< 創世記 29 >

1 雅各伯取道前行,來到了東方人的地方;
Yakob yi eƒe mɔzɔzɔ dzi, eye wòva ɖo ɣedzeƒenutowo me.
2 舉目看見田間有口井,還有三群羊,臥在井旁。--因為人慣常由這井取水飲羊,井口上蓋著塊大石頭;
Ekpɔ alẽha etɔ̃ wotsyɔ akɔ anyi ɖe gbe dzi le vudo aɖe to, nɔ lalam be woana tsi yewo yewoano. Ke wotsɔ kpe gã aɖe tu vudoa nu.
3 幾時羊群都聚集在那裏,人就將井口的石頭挪開,取水飲羊;然後再將石頭蓋在井口原處。
Enye woƒe kɔnu be womahe kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo katã nava ɖo afi ma. Ne wona tsi alẽhawo katã wono vɔ la, wogamlia kpe la ɖoa vudo la nu.
4 雅各伯對他們說:「弟兄們,你們是那裏的﹖」他們答說:「我們是哈蘭人。」
Yakob te ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye wòbia wo be, “Nɔvinyewo, afi ka míetso?” Woɖo eŋu be, “Míetso Haran.”
5 雅各伯問他們說:「你們認識納曷爾的兒子拉班嗎﹖」他們答說:「我們認識。」
Yakob bia be, “Mienya ame aɖe si woyɔna be Laban, eye wònye Nahor ƒe via?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenyae.”
6 雅各伯又問說:「他好嗎﹖」他們答說:「他好。看,那不是他的女兒辣黑耳領著羊群來了。」
Egabia wo be, “Eli nyuiea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eli nyuie, eye nuwo dze edzi nɛ. Kpɔ ɖa, via nyɔnu, Rahel kplɔ alẽwo gbɔnae.”
7 雅各伯說:「看,太陽還很高,尚不到聚集家畜的時候,你們取水飲了羊,然後再領去牧放。」
Yakob gabia wo be, “Nu ka ta miana tsi alẽawo ale be woate ŋu agatrɔ ayi gbeɖuƒe o ɖo? Elabena zã medo haɖe o; ne mieƒo ƒu wo ɖe afi sia fifia la, dɔ awu wo.”
8 他們回答說:「不能夠;因為除非等所有羊群都聚集起來,才可挪開井口的石頭,取水飲羊。」
Woɖo eŋu nɛ be, “Míemlia kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo kple alẽkplɔlawo katã va ƒo ƒu ɖe afi sia.”
9 他還同他們說話的時候,辣黑耳領著他父親的羊群到了;因為她是個牧羊女。
Esi wonɔ nya siawo gblɔm la, Rahel va ɖo kple fofoa ƒe alẽwo, elabena alẽkplɔla wònye.
10 雅各伯一見了舅父拉班的女兒辣黑耳,和舅父拉班的羊群,就上前去,挪開井口的石頭,取水飲他舅父拉班的羊。
Esi Rahel nye Yakob dadaa nɔviŋutsu Laban ƒe vi, eye alẽawo nye Yakob nyrui tɔ ta la, Yakob yi vudo la gbɔ, mli kpea ɖa, eye wòna tsi nyruia ƒe alẽwo.
11 然後雅各伯口親辣黑耳,放聲大哭,
Yakob gbugbɔ nu na Rahel, eye Yakob de asi avifafa me.
12 告訴辣黑耳,自己是她父親的外甥,黎貝加的兒子。辣黑耳便跑回去,告訴她父親。
Yakob gblɔ na Rahel be fofoa ƒe ƒometɔ kple Rebeka ƒe viŋutsu yenye. Ale Rahel ƒu du yi ɖagblɔ nya la na fofoa.
13 拉班一聽得了關於他外甥雅各伯的消息,就跑來迎接他,抱住他,親他,領他到自己的家中。雅各伯遂將所遇的事全告訴了拉班。
Esi Laban se nya sia tso Yakob, nɔvia nyɔnu ƒe viŋutsu ŋu la, eɖe abla yi ɖakpee. Ekpla asi kɔ nɛ, gbugbɔ nu nɛ, kplɔe yi aƒe me, eye Yakob gblɔ nyawo katã nɛ le afi ma.
14 拉班對他說:「你實在是我的骨肉。」雅各伯遂同他住下了。過了一月,
Laban gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋue nènye.” Esi Yakob nɔ Laban gbɔ ɣleti ɖeka la,
15 拉班對雅各伯說:「豈可因為你是我的外甥,就該白白服事我﹖告訴我,你要什麼報酬﹖」
Laban gblɔ nɛ gbe ɖeka be, “Menye esi nye kple wò míenye ƒometɔwo ta nàwɔ dɔ nam dzodzro o. Ho neni maxe na wò?”
16 拉班有兩個女兒:大的名叫肋阿,小的名叫辣黑耳。
Vinyɔnu eve nɔ Laban si. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔe nye Rahel.
17 肋阿雙眼無神;辣黑耳卻相貌美麗;
Lea ƒe ŋkuwo nya kpɔna, eye Rahel ya dze tugbe ŋutɔ.
