< 創世記 36 >

1 以下是厄撒烏,即厄東的後裔:
Esau (ame si wogayɔna hã be Edom) la ƒe dzidzimeviwo yi ale:
2 厄撒烏由客納罕女人中娶的妻子,有赫特人厄隆的女兒阿達,有曷黎人漆貝紅之子阿納的女兒敖曷里巴瑪;
Esau ɖe Kanaan nyɔnu etɔ̃: Ada, Hititɔ Elon ƒe vi, Oholibama, Ana ƒe vi kple Hivitɔ Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi kpakple
3 還有依市瑪耳的女兒,乃巴約特的姊妹巴色瑪特。
Basemat, Ismael ƒe vinyɔnu si nye Nebayɔt nɔvinyɔnu.
4 阿達給厄撒烏生了厄里法次;巴色瑪特生了勒烏耳;
Esau kple Ada dzi viŋutsu ɖeka si ŋkɔe nye Elifaz. Esau kple Basemat dzi viŋutsu si ŋkɔe nye Reuel.
5 敖曷里巴瑪生了耶烏士、雅藍和科辣黑:以上都是厄撒烏在客納罕地生的兒子。
Esau kple Oholibama dzi viŋutsu siwo ƒe ŋkɔwoe nye Yeus, Yalam kple Korah. Wodzi vi siawo katã na Esau le Kanaanyigba dzi.
6 厄撒烏帶了自己的妻子兒女,和家中所有的人,並自己所有的牛羊家畜,以及在客納罕地所獲得的財物,遷移到色依爾,離開他的弟弟雅各伯,
Esau kplɔ srɔ̃awo, viŋutsuwo kple vinyɔnuwo kpakple subɔla siwo le eƒe aƒe me, kple lãhawo kple kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Kanaanyigba dzi la, eye wòʋu le nɔvia Yakob gbɔ.
7 因為他們家產太多,不能住在一起;他們寄居的地方,由於家畜太多,也容不下他們。
Woƒe nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be womagate ŋu anɔ teƒe ɖeka o. Anyigba si dzi wole la megalolo na wo ame eveawo o le woƒe lãhawo ta.
8 厄撒烏就住在色依爾山地。厄撒烏即是厄東。
Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir.
9 以下是色依爾山地厄東人的始祖厄撒烏的後裔。
Esau ƒe dzidzimeviwo, Edomtɔwo, ame siwo wodzi nɛ le Seir to dzi la ƒe ŋkɔwo yi ale:
10 以下是厄撒烏子孫的名譜:厄撒烏的妻子阿達的兒子厄里法次;厄撒烏的妻子巴色瑪特的兒子勒烏耳。
Esau ƒe viŋutsuwo: gbãtɔe nye Elifaz si Ada dzi nɛ, eveliae nye Reuel si Basemat dzi nɛ.
11 厄里法次的兒子:特曼、敖瑪爾、則缶加堂和刻納次。
Elifaz ƒe viŋutsuwoe nye: Teman, Omar, Zefo, Gatam kple Kenaz.
12 厄撒烏的兒子厄里法次的妾提默納給厄里法次生了阿瑪肋克:以上是厄撒烏的妻子阿達的子孫。
Timna si nye Elifaz, Esau ƒe viŋutsu ƒe ahiãvi la dzi Amalek. Ame siawoe nye Ada, Esau srɔ̃ ƒe viwo.
13 勒烏耳的兒子:納哈特、則辣黑、沙瑪和米匝:以上是厄撒烏的妻子巴色瑪特的子孫。
Reuel ƒe viŋutsuwoe nye: Nahat, Zera, Sama kple Miza. Ame siawoe nye Esau ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Basemat dzi.
14 以下是漆貝紅之子阿納的女兒,厄撒烏的妻子敖曷里巴瑪的兒子:她給厄撒烏生了耶烏士、雅藍和科辣黑。
Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu kple Zibeon ƒe mamayɔvi si wodzi na Esau la dzi Yeus, Yalam kple Korah.
15 以下是厄撒烏子孫中的族長:厄撒烏的長子厄里法次的子孫中,有特曼族長,敖瑪爾族長,則缶族長,刻納次族長,
Ame siawoe nye fiawo le Esau ƒe dzidzimeviwo dome. Elifaz, ame si nye Esau ƒe viŋutsu gbãtɔ, Teman, Omar, Zefo kple Kenaz,
16 科辣黑族長,加堂族長和阿瑪肋克族長:以上是厄東地厄里法次族的族長,都是阿達的子孫。
Korah, Gatam kple Amalek. Ame siawo nye fia siwo dzɔ tso Elifaz me le Edom. Wonye Ada ƒe mamayɔviwo.
17 厄撒烏的兒子勒烏耳的的子孫中,有納哈特族長,則辣黑族長,沙瑪族長和米匝族長:以上是厄東地勒烏耳族的族長,都是厄撒烏的妻子巴色瑪特的子孫。
Hlɔ̃ siwo gbɔna la, nye Reuel, ame si Esau kple srɔ̃a Basemat dzi le esime wonɔ Kanaan la ƒe dzidzimeviwo: Amegã Nahat, Amegã Zera, Amegã Sama kple Amegã Miza. Woawoe nye amegã siwo dzɔ tso Reuel me le Edomnyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basemat ƒe viwo.
