< 以賽亞書 2 >
1 阿摩茲的兒子依撒意亞關於猶大和耶路撒冷所見的事情:
Esiae nye gbedeasi bubu si Yesaya, Amoz ƒe vi la, xɔ tso Yehowa gbɔ, tso Yuda kple Yerusalem ŋuti.
2 到末日,上主的聖殿山必要矗立在群山之上,超乎一切山岳,萬民都要向它湧來。
Le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi ɖe eƒe to la dzi, be wòanye to si aƒo towo katã ta, woakɔe ɖe dzi wòagbɔ togbɛwo katã ta, eye xexemedukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.
3 將有許多民族前去,說:「來!我們攀登上主的聖山,往雅各伯天主的殿裏去!他必指示我們他的道路,教給我們循行他的途徑。因為法律將出自熙雍,上主的話將出自耶路撒冷。」
Ame geɖewo ava agblɔ be, “Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi, míage ɖe Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la me; afia eƒe mɔwo mí be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.
4 他將統治萬邦,治理眾民;致使眾人都把自己的刀劍鑄成鋤頭,將自己的槍矛製成鐮刀;民族與民族不再持刀相向,人也不再學習戰鬥。
Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome, eye wòadzra ame geɖewo dome ɖo. Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ̃ gobɛwoe. Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.
O! Yakob ƒe aƒe, na miazɔ le Yehowa ƒe kekeli me.
6 是的!上主拋棄了自己的百姓──雅各伯家族──因為他們充滿了術士和占卜者,有如培肋舍特人一樣,且與異民握手言歡。
Ègbe nu le wò amewo, Yakob ƒe aƒe gbɔ, elabena woyɔ fũu kple ɣedzeƒetɔwo ƒe subɔsubɔwo. Wokaa afã abe Filistitɔwo ene, eye wokpea asi ɖe trɔ̃subɔlawo ŋu le woƒe subɔsubɔwo me.
7 他們的地域充滿了金銀,財寶不可估計;他們的地域充滿了馬匹,戰車不可勝數。
Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple klosalo kple sika, eye seɖoƒe meli na woƒe kesinɔnuwo o. Sɔwo bɔ ɖe woƒe anyigba dzi, eye seɖoƒe meli na woƒe tasiaɖamwo o.
8 遍地都是偶像,人人崇拜自己手做的東西,崇拜自己手指的造像。
Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple legbawo, wodea ta agu na woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo, eye wodzea klo na nu siwo woƒe asibidɛwo wɔ,
eya ta woaɖiɖi ame ɖe anyi eye woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi, mègatsɔe ke wo o.
10 當上主起來震撼大地時,你要潛入巖穴,躲在土中,為逃避上主的威嚇和他顯赫的光輝。
Miyi ɖe ŋɔdzigadowo me, mibe ɖe anyigba ƒe tume tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe ŋutikɔkɔe gbɔ!
11 目空一切的人必被抑制,性情高傲的人必被屈服:那一日,唯有上主受尊崇。
Woaɖiɖi ŋkugãtolawo katã ɖe anyi, eye woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi.
12 因為萬軍的上主必有一日,要攻擊所有驕矜自誇和自高自大的人,並加以抑制。
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ɖo ŋkeke ɖi na dadalawo kple ɖokuiŋudzelawo kple nu siwo katã wodo ɖe dzi la (elabena woabɔbɔ wo ɖe anyi).
13 必要攻擊黎巴嫩的一切高大香柏樹和巴商的一切樟樹;
Woabɔbɔ Lebanon ƒe sedati kɔkɔ tsralawo kple Basan ƒe logotiwo ɖe anyi.
Woabɔbɔ to kɔkɔwo kple tɔgbɛ kɔkɔwo katã ɖe anyi;
woabɔbɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔwo kple gli sesẽwo ɖe anyi,
eye woabɔbɔ Tarsis ƒe asitsameliwo kple tɔdziʋu gãwo katã ɖe anyi.
17 人的傲慢必被屈服,人的驕矜必被抑制:那一日唯有上主受尊崇。
Woabɔbɔ amewo ƒe ɖokuidodoɖedzi kple dada ɖe anyi. Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi gbe ma gbe,
eye woaɖe legbawo katã ɖa keŋkeŋ.
19 當上主起來震撼大地時,你們應潛入巖洞,躲在土穴中,為逃避上主的威嚇和顯嚇的光輝。
Ne Yehowa tso be yeaʋuʋu anyigba la, amewo asi age ɖe agadowo me le kpewo tome kple dowo me le anyigba ƒe tume, le eƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ ta.
20 那一日,人必將為自己製造來崇拜的銀像和金像,拋給鼴鼠和蝙蝠,
Le ŋkeke ma dzi la, amewo atsɔ woƒe klosalolegba kple sikalegba siwo wosubɔna la aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo.
21 以便在上主起來震撼大地的時候,逃避上主的威嚇和他顯赫的光輝,而隱藏在磐石的孔洞裏和巖石的隙縫中。
Woasi ayi ɖe agadowo kple kpewo tome kpakple agakpe kɔkɔwo tame be woasi le Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃nu, ne etso be yeaʋuʋu anyigba.
22 你們不要依恃人,因為他只有一口氣在鼻孔裏,他可算得什麼﹖
Amegbetɔ nye nu gblɔe: ele gblɔe abe eƒe gbɔgbɔ si le ŋɔtime nɛ ene! Nu ka ta nàtsɔ wò mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi?