< 以賽亞書 24 >

1 看!上主使大地空虛,使它變為荒涼,翻轉它的面目,使它的居民四散:
Kpɔ ɖa, Yehowa le anyigba la tsrɔ̃ ge, eye wòawɔe wòazu gbegbe. Ele anyigba la ƒe ŋkume gblẽ ge, eye woakaka edzinɔlawo.
2 那時怎樣對百姓,也怎樣對司祭;怎樣對僕人,也怎樣對主人;怎樣對婢女,也怎樣對主母;怎樣對主顧,也怎樣對商賈;怎樣對債戶,也怎樣對債主;怎樣對貸方,也怎樣對借方。
Anɔ alea na nunɔlawo kple amehawo, na aƒetɔ kple dɔlaŋutsu, na aƒenɔ kple dɔlanyɔnu, nudzrala kple nuƒlela, na ame si doa nugbana kple nugbanadola, na fetɔ kple fenyila.
3 大地必要完全荒廢,慘遭浩劫,因為上主這樣定了。
Woaɖi gbɔlo anyigba la ƒiaƒiaƒia, eye woahae keŋkeŋ. Yehowae gblɔ nya sia.
4 大地痛哭哀傷,世界衰頹零落,上天與下地一同衰頹。
Anyigba la aƒu, eye edzinuwo ayrɔ. Nu ati kɔ na xexea me katã, eye nu gbagbewo ayrɔ ɖe tsitrenu. Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi le anyigba dzi la hã axa nu.
5 大地在居民腳下已被玷污,因為他們越規犯法,破壞了永久的盟約。
Anyigbadzinɔlawo do gu anyigba la, woda le sewo kple ɖoɖowo dzi, eye wotu nubabla mavɔ la,
6 為此詛咒吞噬了大地,其中的居民受了罪罰;為此地上的居民受了折損,剩下來的人數極少。
eya ta fiƒode anye atsyɔ anyigba la dzi, eye edzinɔlawo ƒe vodadawo ava woƒe ta dzi. Esia ta anyigbadzinɔlawo fia, eye ame ʋɛ aɖewo koe susɔ.
7 新酒哀傷,葡萄凋殘;心情愉快的,都長聲嘆息!
Wain yeyewo vɔ ƒiaƒiaƒia, wainkawo yrɔ, eye dzidzɔkpɔlawo katã le tse ɖum.
8 小鼓的喜樂已停止,歡笑的喧嚷已終結,琴瑟的喜樂已止息。
Axatsɛ siwo ƒe gbe me kɔ la hã zi ɖoɖoe, Màgase dzidzɔkpɔlawo ƒe hoowɔwɔ o. Kasaŋku siwo ɖina kple dzidzɔ la hã zi ɖoɖoe.
9 人不再飲酒作樂,喝了濃酒的反覺酸苦!
Womegatsɔa hadzidzi noa wain o, eye aha sesẽ hã ve le nu me na enolawo
10 空虛的城市已破殘,家家戶戶都已關門閉戶!
Du gbagbã la zu aƒedo, eye wotu aƒe ɖe sia ɖe ƒe agbo.
11 廣場上有人為酒而嗟歎,萬般娛樂已闌盡,大地的喜樂遭放逐!
Wole ɣli dom le wain dim le mɔtatawo dzi kple ŋkubiã. Dzidzɔkpɔkpɔwo katã trɔ zu blanuiléle, eye vivisesewo katã bu le anyigba la dzi.
12 城中所留的只是淒涼,門戶被打得粉碎!
Du la zu aƒedo, eye wokaka eƒe agbowo.
13 誠然,大地間萬民中,必像打過的橄欖樹,或如收割葡萄後所餘的殘粒。
Alea wòanɔ le anyigba la dzi kple dukɔwo dome. Anɔ abe amiti si dzi wogbe kutsetsewo katã vɔ le alo abe wainka si dzi wogbe wain tsetsewo le hegble kutsetse wuwlui aɖewo ko ɖo la ene.
14 他們要提高聲音歌頌上主的尊嚴:「萬民啊! 你們歡呼罷!
Ame ʋɛ siwo susɔ la kɔ gbe dzi hedo dzidzɔɣli; tso ɣetoɖoƒe woɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye,
15 你們在東方的,應頌揚上主!住在海島上的,應頌揚上主,以色列的天主的名!
eya ta mi, ɣedzeƒetɔwo, mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa; mido Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ɖe dzi le ƒukpowo dzi.
16 我們從地極聽到了歌聲:光榮屬於正義者。」然而我說:「我有禍了!我有禍了!我好可憐!反叛的仍在反叛,反叛的仍在極力的反叛!」
Tso anyigba ƒe mlɔea nu ke, miese ha ƒe ɖiɖi be, “Ŋutikɔkɔe woana Dzɔdzɔetɔ la.” Ke megblɔ be, “Evɔ nam, evɔ nam, baba nam. Wodem asi! Ametatrɔlawo dem asi!”
17 地上的居民啊!恐怖、陷阱、羅網,都聚集在你身上。
O! Mi anyigbadzitɔwo, ŋɔdzi, ʋe globo kple kamɔ le mia lalam.
18 那逃得了恐怖聲音的,必要落在陷阱裏;那由陷阱中跳出來的,必要落在羅網中! 的確,天上閘門已開放,大地基礎已動盪。
Ame si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me; ame si dze agbagba do le ʋe globo la me la, kamɔ aɖee, elabena dziƒo ƒe fesrẽwo ʋu, eye anyigba ƒe agunu ʋuʋu.
19 大地必將粉碎又粉碎,大地必將崩裂又崩裂,大地必將動搖又動搖!
Anyigba wó, anyigba fe kpla, anyigba ʋuʋu sesĩe.
20 大地必東搖西晃,有如一個醉漢,搖盪得好比一座帳幕;自己的罪惡又重壓在上面,倒塌了不能再起!
Anyigba le mumum sɔgɔsɔgɔ abe ahanomunɔtɔ ene, ele ʋuʋum abe agbadɔ si me ya ɖo ene, elabena anyigbadzinɔlawo ƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃wo le ekpem ale gbegbe be adze anyi, eye magafɔ gbeɖe o.
21 到那一天,上主要在高天審視天上所有的軍旅,要在下地察考地上所有的君王。
Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa ahe to na ŋusẽ siwo le dziƒonutowo me kple fia siwo le anyigba dzi.
22 他們將被聚集起來,關在深坑內,監禁在監牢裏;待過了許多時日,將受懲罰。
Woaƒo wo nu ƒu abe gamenɔla siwo le gaxɔ globo me ene. Woanɔ gaxɔ me, eye woahe to na wo le ŋkeke geɖe megbe.
23 那時,月亮要臉紅,太陽要羞慚,因為萬軍的上主要 在熙雍山上,要在耶路撒冷為王,在他的長老面前要備受頌揚。
Ŋu akpe ɣe, eye ɣleti ƒe mo awɔ yaa, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖu fia le ŋutikɔkɔe me le Zion to la dzi kple Yerusalem le eƒe dumegãwo ŋkume.

< 以賽亞書 24 >