< 創世記 38 >

1 那時猶大離開自己的兄弟,下到一個名叫希辣的阿杜藍人那裏住下了。
Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ʋu le nɔviawo gbɔ heyi Adulam, eye wònɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hira la gbɔ.
2 猶大在那裏看見了一個名叫叔亞的客納罕人的女兒,就娶了她,親近了她。
Yuda do go Kanaan nyɔnu aɖe si nye Sua ƒe vi la le afi ma, eye wòɖee.
3 她遂懷孕,生了一個兒子,給他起名叫厄爾。
Efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Er.
4 她又懷孕,生了一個兒子,給他起名叫敖難。
Egafɔ fu, dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Onan.
5 以後她又生了一個兒子,給他起名叫舍拉;生他的時候,猶大正在革齊布。
Egadzi ŋutsuvi ake, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Sela; teƒe si wodzii le lae nye Kezib.
6 猶大給自己的長子厄爾娶了妻子,名叫塔瑪爾。
Esi via Er tsi la, Yuda na wòɖe nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Tamar.
7 猶大的長子厄爾行了上主所厭惡的事,上主就叫他死了。
Ke Er, Yuda ƒe ŋgɔgbevi nye ŋutsu vɔ̃ɖi aɖe, eya ta Yehowa wui.
8 於是猶大對敖難說:「你去與你哥哥的妻子親近,與她盡你為弟弟的義務,給你哥哥立後。」
Yuda gblɔ na Er nɔviŋutsu Onan be, “Ele be nàɖe Tamar abe ale si míaƒe se di tso ame kuku nɔviŋutsu si be wòawɔ ene, ale be Tamar ƒe vi siwo wòadzi na wò la nanyi nɔviwò kukua ƒe dome.”
9 敖難明知後裔不歸自己,所以當他與哥哥的妻子結合時,便將精液遺洩於地,免得給自己的哥哥立後。
Ke Onan medi be yeadzi vi si womabu abe ye ŋutɔ tɔ ene o, eya ta togbɔ be eɖe Tamar hã la, ɣe sia ɣi si wòadɔ Tamar gbɔ la, enana eƒe ŋutsutsi la duduna ɖe aba la dzi, ale be Tamar mafɔ fu adzi vi si anye nɔvia kukua tɔ o.
10 他作這事,為上主所厭惡,上主就叫他死了。
Le Yehowa gbɔ la, enye nu vɔ̃ Onan wɔ be wògbe be yemadzi vi na ye nɔvi kukua o, eya ta Yehowa wu eya hã.
11 猶大於是對兒子塔瑪爾說:「你回到你父親家中去守寡,直到我兒子舍拉長大成人。」因為他心裏想:「恐怕他也如同他哥哥一樣死去。」塔瑪爾就回去,住在自己父親的家裏。
Eya ta Yuda gblɔ na toyɔvia, Tamar be megaɖe srɔ̃ azɔ le ɣe ma ɣi me o, ke boŋ wòatrɔ ayi wo de le edzilawo gbɔ, eye wòanye ahosi va se ɖe esime ye vi suetɔ, Sela natsi ate ŋu aɖee. Ke Yuda meɖo le nyateƒe me be Sela naɖee o, gake egblɔ nenema, elabena evɔ̃ be Mawu ava wu eya hã abe ale si wòwu foa eveawo ene. Ale Tamar yi wo de le edzilawo gbɔ.
12 過了幾年,猶大的妻子叔亞的女兒死了。喪期過後,猶大便同自己的朋友阿杜藍人希辣,上提默納黑去剪羊毛。
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yuda srɔ̃ ku. Le kunuwɔwɔ nɛ vɔ megbe la, Yuda kple exɔlɔ̃, Hira, Adulamtɔ la yi Timna be woakpɔ fukoko na alẽwo dzi.
13 有人告訴塔瑪爾說:「你公公現正上提默納黑去剪羊毛。」
Esi ame aɖe gblɔ na Tamar be toa dze Timna mɔ dzi hegbɔna fu ko ge na alẽawo,
14 塔瑪爾遂脫去守寡的衣服,蒙上首帕,遮掩自己,坐在通往提默納黑大道去厄納殷的路口上;--原來她見舍拉已經長大,還沒有娶她為妻。--
eye esi wònya azɔ kɔtɛe be womaɖe mɔ yeaɖe Sela o, togbɔ be Sela tsi azɔ hã la, eɖe eƒe ahovɔ da ɖi, eye wòtsɔ motsyɔvɔ tsyɔ mo, ale be womagadze si ye o. Enɔ anyi ɖe mɔ to le Enaim si le Timna mɔ dzi la ƒe agbo nu.
15 猶大一看見她,以為她是個妓女,因為她遮蓋了自己的臉。
Yuda kpɔe esime wòva yina, eye wòbu be gboloe le eƒe motsyɔvɔ la ta.
16 猶大便由路上轉到她面前,向她說:「來! 讓我與你親近! 」他並不知她就是自己的兒媳。她答說:「你給我什麼,好與我親近﹖」
Ale Yuda gogoe hebiae be wòana yeadɔ egbɔ, ke menya be ye ŋutɔ yeƒe toyɔvie o. Tamar biae be, “Ho neni nàxe nam?”
