< 創世記 49 >

1 雅各伯叫了他的兒子們來說:「你們聚在一起,我要將你們日後所遇到的事告訴你們。
Yakob yɔ via ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miƒo ƒu ɖe ŋunye, eye magblɔ nu siwo ava adzɔ ɖe mia dzi le ɣeyiɣi si gbɔna me la na mi.
2 雅各伯的兒子! 你們集合靜聽,靜聽你們父親以色列的話:
Miɖo tom, Yakob ƒe viwo, miɖo to Israel, mia fofo.
3 勒烏本,你是我的長子,我的力量,我壯年的首生;你過於暴燥,過於激烈,
“Ruben, wòe nye nye viŋutsu tsitsitɔ, nye ɖekakpuimevi. Wòe nye ta le tsitsi kple bubu nu.
4 沸騰有如滾水。你不能佔據首位,因為你侵犯了你父親的床第,上去玷污了我的臥榻。
Ke mèdzea akɔ anyi o; èle abe ƒutsotsoe nyanyra ene; màgadze gbãtɔ azɔ o. Maɖiɖi wò, elabena ède asi srɔ̃nyewo dometɔ ɖeka ŋu, eye nèto esia me ɖi gbɔ̃m.
5 西默盎和肋未實是一對兄弟;他們的刀劍是殘暴的武器。
“Simeon kple Levi ƒe nɔnɔme sɔ. Wonye ame siwo wɔa sesẽnu kple nu madzɔmadzɔ.
6 我的心靈決不加入他們的陰謀,我的心神決不參與他們的聚會;因為他們在盛怒下屠殺了人,任意割斷了牛的腿筋。
O, nye luʋɔ, ɖe ɖa le ame siawo ŋu. Nyematɔ ɖe woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi gbeɖe o. Elabena wowu ame aɖe le woƒe dɔmedzoe me, eye wode abi nyiwo ŋu dzodzro abe fefenu ene.
7 他們的忿怒這樣激烈,他們的狂暴這樣凶狠,實可詛咒! 我要使他們分散在雅各伯內,使他們散居在以色列中。
Woaƒo fi ade woƒe dɔmedzoe, elabena enu sesẽ, eye wòvɔ̃ɖi. Mama wo ɖe Yakob ƒe viwo dome, eye makaka woƒe dzidzimeviwo le Israel.
8 猶大! 你將受你兄弟的讚揚;你的手必壓在你仇敵的頸上;你父親的兒子要向你俯首致敬。
“Yuda, nɔviwòwo akafu wò; àtsrɔ̃ wò futɔwo. Fofowòviwo ade ta agu na wò.
9 猶大是隻幼獅;我兒,你獵取食物後上來,屈身伏臥,有如雄獅,又如母獅,誰敢驚動﹖
Yuda nye dzatavi; si wu nu si wòlé la ɖuɖu nu. Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu ene; eye abe dzatanɔ ene–ame kae ake atse anyɔe?
10 權杖不離猶大,柄杖不離他腳間,直到那應得權杖者來到,萬民都要歸順他。
Atamkayi maɖe ɖa le Yuda o va se ɖe esime ame si tututu tɔ wònye la nava, ame si amewo katã abu.
11 他將自己的驢繫在葡萄樹上,將自己的驢駒拴在優美的葡萄樹上;在酒中洗自己的衣服,在葡萄汁中洗自己的外氅。
Ede ka eƒe tedzivi ɖe wainti nyuitɔ ŋu, eye wònya eƒe awuwo le wain me.
12 他的雙眼因酒而發紅,他的牙齒因乳而變白。
Eƒe ŋkuwo biã wu wain, eye eƒe aɖuwo fu wu notsi.
13 則步隆將居於海濱,成為船隻停泊的口岸,與漆冬毗連。
“Zebulon anɔ ƒuta, eye wòanye tɔdziʋuwo dzeƒe. Eƒe anyigba akeke ade keke Sidon.
14 依撒加爾是匹壯驢,臥在圈中;
“Isaka nye tedzi agbatsɔlã sesẽ aɖe si le dzudzɔm le lãkpowo dome.
15 他覺得安居美好,地方優雅;便屈肩負重,成為服役的奴隸。
Esi wòkpɔ ale si teƒea nya kpɔna kple ale si anyigba la nyoe la, elɔ̃ dze dɔ la dzi, eye wòsubɔ eƒe aƒetɔ kple ŋusẽ.
16 丹將如以色列的一個支派,衛護自己的人民。
“Dan aɖu eƒe amewo dzi abe Israel ƒe to bubu ɖe sia ɖe ene.
