主也要這樣扞衛耶路撒冷,加以保護、拯救、憐恤、保存。」
Abe ale si xeviwo saa agbae le yame ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsyɔ nu Yerusalem dzie ahaxɔ nɛ. Ato etame ayi eye wòaɖee.”
O! Israelviwo, mitrɔ va ame si ŋu miedze aglã ɖo vevie la gbɔ,
7 因為到那一天,人人必要拋棄自己的銀偶像和金偶像,即你們以污穢的手所製造的。
elabena gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe agbe nu le klosalogba kple sikalegba siwo miaƒe asiwo wɔ hena nu vɔ̃ wɔwɔ la gbɔ.
8 亞述必將傾覆於超人的刀下,超人的刀必將吞噬她;她將由刀劍面前逃走,她的壯丁必要充作苦役。
“Asiria atsi yi si menye amegbetɔ tɔ o la nu; yi si menye kodzogbeawo tɔ o lae atsrɔ̃ wo. Woasi le yi nu, ke woalé woƒe ɖekakpuiwo woawɔ dɔ dzizizitɔe.
9 她的磐石由於震驚必要逃避,她的王侯,由於恐慌必將放棄軍旗:這是在熙雍有火,在耶路撒冷有爐的上主的斷語。
Ŋɔdzi ana woƒe mɔ sesẽwo namu; ne wokpɔ aʋaflaga la ko la, dzidzi aƒo woƒe aʋakplɔlawo.” Yehowa, ame si ƒe dzo le bibim le Zion, eye eƒe kpodzo le Yerusalem lae gblɔe.