< 以賽亞書 29 >

1 禍哉,阿黎耳,阿黎耳,達味駐紮過的城!任憑一年復一年,任憑節期的循環,
Baba na wò, Ariel, Ariel du gã, si me David nɔ. Tsɔ ƒe kpe ɖe ƒe ŋu, eye na wò azãɖuɖuwo nanɔ edzi yim ɖaa.
2 我必圍困阿黎耳,那裏將發生呻吟和悲嘆。你於我必像一個「阿黎耳。」
Maƒu kpo ɖe Ariel ŋu, afa konyi, axa nu, ekema anɔ nam abe vɔsamlekpui si ƒo ʋu la ene.
3 我要如達味一樣紮營圍攻你,以保壘包圍你,築起高台攻擊你。
Maƒu asaɖa anyi aƒo xlã wò godoo. Matu gbetakpɔxɔ sesẽwo aƒo xlã wòe, eye maɖe ʋe ɖe ŋuwò.
4 你將降低,要由地下說話,你微弱的言語出自塵土。你的聲音有如幽魂的聲音出於地下,你的言語低聲地出自塵土。
Woaɖiɖi wò ɖe anyi, eye àƒo nu tso anyigba ƒe tume. Wò nuƒoƒo aɖi hɔlɔhɔlɔ le ke me. Wò gbe aɖi tso anyigba ƒe tume abe ŋɔli tɔ ene, eye tso ke me, wò nuƒoƒo aɖi abe dalĩ dom wole ene.
5 那殘害你的人,將多得有如微細的塵沙;那對你施虐的,將多得有如飛揚的糠屑。但是,忽然,轉瞬之間,
Wò futɔ gbogboawo anɔ abe kewɔ memi ene, eye ŋutasẽlawo ƒe ha anɔ abe tsro si ya lɔ ɖe nu la ene; kasia zi ɖeka kpoyi,
6 萬軍的上主將帶著雷霆、地震、巨響、颶風、暴風如吞噬的火燄來眷顧你。
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ava kple dziɖegbe, anyigbaʋuʋu kple gbeɖiɖi gã aɖe. Yaƒoƒo sesẽ, ahom kple dzo ƒe aɖe siwo biaa nu akpe ɖe eŋuti.
7 那許多攻擊阿黎耳的民族,所有攻擊她並豎起保壘包圍她的人們,都要成為一場夢境,有如夜間的異象。
Dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Ariel ŋu va dze eya ŋutɔ kple eƒe mɔ sesẽwo dzi, eye wòƒu kpo ɖe eŋu la, anɔ abe drɔ̃e alo ŋutega le zã me ene.
8 如同飢者夢中得食,及至醒來,仍然枵腹;又有如渴者夢中飲水,及至醒來,依舊疲憊,心裏仍有所欲:那攻擊熙雍山的各種民族,也將如此。
Abe ale si dɔwuitɔ kua drɔ̃e be yele nu ɖum ene, ke ne enyɔ la, dɔwuame ganɔa anyi, eye abe ale si ame si wum tsikɔ le la kua drɔ̃e be yele tsi nom, ke ne enyɔ la, tsikɔ ganɔa ewum vevie ene la, nenema ke wòanɔ na dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Zion to la ŋuti.
9 你們都在自我愚弄而愚蠢,你們都在自我蒙蔽而迷矇;你們沉醉,不是出於清酒;你們蹣跚,不是出於烈酒;
Miɖo asi nu, eye newɔ nuku na mi. Mitre ŋku, eye mizu ŋkugbagbãtɔwo. Mimu aha, ke menye wain o, minɔ ya mum, ke menye aha sesẽe o.
10 而是由於上主將沉睡的神注在你們身上,封閉了你們的眼睛【即先知們,】蒙上了你們的頭顱【即先見們。】
Yehowa na alɔ̃ sesẽ aɖe dze mia dzi. Eyae tre mi nyagblɔɖilawo ƒe ŋkuwo, eye wòtsyɔ nu ta na mi nukpɔlawo.
11 所有的異像為你們都像是封住的書中的話;若交給識字的人說:「請讀這書!」他將答說:「我不能,因為這書是封著的;」
Ke hena miawo ya la, ŋutega sia katã menye naneke o; negbe nya siwo woŋlɔ ɖe lãgbalẽ dzi hetre enu la koe wònye. Ne mietsɔ lãgbalẽ si dzi woŋlɔ nua ɖo la na ame si ate ŋu axlẽ nu hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, xlẽ nu sia nam la,” aɖo eŋu be, “Nyemate ŋui o, elabena wotre enu.”
