< 何西阿書 1 >

1 [前編:歐瑟亞結婚的意義]一:烏齊雅、約堂、[阿哈次和希則克亞]為猶大王,約阿士的兒子雅洛貝罕為以色列王時,上主有話傳給貝厄黎的兒子歐瑟亞。
Esiawoe nye gbedeasi siwo va na Hosea, Beeri ƒe vi la le Yuda fia ene siawo ŋɔli: Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia. Le ɣeyiɣi sia me ke Yoas ƒe vi Yeroboam nye fia le Israel.
2 上主開始藉歐瑟亞發言時,上主對歐瑟亞說:「你去娶一個娼婦為妻,讓她生淫亂的子女,因為此地淫亂放蕩,背離了上主。」
Gbedeasi gbãtɔe nye esi: Yehowa gblɔ na Hosea be, “Yi nàɖe ɖetugbi aɖe si nye gbolo, ale be vi siwo wòadzi na wò la, woanye ahasiviwo. Esia aɖe alakpanu siwo wɔm nye dukɔ la le ɖe ŋutinye la afia, wowɔ ahasi to mawu bubuwo subɔsubɔ me, eye wotrɔ le Yehowa yome.”
3 歐瑟亞便去娶了狄布拉因的女兒默爾為妻;她懷孕,給他生了一個兒子。
Ale Hosea yi ɖaɖe Gomer, Dioblaim ƒe vinyɔnu, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ.
4 上主對歐瑟亞說:「你要給他起名叫依次勒耳,因為過不久,我要向耶胡家追討依次勒耳的血債,要消滅以色列家的王室。
Eye Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Yezreel, elabena madidi o la, mahe to na Yehu ƒe aƒe la le ʋu si wokɔ ɖe anyi le Yezreel ta, eye matsi Israel ƒe fiaɖuƒe la nu.
5 到那一天,我必要在依次勒耳山谷折斷以色列的弓。」
Gbe ma gbe la, magbã Israel ƒe ŋusẽ le Yezreel ƒe balime.”
6 哥默爾再懷孕,生了一個女兒,上主對歐瑟亞說:「你要給她起名叫羅魯阿瑪 (不受愛憐者,) 因為我不再愛憐以色列家,以致我不再寬宥他們。
Sẽe kple sẽe la, Gomer gafɔ fu, eye wòdzi nyɔnuvi. Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loruhama, si gɔmee nye, ‘Nyemagakpɔ nublanui nɛ o,’ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel, atsɔ vɔ̃ akee o,
7 但我要愛憐猶大家族,要拯救他們,因為我上主是他們的天主;但是我不以弓、弩、刀劍、戰爭、戰馬和騎士拯救他們。
gake makpɔ nublanui na Yuda. Nye ŋutɔ mawɔ aʋa kple woƒe futɔwo, aɖe wo le woƒe asi me, gake menye to dati, yi, aʋawɔnuwo, sɔ kple sɔdolawo dzi o, ke boŋ to Yehowa, woƒe Mawu la dzi.”
8 羅魯阿瑪斷奶之後,哥默爾又懷孕,生了一個兒子。
Esi Gomer tso no na Loruhama vɔ la, egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi.
9 上主說:「你給他起名叫羅阿米 (非我人民),因為你們已不是我的人民,我已也不是你們的的上主。」
Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loami, si gɔmee nye, ‘Menye tɔnyee o,’ elabena Israel menye tɔnye o, eye nye hã nyemenye eƒe Mawu o.
10 以色列子民的數目將如海邊的沙粒,不可斗量,不可勝數;在那裏人曾對他們說:「你們不是我的人民。」在那裏人也要對他們說:「你們是永生天主的人民。」
“Ɣeyiɣi li gbɔna esi Israel akpɔ dzidzedze, azu dukɔ gã aɖe; le ɣe ma ɣi me la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, elabena woasɔ gbɔ abe ƒutake ene! Ale be, le esi megblɔ na wo be, ‘Mienye nye dukɔ o’ teƒe la, magblɔ na wo be, ‘Mienye vinyewo, Mawu Gbagbe la ƒe viwo.’
11 猶大子民和以色列子民將在一起,要為自己選定一個首領;他們要由此地擴展,因為依次勒耳的日子要成為偉大的。
Ekema Yudatɔwo kple Israelviwo awɔ ɖeka, eye woaɖo fia ɖeka; wo katã woatrɔ tso aboyome ɖekae, eye Yezreel ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe ŋutɔ.”

< 何西阿書 1 >