< 創世記 43 >

1 地上的饑荒仍然嚴重。
Ke dɔwuame sesẽ la nu mebɔbɔ kura le anyigba la dzi o.
2 他們吃完了由埃及帶來的糧食,父親對他們說:「你們再去給我們買點糧食來吃! 」
Esi bli si wotsɔ tso Egipte nɔ vɔvɔm la, wo fofo gblɔ na wo be, “Migayi ne miaƒle nuɖuɖu sue aɖe vɛ na mí.”
3 猶大立即回答父親說:「那人明明告訴我們說:你們若不帶弟弟一起來,你們休想見我的面。
Ke Yuda gblɔ nɛ be, “Ŋutsu la te gbe ɖe edzi na mí be, ‘Miagakpɔ nye ŋkume o, negbe ɖeko mia nɔvi la anɔ mia ŋu hafi!
4 你若讓我們的弟弟與我們一同去,我們下去給你買些糧食來;
Ne míakplɔ mía nɔvi ayii la, ekema míayi aɖaƒle nuɖuɖu vɛ na wò.
5 你若不讓他去,我們也不下去;因為那人對我們說過:你們若不帶弟弟與你們一同來,你們休想見我的面。」
Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàna Benyamin nayi kpli mí hafi.’”
6 以色列說:「你們為什麼這樣害我,告訴那人你們還有個弟弟﹖」
Israel fa konyi be, “Nu kae dɔ mi ɖa be miagblɔ nɛ be nɔviŋutsu bubu gale yewo si? Nu ka ta miawɔm alea ɖo?”
7 他們回答說:「那人再三再四問我們和我們的家庭說:你們的父親是否還活著﹖你們是否另有個兄弟﹖我們只得照這些話答覆他。那裏會知道他要說:帶你們的兄弟一同下來﹖」
Wogblɔ nɛ be, “Ŋutsu la bia nya mí tsitotsito tso míaƒe ƒome ŋu. Edi be yeanya ne mía fofo le agbe, eye wòbia be nɔvi bubu gale mía si mahã? Nu sia tae míegblɔe nɛ ɖo. Aleke míate ŋu anya be agblɔ be, ‘Mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam’?”
8 猶大又對他父親以色列說:「你叫孩童與我同去,我們就起身前去;這樣,我們和你並我們的幼兒,可以生活,不致餓死。
Yuda gblɔ na fofoa Israel be, “Ɖe asi le ɖevi la ŋu nam ne míadze mɔ; ne menye nenema o la, dɔ awu mí katã míaku, menye míawo ɖeɖe koe aku o: wò ŋutɔ hã kple mía vi suewo siaa aku.
9 我為他擔保,你可由我手中要人;如果我不將他帶回,交在你面前,我在你前終生負罪。
Makpɔ eƒe dedinɔnɔ gbɔ. Ne nyemekplɔe gbɔe na wò o la, ekema na fɔɖiɖi la nanɔ dzinye tegbee.
10 假使我們沒有遲延,現在第二次也回來了! 」
Nenye ɖe nèɖe asi le eŋu nam la, anye ne míede gbɔ xoxo.”
11 他們的父親以色列對他們說:「如果必須如此,你們就這樣做:在行李內帶些本地最好的出產,一些香液、蜂蜜、樹膠、香料、榧子和杏仁,下去送給那人當作禮物。
Ale wo fofo, Israel gblɔ na wo mlɔeba be, “Ne wòanɔ nenema kokoko la, ekema nu suetɔ si miawɔ la koe nye be miado agba na miaƒe tedziwo kple nu nyuitɔ siwo le míaƒe anyigba dzi la: lifi, anyitsi, ami ʋeʋĩ, kotoklobo, ayedee kple newo, eye miatsɔ wo ayi ɖana ŋutsu la.