18 厄撒烏的妻子敖曷里巴瑪的子孫中有耶烏士族長,雅藍族長和科辣黑族長:以上是阿納的女兒,厄撒烏的妻子敖曷里巴瑪子孫中的族長。
Esau srɔ̃ Oholibama ƒe viŋutsuwo nye fia siawo: Yeus, Yalam kple Korah. Wodzɔ tso Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu me.
19 以上都是厄撒烏的子孫,都是族長。這就是厄東。
Ame siawo nye Esau alo Edom ƒe viŋutsuwo, eye ame siawoe nye woƒe fiawo.
20 以下是當地居民曷黎人色依爾的子孫:羅堂、芍巴耳、漆貝紅、阿雅、
Ame siawo nye Seir, Horitɔ la ƒe viŋutsuwo, ame siwo nɔ nuto la me: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana,
21 狄雄、厄責爾和狄商:以上是厄東地色依爾子孫曷黎人的族長。
Dison, Ezer kple Disan. Wonye viŋutsuwo na Horitɔ Seir le Edom, eye wonye fiawo.
22 羅堂的兒子:曷黎和赫曼;羅堂的姊妹是提默納。
Lotan ƒe viwoe nye, Hori kple Heman. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu.
23 芍巴耳的兒子:阿耳汪、瑪納哈特、厄巴耳、舍佛和敖南。
Sobal ƒe viŋutsuwoe nye: Alvan, Manahat, Ebal, Sefo kple Onam.
24 漆貝紅的兒子:阿雅和阿納;那在曠野裏放牧他父親漆貝紅的驢,發現溫泉的,就是這位阿納。
Zibeon ƒe viwoe nye: Aya kple Ana. (Eyae fɔ tsi dzidzi xɔdzo aɖe ƒe vudo le gbegbe esime wònɔ fofoa ƒe tedziwo kplɔm.)
25 阿納的兒子狄雄;阿納的女兒就是敖曷里巴瑪。
Ana ƒe viwoe nye: Dison kple Oholibama.
26 狄雄的兒子:赫默丹、厄市班、依特蘭和革蘭。
Dison ƒe viwoe nye: Hemdan, Esban, Itran kple Keran.
27 厄責爾的兒子:彼耳漢、匝汪和阿甘。
Ezer ƒe viwoe nye: Bilhan, Zaavan kple Akan.
28 狄商的兒子:伍茲和阿郎。
Disan ƒe viŋutsuwoe nye: Uz kple Aran.
29 以下是曷黎人的族長:羅堂族長,芍巴耳族長,漆貝紅族長,阿納族長,
Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo. Lotan, Sobal, Zibeon, Ana,
30 狄雄族長,以上是色依爾地曷黎人各族的族長。
Dison, Ezer kple Disan. Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo le woƒe tokɔ vovovoawo nu le Seirnyigba dzi.
31 以下是在以色列子民未有君王統治以前,統治厄東地的君王。
Ame siwo ɖu fia le Edom hafi woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye:
32 貝敖爾的兒子貝拉在厄東作王,他的京城名叫丁哈巴。
Beor ƒe vi Bela si ɖu fia le Edom. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba.
33 貝拉死後,波責辣人則辣黑的兒子約巴布繼他為王。
Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi si tso Bozra la zu fia.
34 約巴布死後,特曼地人胡商繼他為王。
Esi Yobab ku la, Husam si tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi la ɖu fia ɖe eteƒe.
35 胡商死後,貝達得的兒子哈達得繼他為王,他曾在摩阿布平原擊敗了米德楊人。他的京城名叫阿威特。
Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moabnyigba dzi la ɖu fia le Husam ƒe ku megbe. Eƒe fiadue nye Avit.
36 哈達得死後,瑪斯勒卡人撒默拉繼他為王。
Esi Hadad trɔ megbe la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe.
37 撒默拉死後河間的勒曷波特人沙烏耳繼他為王。
Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe.
38 沙烏耳死後,阿革波爾的兒子巴耳哈南繼他為王。
Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe.
39 阿革波爾的兒子巴耳哈南死後,哈達得繼他為王;他的京城名叫帕烏。他的妻子名叫默塔貝耳,是默匝哈布人瑪特勒得的女兒。
Esi Baal Hanan, Akbor ƒe viŋutsu la hã ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe, eye eƒe fiadue nye Pau. Srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabel, Matred ƒe vinyɔnu kple Mezahab ƒe mamayɔvi.
40 厄撒烏族的族長名稱,依族系和地區名列如下:提默納族長,阿耳瓦族長,耶太特族長,
Esiawoe nye fia siwo dzɔ tso Esau me la ƒe ŋkɔwo ɖe woƒe towo kple nutowo ƒe ɖoɖo nu: Timna, Alva, Yetet,
41 敖曷里巴瑪族長,厄拉族長,丕農族長,
Oholibama, Ela, Pinon,
42 刻納次族長,特曼族長,米貝匝爾族長,
Kenaz, Teman, Mibzar,
43 瑪革狄耳族長和依蘭族長:以上是厄東人在所佔有的地方,依住區所有的族長。厄東人的始祖即是厄撒烏。
Magdiel kple Iram. Esiawoe nye Edom fiawo le ɖoɖo si me wonɔ le anyigba dzi la nu. Wonye Esau, Edomtɔwo fofo ƒe dzidzimeawo.

< 創世記 36 >