17 猶大答說:「由羊群中取一隻小公山羊送給你。」塔瑪爾說:「你未送來以前,你應給個抵押。」
Yuda do ŋugbe nɛ be, “Maɖo gbɔ̃vi aɖe ɖe wò tso nye lãwo dome.” Tamar biae be, “Nu ka nàtsɔ ade awɔba, ale be maka ɖe edzi be àɖo gbɔ̃vi la ɖem?”
18 猶大問說:「我該給你什麼作抵押﹖」她答說:「你的印章,你的繫印帶和你的棍杖。」猶大便交給了她,與她親近了;她於是由他懷了孕。
Yuda biae be, “Enyo, awɔbanu kae nèhiã?” Tamar ɖo eŋu be, “Tsɔ wò ŋkɔsigɛ si nètsɔna dea dzesi wò nuwo kple wò atizɔti nam.” Ale Yuda tsɔ wo nɛ. Tamar lɔ̃ Yuda dɔ egbɔ, eye wòfɔ fu.
19 事後,她起來回家,除掉首帕,再穿上她守寡的衣服。
Le esia megbe la, Tamar gade asi eƒe ahovɔ la tata me abe tsã ene.
20 猶大託自己的朋友阿杜藍人送了一隻小公山羊去,好由那女人手中取回抵押;他卻找不到她,
Yuda gblɔ na exɔlɔ̃ Hira, Adulamtɔ la be wòalé gbɔ̃vi la ayi na Tamar, eye wòaxɔ awɔbanuawo vɛ, ke Hira mete ŋu ke ɖe Tamar ŋu o.
21 便問當地人說:「那在厄納殷路旁的廟妓在那裏﹖」人答說:「這裏從來沒有廟妓。」
Hira bia dua me ŋutsuwo be, “Afi ka gbolo si nɔa ŋutsuwo dim le mɔ to le Enaim dua ƒe agbonu la le?” Woɖo eŋu be, “Gbolo aɖeke menɔ afi sia kpɔ o.”
22 他回來對猶大說:「我找不著她,並且當地的人都說:這裏從來沒有廟妓。」
Ale wòtrɔ va Yuda gbɔ, gblɔ nɛ be yemete ŋu ke ɖe eŋu o, eye wògblɔ nya si dua me ŋutsuwo gblɔ nɛ la na Yuda.
23 猶大遂說:「讓她留著罷! 免得我們被人嗤笑。我將小公山羊送了去,可是你沒有找著她。」
Yuda gblɔ be, “Ekema awɔbanuawo netsi egbɔ faa! Míedze agbagba ale si míate ŋui. Ne míegale eyome tim kokoko la, dua me tɔwo ako mí. Meɖo gbɔ̃tsu la ɖee, ke mèkpɔe o.”
24 大約過了三個月,有人告訴猶大說:「你的兒媳塔瑪爾與人通姦,而且因通姦有了身孕。猶大說:「把她拉出來燒死! 」
Le ɣleti etɔ̃ megbe la, woɖo du ɖe Yuda be toyɔvia Tamar fɔ fu le gbolowɔwɔ ta. Yuda do ɣli be, “Mihee vɛ, eye miatɔ dzoe!”
25 當她被拉出來時,她派人到她公公那裏說:「這些東西是誰的,我就是由誰懷了孕。」並且說:「請你仔細看看這些東西:印章、印帶和棍杖是誰的﹖」
Ke esi wohee yina wuwu ge la, eɖo du ɖe toa be, “Ame si tɔ ŋkɔsigɛ kple eŋuti ka kple atizɔti sia nye la, eya tututue nye ɖevi si dzi ge megbɔna la fofo. Ènya nane tso ŋkɔsigɛ kple atizɔti sia ŋua?”
26 猶大仔細一看,就說:「她比我更有理,因為我尚沒有將她嫁給我的兒子舍拉。」他從此以後,再沒有認識她。
Yuda lɔ̃ be ye tɔwoe, eye wògblɔ be, “Etɔ dzɔ, elabena megbe be nyemawɔ ŋugbedodo dzi atsɔe na vinye, Sela wòaɖe o.” Tso ema dzi la, megadɔ kplii kpɔ o.
27 到了她要生產的時候,腹中竟是一對雙胎。
Eƒe vidziɣi ɖo, eye wòdzi evenɔvi siwo nye ŋutsuviwo.
28 她正生產時,一個胎兒伸出一手來,收生婆就拿了一根朱紅線繫在他手上說:「這個是先出生的。」
Esi wònɔ ɖeviawo dzim la, vixela la sa ka dzĩ aɖe ɖe ɖevi si do gbɔna gbã la ƒe alɔnu,
29 但是他一收回手去,他的兄弟就出生了;收生婆說:「你為自己開了個怎樣的裂口! 」遂給他起名叫培勒茲。
ke ɖevi la he asi ɖe megbe yi dadaa ƒe dɔ me, eye wodzi ɖevi evelia gbã. Vixela la bia be, “Nu ka ta nèdo ŋgɔ na nɔviwòa ɖo?” Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa ɖevi sia be Perez si gɔmee nye “Ŋgɔdodo.”
30 以後,那手上繫有朱紅線的兄弟也出生了,遂給他起名叫則辣黑。
Eteƒe medidi hafi wodzi ɖevi si ƒe alɔnu ka dzĩ la le la o. Wona ŋkɔe be Zera.

< 創世記 38 >