12 手中多帶一倍銀錢,將那放在你們糧袋口的銀錢,也一併帶上,這或者是出於一時的錯誤。
Mitsɔ ga teƒe eve ɖe asi, ale be miate ŋu axe ga si wogbugbɔ de miaƒe kotokuwo me la, elabena ɖewohĩ ame aɖe ƒe vodadae,
13 並且帶著你們的弟弟起身往那人那裏去。
eye miakplɔ mia nɔvia ayii!
14 願全能的天主使你們在那人面前蒙恩,放回你們那個兄弟和本雅明;至於我,如要喪子,就喪子罷! 」
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nave mia nu le ŋutsu la ŋkume, ale be wòaɖe asi le Simeon ŋu, eye wòana Benyamin natrɔ gbɔ. Ne ava eme kokoko be wòaku, eye maxa nu hã la, ekema nenɔ nenema ko faa.”
15 這一夥人於是帶了那些禮物,手中帶上雙倍銀錢,帶本雅明起身下道埃及去,到了若瑟面前。
Ale wotsɔ nunanawo kple ga home teƒe eve kpe ɖe Benyamin ŋu yi Egipte, eye wodo ɖe Yosef ŋkume.
16 若瑟一看見他們和本雅明,就對自己的管家說:「帶這些人到家裏去,宰殺設宴,中午這些人要與我一起吃飯。」
Esi Yosef kpɔ be wokplɔ Benyamin vɛ la, egblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be, “Ame siawo aɖu nu kplim ŋdɔ sia; kplɔ wo yi aƒe me, eye nàdzra ɖo ɖe kplɔ̃ gã aɖe ɖoɖo ŋu.”
17 管家就依照若瑟吩咐的做了,將這些人帶到若瑟家中。
Ale aƒedzikpɔla la wɔ nu si wogblɔ nɛ la, eye wòkplɔ wo yi Yosef ƒe fiasã me.
18 這些人一進入了若瑟的家,就害怕起來,心裏想:「他帶我們到這裏來,定是為了上次放回我們袋裏銀錢的事,想找我們的錯處,加害我們,拿住我們當奴隸,奪取我們的驢。」
Esi wokpɔ teƒe si wokplɔ wo yinae la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wogblɔ be, “Ga si wogbugbɔ de míaƒe kotokuawo me la tae. Edi be wòadze abe ɖe míefi ga la ene, ale be yeawɔ mí kluviwo, eye yeaxɔ míaƒe tedziwo.”
19 他們於是走到若瑟的管家,前在房門口同他談起這事,
Esi woɖo fiasã la ƒe agbo nu la, wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu,
20 說:「我主,請原諒:我們上次下到這裏來購買糧食,
eye wogblɔ nɛ be, “Amegã, esi míeva Egipte va ƒle nuɖuɖu zi gbãtɔ,
21 當我們到了客棧,打開我們的布袋時,發見各人的銀錢仍在各人的布袋口,我們的銀錢一分不少;現在我們又親手帶回來了。
eye esi míetrɔ yina aƒe la, míetsi afi aɖe dɔ, eye míeʋu míaƒe kotokuwo nu. Kasia míekpɔ be ga si míexe ɖe blia ta la le míaƒe kotokuawo me. Ga lae nye esi míetrɔ vɛ,
22 此外我們手中又帶了些銀錢,來購買糧食;我們不知道是誰將我們的銀錢放在我們的布袋內。」
kpe ɖe ga si míatsɔ aƒle bli fifia la ŋu. Ale si tututu ga la wɔ hafi ge ɖe míaƒe kotokuwo me la, míenya o.”
23 管家答說:「請你們放心,不必害怕! 是你們的天主,你們祖先的天主,在你們的布袋裏給你們放上了財寶;你們的銀錢我已經收了。」以後給他們領出西默盎來。
Aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Migatsi dzi ɖe eŋu o; miaƒe Mawu, ɛ̃, mia fofowo ƒe Mawu ŋutɔe anya tsɔ ga la de miaƒe kotokuawo me, elabena míawo míexɔ ga la le mia si pɛpɛpɛ.” Eɖe Simeon le gaxɔ me, eye wòkplɔe va nɔviawo gbɔ.
