< 創世記 9 >
1 天主祝福諾厄和他的兒子們說:「你們要滋生繁殖,充滿大地。
Mawu yra Noa kple viawo, eye wògblɔ na wo be, “Midzi ne miasɔ gbɔ ayɔ anyigba blibo la dzi.”
2 地上的各種野獸,天空的各種飛鳥,地上的各種爬蟲和水中的各種游魚,都要對你們表示驚恐畏懼:這一切都已交在你們手中。
Vɔvɔ̃ aɖo anyigbadzilãwo katã kple dziƒoxevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe si tana kple ƒumelãwo katã ɖe mia ŋu, eye metsɔ wo de asi na mi.
3 凡有生命的動物,都可作你們的食物;我將這一切賜給你們,有如以前賜給你們蔬菜一樣;
Nu sia nu si le agbe, eye woʋãna la anye nuɖuɖu na mi. Abe ale si metsɔ amagbewo na mi kpɔ ene la, nenema ke mele nu sia nu tsɔm le asi dem na mi fifia.
“Ke mele be miaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o.
5 並且,我要追討害你們生命的血債:向一切野獸追討,向人,向為弟兄的人,追討人命。
Mabia akɔnta mi tso ʋu si le mia me la ŋu. Mabia akɔnta tso lã sia lã ŋu, eye mabia akɔnta ame sia ame hã tso nɔvia ƒe agbe ŋu.
6 凡流人血的,他的血也要為人所流,因為人是照天主的肖像造的。
“Ame sia ame si akɔ ame ƒe ʋu ɖi la, ame akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi, elabena Mawu ƒe nɔnɔme me Mawu wɔe ɖo.
Ɛ̃, midzi ne miasɔ gbɔ fũu, mikpe xexe blibo la me ɖo, eye miaɖu edzi.”
Mawu gblɔ na Noa kple via ŋutsuwo be,
“Azɔ la, mebla nu kple wò kple wò dzidzimeviwo
10 並與同你們在一起的一切生物:飛鳥、牲畜和一切地上野獸,即凡由方舟出來的一切地上生物立約。
kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe si nɔ gbɔwò, xeviawo, aƒemelãawo, lã wɔadãawo katã, nu sia nu si do go tso aɖakaʋu la me kple wò, nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi.
11 我與你們立約:凡有血肉的,以後決不再受洪水湮滅,再沒有洪水來毀滅大地。」
Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o.
12 天主說:「這是我在我與你們以及同你們在一起的一切生物之間,立約的永遠標記:
Metsɔ dzesi sia tre nubabla sia nu:
13 我把虹霓放在雲間,作我與大地之間立約的標記。
Metsɔ nye anyieʋɔ de lilikpowo me abe nye nubabla ƒe dzesi na wò kple anyigbadzitɔwo katã ene va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.
Ne mena lilikpowo tsyɔ anyigba dzi la, woakpɔ anyieʋɔ le lilikpoawo me,
15 那時我便想起我與你們以及各種屬血肉的生物之間所立的盟約:這樣水就不會再成為洪水,毀滅一切血肉的生物。
ekema maɖo ŋku nye nubabla kpli wò kple nu gbagbe ɖe sia ɖe dzi be tsiɖɔɖɔ magava atsrɔ̃ nu gbagbewo azɔ o.
16 幾時虹霓在雲間出現,我一看見,就想起在天主與地上各種屬血肉的生物之間所立的永遠盟約。」
Ɣe sia ɣi si anyieʋɔ ado ɖe lilikpo me la, makpɔe, eye maɖo ŋku nubabla mavɔ si le Mawu kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi dome la dzi.”
17 天主對諾厄說:「這就是我在我與地上一切有血肉的生物之間,所立的盟約的標記。」
Eye Mawu gblɔ na Noa be, “Esiae nye nubabla si mewɔ kple nu gbagbe siwo katã le xexea me la ƒe dzesi.”
18 諾厄的兒子由方舟出來的,有閃、含、和耶斐特。含是客納罕的父親。
Noa ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwoe nye Sem, Ham kple Yafet. (Ham nye Kanaantɔwo fofo.)
19 這三人是諾厄的兒子;人類就由這三人分布天下。
Amegbetɔƒome blibo la do tso Noa ƒe viŋutsu etɔ̃ siawo me.
Noa, ame si nye agbledela la de waingble.
21 一天他喝酒喝醉了,就在自己的帳幕內脫去了衣服。
Esi wòno wain la ƒe ɖe la, emu aha, eye wòɖe amama mlɔ anyi ɖe eƒe agbadɔ me.
22 客納罕的父親含看見了父親赤身露體,遂去告訴外面的兩個兄弟。
Ham, ame si nye Kanaantɔwo fofo la kpɔ fofoa ƒe amame, eye wòyi ɖagblɔe na nɔvia eveawo.
23 閃和耶斐特二人於是拿了件外衣,搭在肩上,倒退著走進去,蓋上父親的裸體。他們的臉背著,沒有看見父親的裸體。
Ale Sem kple Yafet lé avɔ aɖe ɖe abɔta, trɔ kɔ ɖe adzɔge, zɔ megbemegbe yi avɔgbadɔ la me, eye wotsɔ avɔ la tsyɔ na wo fofo.
Esime Noa ƒe ŋkume kɔ, eye wòse nu si Via ŋutsu suetɔ wɔ ɖe eŋu la,
25 就說:「客納罕是可咒罵的,給兄弟當最下賤的奴隸。」
egblɔ be, “Woaƒo fi ade Kanaan; ànye kluvi gblɔetɔ na nɔviwòwo.”
26 又說:「上主,閃的天主,應受讚美,客納罕應作他的奴隸。
Eyi edzi be, “Woayra Yehowa, Sem ƒe Mawu. Kanaan nazu kluvi na Sem.
27 願天主擴展耶斐特,使他住在閃的帳幕內;客納罕應作他的奴隸。」
Mawu nekeke Yafet ƒe anyigba ɖe edzi. Yafet nanɔ Sem ƒe agbadɔwo me, eye Kanaan nanye eƒe kluvi.”
Noa ganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ blaatɔ̃ le tsiɖɔɖɔ megbe.
Exɔ ƒe alafa asiekɛ blaatɔ̃ hafi ku.