< 創世記 10 >

1 以下是諾厄的兒子閃、含、和耶斐特的後裔。洪水以後,他們都生了子孫。
Noa ƒe viwo, Sem, Ham kple Yafet dzi viŋutsuwo le tsiɖɔɖɔ la megbe. Woƒe dzidzimeviwo yi ale:
2 耶斐特的子孫:哥默爾、瑪哥格、瑪待、雅汪、突巴耳、默舍客和提辣斯。
Yafet ƒe viwoe nye: Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras.
3 哥默爾的子孫:阿市革納次、黎法特和托加爾瑪。
Gomer ƒe viŋutsuwoe nye: Askenaz, Rifat kple Togarma.
4 雅汪的子孫:厄里沙、塔爾史士、基廷和多丹。
Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo.
5 那些分佈於島上的民族,就是出於這些人:以上這些人按疆域、語言、宗族和國籍,都屬耶斐特的子孫。
(Woƒe dzidzimeviwo va zu ƒutadukɔwo le anyigba vovovowo dzi, eye woƒe gbegbɔgblɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ.)
6 含的子孫:雇士、米茲辣殷、普特、和客納罕。
Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan.
7 雇士的子孫:色巴、哈威拉、撒貝達、辣阿瑪和撒貝特加。辣阿瑪的子孫:舍巴和德丹。
Kus ƒe viŋutsuwoe nye: Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka. Raama ƒe viŋutsuwoe nye: Seba kple Dedan.
8 雇士生尼默洛得,他是世上第一個強人。
Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi.
9 他在上主面前是個有本領的獵人,為此有句俗話說:「如在上主面前,有本領的獵人尼默洛得。」
Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.”
10 他開始建國於巴比倫、厄勒客和阿加得,都在史納爾地域。
Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã.
11 他由那地方去了亞述,建設了尼尼微、勒曷波特城、
Tso anyigba ma dzi la, eyi Asiria, afi si wòtu Ninive, Rehobot Ir, Kala
12 加拉和在尼尼微與加拉之間的勒森(尼尼微即是那大城。)
kple Resen ɖo; Resen le Ninive kple Kala dome, eye eyae nye du gã la.
13 米茲辣殷生路丁人、阿納明人、肋哈賓人、納斐突歆人、
Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye: Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo,
14 帕特洛斯人、加斯路人和加非托爾人。培肋舍特人即出自此族。
Patrusitɔwo, Kasluhitɔwo (ame siwo me Filistitɔwo dzɔ tso) kple Kaftoritɔwo.
15 客納罕生長子漆冬,以後生赫特、
Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het.
16 耶步斯人、阿摩黎人、基爾加士人、
Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo,
17 希威人、阿爾克人、息尼人、
Hivitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo,
18 阿爾瓦得人、責瑪黎人、和哈瑪特人;此後,客納罕的宗族分散了,
Arvaditɔwo, Zemaritɔwo kple Hamatitɔwo. (Kanaan ƒe dzidzimeviwo kaka
19 以致客納罕人的邊疆,自漆冬經過革辣爾直到迦薩,又經過索多瑪、哈摩辣、阿德瑪和責波殷,直到肋沙。
tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.)
20 以上這些人按疆域、語言、宗族和國籍,都屬含的子孫。
Ame siawoe nye Ham ƒe dzidzimeviwo. Wonɔ anyigba geɖewo dzi, eye wonye dukɔ geɖewo. Gbegbɔgblɔ vovovowo nɔ wo si.
21 耶斐特的長兄,即厄貝爾所有子孫的祖先閃,也生了兒子。
Sem, ame si nye Yafet nɔvi tsitsitɔ ƒe vie nye Eber.
22 閃的子孫:厄藍、亞述、阿帕革沙得、路得和阿蘭。
Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram.
23 阿蘭的子孫:伍茲、胡耳、革特爾和瑪士。
Aram ƒe dzizimeviwoe nye: Uz, Hul, Geter kple Mas.
24 阿帕革沙得生舍拉;舍拉生厄貝爾。
Arfaxad ƒe vie nye Sela, ame si dzi Eber.
25 厄貝爾生了兩個兒子:一個名叫培肋格,因為在他的時代世界分裂了;他的兄弟名叫約刻堂。
Vi eve nɔ Eber si: woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama,” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo.
26 約刻堂生阿耳摩達得、舍肋夫、哈匝瑪委特、耶辣、
Yoktan ƒe viwoe nye: Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera,
27 哈多蘭、烏匝耳、狄刻拉、
Hadoram, Uzal, Dikla,
28 敖巴耳、阿彼瑪耳、舍巴、
Obal, Abimael, Seba,
29 敖非爾、哈威拉和約巴布:以上都是約刻堂的子孫。
Ofir, Havila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan ƒe viŋutsuwo.
30 他們居住的地域,從默沙經過色法爾直到東面的山地:
(Yoktan ƒe dzidzimevi siawo nɔ teƒe si tso Mesa va do ɖe Sefar ƒe ɣetoɖoƒewo gbɔ.)
31 以上這些人按疆域、語言、宗族和國籍,都屬閃的子孫:
Ame siawoe nye Sem ƒe dzidzimeviwo. Woɖo wo ɖe woƒe dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple woƒe nɔƒewo nu.
32 以上這些人按他們的出身和國籍,都是諾厄子孫的家族;洪水以後,地上的民族都是由他們分出來的。
Ame siwo katã woyɔ va yi la nye Noa ƒe dzidzimeviwo, to dzidzime geɖewo me, eye wonɔ dukɔ vovovo siwo dzɔ le tsiɖɔɖɔ megbe la me.

< 創世記 10 >