17 丹必似路邊的長蟲,道旁的毒蛇,咬傷馬蹄,使騎士向後跌下。
Anye da si ɖua afɔkpodzi na sɔ le mɔ dzi, eye sɔdola dzea anyi la.
18 上主! 我期待你的救援!
Yehowa, wò ɖeɖe la ko mele mɔ kpɔm na.
19 加得要受襲擊者襲擊,但他要襲擊他們的後隊。
“Adzoblasuwo ƒe ha adze Gad dzi, ke eya anya wo ɖe du nu.
20 阿協爾的食物肥美,將供給君王的佳餚。
“Aser la, nuɖuɖu siwo nyo na fiawo la aʋã nɛ fũu.
21 納斐塔里是隻被釋放的母鹿,發出悅耳的歌詠。
“Naftali nye zinɔ si ɖea abla, eye wògblɔa nya viviwo la.
22 若瑟是一株茂盛的果樹,一株泉旁茂盛的果樹;枝條蔓延牆頭。
“Yosef nye kutsetseti aɖe si le tsi dzidzi to, eɖe alɔwo, eye wòɖo vɔvɔli ɖe gliwo dzi.
23 弓手令他苦惱,向他射擊,與他對敵;
Ame siwo da aŋutrɔe, eye woti eyome la wɔ nuvevii.
24 但他的弓仍舊有力,他的手臂依然靈活;這是因了雅各伯的大能者之手,因了以色列的牧者和磐石之名;
Gake eƒe asi li ɖe eƒe dati ŋu goŋgoŋ eye eƒe asi le tsɔtsɔm elabena Yakob ƒe Mawu Ŋusẽkatãtɔ, alẽkplɔla la kple Israel ƒe Agakpe
25 這是因為你父親的天主扶助了你,全能者天主,以天上高處的祝福,以地下深淵蘊藏的祝福,以哺乳和生育的祝福,祝福了你。
Mia fofowo ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la nakɔ dziƒoyayrawo kple anyigbadziyayrawo ɖe dziwò duu, wòana nàdzi asɔ gbɔ,
26 你父親的祝福,遠超過古山岳的祝福,永遠丘陵的願望;願這些祝福都降在若瑟頭上,降在他兄弟中被選者的額上。
wòana nuɖuɖu kple seƒoƒowo nawɔ na wò fũu, eye wòatsɔ yayra siwo ade kekeke togbɛ siwo anɔ anyi tegbee ƒe liƒowo dzi la na wò. Yayra siawoe ava Yosef, ame si woɖe aboyoe le nɔviawo dome la dzi.
27 本雅明是隻掠奪的豺狼:早上吞食獵物,晚上分贓。」
“Benyamin nye amegaxi si léa nu. Evuvua eƒe futɔwo le ŋdi, eye wòmaa nu si wòlé la le fiẽ.”
28 以上是以色列十二支派,以及他們的父親對他們所說的話。他祝福了他們,以適合每人的祝福,祝福了他們。
Esiawoe nye yayra siwo wo fofo Israel kɔ ɖe via wuieveawo dzi.
29 以後雅各伯又囑咐他們,對他們說:「我快要歸到我親族那裏去,你們應將我葬在赫特人厄斐龍田裏的山洞裏,與我的祖先在一起。
Eye wòɖo nu siawo na wo: “Esusɔ vie mayi tɔgbuinyewo gbɔ. Miɖim ɖe fofonyewo gbɔ ɖe kpeto la me le Efrɔn, Hititɔ la ƒe anyigba dzi,
30 這山洞是在客納罕地,面對瑪默勒的瑪革培拉的田內;這塊田原是亞巴郎由赫特人厄斐龍買了來作為私有墳地,
ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba si te ɖe Mamre ŋu le Kanaanyigba dzi la. Abraham ƒle teƒe sia abe ameɖiƒe ene le Efrɔn, Hititɔ la gbɔ kpe ɖe anyigba la ŋu.
31 在那裏葬了亞巴郎和他的妻子撒辣,在那裏葬了依撒格和他的妻子黎貝加;我也在那裏葬了肋阿。
Afi ma woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo. Afi ma woɖi Isak kple srɔ̃a Rebeka ɖo, eye afi ma ke meɖi Lea hã ɖo.
32 這塊田地和其中的山洞是由赫特人買來的。」
Enye kpeto si tɔgbuinye Abraham ƒle le Het ƒe viŋutsuwo si.”
33 雅各伯給他的兒子們立完遺囑以後,便將腳縮到床上,斷氣而死,歸到他親族那裏去了。
Esi Yakob wu eƒe nyagblɔɖiawo na viawo nu la, emlɔ anyi azɔ ɖe eƒe abati dzi, eye wòku.

< 創世記 49 >