24 管家卡領這些人到了若瑟家裏,先給他們拿水洗了腳,然後拿草料餵了驢。
Azɔ wokplɔ wo yi Yosef gbɔ le fiasã la me. Wona tsi wo be woaklɔ afɔ, eye wona nuɖuɖu woƒe tedziwo.
25 他們遂將禮物預備好,等候若瑟中午回來;因為聽說,他們要在那裏吃午飯。
Nɔviawo nɔ klalo be yewoatsɔ nunanawo ana Yosef ne eva le ŋdɔ me, elabena wogblɔ na wo be wole nu ɖu ge le afi ma.
26 若瑟回到家裏,他們就將手中的禮物獻給他,俯首至地向他下拜。
Esi Yosef va la, wotsɔ nunanawo nɛ, eye wode ta agu nɛ.
27 若瑟先向他們問安,然後說:「你們以前所說的老父好麼﹖還健在麼﹖」
Ebia woƒe agbe ta, eye wòbia wo be, “Aleke mia fofo, amegãɖeɖi si ƒe nya miegblɔ nam la le? Egale agbea?”
28 他們答說:「你的僕人,我們的父親還好,還健在。」遂又鞠躬下拜。
Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele agbe, eye eli nyuie hã.” Wogade ta agu nɛ abe tsã ene.
29 若瑟舉目,見了他母親生的弟弟本雅明,就問說:「這就是你們對我說的那小弟弟嗎﹖」繼而說:「孩子,願天主保佑你! 」
Ekpɔ dadavia, Benyamin dũu, eye wòbia be, “Mia nɔvi suetɔ si ƒe nya miegblɔ nam lae nye esia?” Egblɔ na Benyamin be, “Vinye, èfɔa? Mawu nave nuwò.”
30 若瑟愛弟情切,想要流淚,趕快進了自己的內室,在那裏哭了一場;
Tete Yosef tso kpla, eye wòdo go le xɔa me, elabena eƒe lɔlɔ̃ na dadavia, Benyamin ʋuʋu eƒe dzi ale gbegbe be wònɔ nɛ be wòado go aɖafa avi. Eyi eƒe xɔ gã me, eye wòfa avi hehehe.
31 然後洗臉出來,勉強抑制自己,吩咐說:「擺飯罷! 」
Le esia megbe la, efu mo, eye wòdo go. Eɖu eɖokui dzi hegblɔ be, “Mina míaɖu nu.”
32 人就給若瑟擺了一席,為他們擺了一席,為與若瑟一起吃飯的埃及人另擺了一席;因為埃及人不能同希伯來人一起吃飯,這為他們是個恥辱。
Yosef ɖeka nɔ kplɔ̃ ŋu, nɔviawo nɔ kplɔ̃ bubu ŋu, eye Egiptetɔwo hã nɔ kplɔ bubu sãa ŋu, elabena Egiptetɔwo doa vlo Hebritɔwo, eye womeɖua nu kpli wo o.
33 他們便在若瑟前,安排就坐,全按長幼的次序,長者在上,幼者在下;眾兄弟彼此相看,驚奇不已。
Yosef fia teƒe si nɔviawo anɔ le woƒe kplɔ̃ ŋu la wo, eye wòɖo wo ɖe tsitsi nu, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe ɖevitɔ dzi. Nu sia wɔ nuku na wo ŋutɔ!
34 若瑟將自己面前的食物分開,分給他們;但本雅明的一分,比其餘的人多五倍。他們遂與若瑟飲酒宴樂。
Ena woka nuɖuɖu na wo tso eya ŋutɔ ƒe kplɔ̃ dzi. Ena wona nuɖuɖu Benyamin wòsɔ gbɔ zi atɔ̃ wu ame bubuawo tɔ. Emegbe la, wona aha wo wono. Dzi dzɔ wo ŋutɔ.

< 創世記 43 >