18 為此雅各伯喜愛辣黑耳,遂回答說:「我願為你小女兒辣黑耳服事你七年。」
Rahel ƒe nu nyo Yakob ŋu, eya ta Yakob gblɔ na Laban be, “Ne àtsɔ Rahel nam maɖe la, ekema mawɔ dɔ na wò ƒe adre.”
19 拉班答說:「我將她給你,比給外人好;你就同我住下。」
Laban ɖo eŋu be, “Melɔ̃. Enyo nam be matsɔe na wò boŋ wu be matsɔe na ame bubu aɖe si medo ƒome kplim o.”
20 這樣,雅各伯為得到辣黑耳,服事了拉班七年;由於他喜愛這少女,看七年好像幾天。
Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Rahel ta. Ke ƒe adreawo ɖi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko le eŋkume, elabena elɔ̃ Rahel ŋutɔ.
21 雅各伯遂對拉班說:「期限已滿,請將我的妻子給我,我好與她親近。」
Mlɔeba la, ɣeyiɣi la de be wòaɖee. Yakob gblɔ na Laban be, “Mewɔ nu si nèɖo nam la, eya ta ele na wò azɔ be nàɖe asi le srɔ̃nye ŋu nam madɔ kplii.”
22 拉班也請了當地所有的人士,擺了婚宴。
Ale Laban ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ŋutsu siwo katã nɔ dua me la be woakpɔ dzidzɔ kple Yakob.
23 到了晚上,他卻將自己的女兒肋阿,引到雅各伯前,雅各伯就親近了她。--
Emegbe le zã me la, Laban kplɔ Lea yi na Yakob, eye Yakob dɔ egbɔ.
24 拉班且將自己的婢女齊耳帕給了女兒肋阿作婢女。--
Laban tsɔ eƒe kosi Zilpa na Lea be wòanye eƒe dɔlanyɔnu.
25 到了早晨,他一見是肋阿,便對拉班說:「你對我作的是什麼事﹖我服事你,豈不是為了辣黑耳﹖你為什麼欺騙我﹖」
Ke esi ŋu ke la, Yakob kpɔ be Lea boŋ wona yeɖe! Yakob do dɔmedzoe, eye wòbia Laban be, “Amefuflu ka tɔgbie nye esia? Mesubɔ ƒe adre ɖe Rahel ta! Nu sia gɔme ɖe?”
26 拉班回答說:「我們這地方沒有先嫁幼女,而後嫁長女的風俗。
Laban ɖo eŋu be, “Mesɔ ɖe míaƒe kɔnyinyi nu be woaɖe ɖetugbi suetɔ gbã hafi woaɖe tsitsitɔ o.
27 你同長女滿了七天以後,我也將幼女給你,只要你再服事我七年。」
Lala ne wò srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔsiɖa gbãtɔ nava yi, ekema àte ŋu aɖe Rahel hã ne àgasubɔm ƒe adre bubu ko!”
28 雅各伯就這樣做了。與肋阿滿了七天以後,拉班便將自己的女兒辣黑耳給了他為妻。--
Yakob lɔ̃ be yeagasubɔ ƒe adre bubu, ale Laban tsɔ Rahel hã nɛ.
29 拉班且將自己的婢女彼耳哈給了女兒辣黑耳作婢女。--
Laban tsɔ eƒe kosivi Bilha na Rahel be wòasubɔe.
30 雅各伯也親近了辣黑耳,而且他愛辣黑耳甚於肋阿;於是又服事了拉班七年。
Ale Yakob dɔ Rahel hã gbɔ. Elɔ̃ Rahel sãa wu Lea, eye wògasubɔ ƒe adre bubu.
31 上主見肋阿失寵,便開了她的胎;但辣黑耳卻荒胎不孕。
Ke esi Yakob melɔ̃ Lea tututu o ta la, Yehowa na vi Lea, eye wòna Rahel tsi ko.
32 肋阿懷孕生了一子,給他起名叫勒烏本,說:「上主垂視了我的苦衷,現在我的丈夫會愛我了。」
Ale Lea fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Ruben si gɔmee nye “Yehowa kpɔ nye xaxa,” elabena egblɔ be, “Yehowa kpɔ nye xaxa; azɔ la, srɔ̃nye alɔ̃m.”
33 她又懷孕生了一子,說:「上主聽說我失了寵,又給了我一個。」遂給他起名叫西默盎。
Eteƒe medidi hafi Lea gafɔ fu o. Egadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Simeon si gɔmee nye “Yehowa see,” elabena egblɔ be, “Yehowa see be womelɔ̃m o, eya ta wògana ŋutsuvi bubum.”
34 她又懷孕生了一子,說:「這次,我的丈夫可要戀住我了,因為我已給他生了三個兒子。」遂給他起名叫肋未。
Egafɔ fu, eye wògadzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Levi si gɔmee nye “Kuku ɖe ame ŋu,” elabena egblɔ be, “Azɔ ya la, esi medzi ŋutsuvi etɔ̃ sɔŋ nɛ ta la, srɔ̃nye alɔ̃m kokoko.”
35 她又懷孕生了一子,說:「這次我要讚頌上主。」為此給他起名叫猶大。以後就停止生育。
Lea gafɔ fu, gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Yuda si gɔmee nye “Kafukafu,” elabena egblɔ be, “Azɔ makafu Yehowa!” Emegbe la, Lea megadzi vi bubu aɖeke o.

< 創世記 29 >