12 若將這書交給一個文盲說:「請讀這書!」他將答說:「我不識字!」
Alo ne mietsɔ agbalẽ la na ame si mate ŋu axlẽ nu o hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku xlẽ nu sia nam” la, aɖo eŋu be, “Nyemenya agbalẽxexlẽ o.”
13 吾主說:「因為這民族祇在口頭上親近我,嘴唇上尊崇我,他們的心卻遠離我,他們對我的敬畏僅是人們所傳習的訓誡。
Ale Aƒetɔ la gblɔ nye esi, “Ame siawo te va gbɔnye kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nyawo de bubu ŋunye, ke woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye. Subɔsubɔ si wotsɔna nam la nye amegbetɔwo ƒe nuɖoɖo siwo wofia wo,
14 所以,看哪!我要向這民族再行奇事,最奇妙的事,致使他們智者的智慧必要消失,他們賢者的聰明必要隱遁。人算不如天算。
eya ta magana ame siawo ƒe mo nagawɔ yaa kple nukunuwo ƒe nukunu. Nunyalawo ƒe nunya nu ava ayi, eye gɔmesese abu ɖe nugɔmeselawo.”
15 禍哉,逃避上主而力圖掩蔽自己計劃的人!禍哉,那些在暗中行事並說:「有誰看見我們,有誰知道我們的人!」
Baba na ame siwo wɔa nu si woate ŋui be woaɣla woƒe aɖaŋudedewo ɖe Yehowa; ame siwo wɔa woƒe dɔwo le viviti me hegblɔna be, “Ame kae kpɔ mi? Ame kae anya?”
16 你們多麼顛倒事理!豈能看陶工如泥工﹖製造品豈能論製造者說:「他沒有製造我﹖」陶器豈能論陶工說:「他不精明﹖」
Mietrɔ gbo nu sia nu, eye miebu zemela abe anyi si wòtsɔ le ze mem la ene! Ɖe ze agblɔ na zemela be. “Mènya naneke oa?”
17 誠然,再稍過片刻,黎巴嫩即將變成果園,果園將被視為果林。
Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, ɖe Lebanon mazu anyigba si nyoa nuku, eye anyigba si nyoa nuku la natrɔ azu ave oa?
18 到那一日,聾者將聽到書上的話,盲人的眼將由幽暗晦暝中得以看見;
Gbe ma gbe la, tokunɔwo anɔ abe agbalẽa me nyawo ene, eye tso blukɔ kple viviti me, ŋkugbagbãtɔwo akpɔ nu.
19 弱小的人將在上主內再得歡樂,貧困的人將因以色列的聖者而喜悅,
Agava eme be hiãtɔwo akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye ame dahewo akpɔ dzidzɔ ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu.
20 因為暴虐者已經絕跡,輕蔑者已經滅亡,一切思念邪惡的人已經剷除:
Ŋutasẽlawo nu ava yi, fewuɖulawo maganɔ anyi o, eye woatsrɔ̃ ame siwo katã kpɔa dzidzɔ le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu,
21 就是那些使人在訴訟上失敗,在城門口布置羅網陷害判官,用假理由屈枉義人的人。
ame siwo tsɔa nya dea ame nya me wòzua agɔdzela, ame si trea mɔ na ametaʋlila le ʋɔnu, eye wòtsɔa aʋatsoɖaseɖiɖi dea ame dzɔdzɔe nya mee.
22 因此拯救亞巴郎的天主論雅各伯的家這樣說:「雅各伯今後不再慚愧,他的面貌不再失色,
Eya ta ale Yehowa, ame si ɖe Abraham, gblɔ na Yakob ƒe aƒe lae nye esi, “Ŋu magakpe Yakob azɔ o. Woƒe mo magatsi dãa o.
23 因為人們看見了我手在他們中所有的工作,必稱頌我名為聖,必稱頌雅各伯的聖者為聖,必敬畏以色列的天主。
Ne wokpɔ wo viwo le wo dome; nye asinudɔwɔwɔwo la, woalé nye ŋkɔ kɔkɔe la me ɖe asi. Woade dzesi Yakob ƒe kɔkɔetɔ la ƒe kɔkɔenyenye, eye woavɔ̃ Israel ƒe Mawu la.
24 心內迷亂的人將要獲得知識,怨尤的人必學得教誨。」
Ame siwo dze aglã le gbɔgbɔ me la, gɔmesese asu wo si, eye tosẽlawo axɔ nufiafia.”

< 以賽亞書 29 >