< 以斯拉記 7 >

1 這些事以後,當波斯王阿塔薛西斯在位時,有位厄斯德拉,是色辣雅的兒子,色辣雅是阿匝黎雅的兒子,阿匝黎雅是希耳克雅的兒子,
Le nu siawo megbe, le Persia fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la, Ezra, Seraya ƒe vi, Azaria ƒe vi, Hilkia ƒe vi,
2 希耳克雅是沙隆的兒子,沙隆是匝多克的兒子,匝多克是阿希突布是兒子,
Salum ƒe vi, Zadok ƒe vi, Ahitub ƒe vi,
3 阿希突布是阿瑪黎雅的兒子,阿瑪黎雅是阿匝黎雅的兒子,阿匝黎雅是默辣約特的兒子,
Amaria ƒe vi, Azaria ƒe vi, Merayot ƒe vi,
4 默辣約特是則辣希雅的兒子,則辣希雅是烏齊的兒子,烏齊是步克的兒子,
Zerahia ƒe vi, Uzi ƒe vi, Buki ƒe vi,
5 步克是阿彼叔亞的兒子,阿彼叔亞是丕乃哈斯的兒子,阿彼叔亞是厄肋阿匝爾的兒子,厄肋阿匝爾是大司祭亞郎的兒子。
Abisua ƒe vi, Finehas ƒe vi, Eleaza ƒe vi kple nunɔlagã Aron ƒe vi.
6 這厄斯德拉是位經師,精通上主賜給梅瑟的法律。他因有上主天主的助佑,君王准許了他所要求的一切,他遂從巴比倫起程。
Ezra sia tso Babilonia va. Enye sefiala si bi ɖe Mose ƒe Se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu la de la me. Fia la na nu sia nu si wòbiae, elabena Yehowa, eƒe Mawu la ƒe asi nɔ eya amea dzi.
7 與他同行的,還有一些以色列子民、司祭、肋未人、歌詠者、門丁和獻身者;他們在阿塔薛西斯王第七年,上了耶路撒冷。
Israelviwo dometɔ aɖewo, siwo dome nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔla aɖewo nɔ la va Yerusalem le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me.
8 厄斯德拉在王當國第七年五月,到了耶路撒冷。
Ezra va ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me.
9 他決定由一月一日由巴比倫起程,賴他天主的助佑,五月一日到了耶路撒冷。
Edze mɔ tso Babilonia le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye wòva ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, elabena eƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔ edzi.
10 厄斯德拉專心致志研究上主的法律,心體力行,且在以色列人中教授法律和誡命。
Ezra tsɔ eɖokui na Yehowa ƒe Se la sɔsrɔ̃ kple emeléle ɖe asi eye nenema kee wòtsɔ eɖokui na eƒe sededewo kple ɖoɖowo fiafia le Israel.
11 阿塔薛西斯王,頒給精通上主給以色列人的誡命和法律的司祭兼經師厄斯德拉的詔書,副本如下:
Esiae nye agbalẽ si Fia Artazerses ŋlɔ tsɔ na Ezra, nunɔla kple Sefiala, ŋutsu si bi ɖe Yehowa ƒe sededewo kple ɖoɖo siwo wòwɔ na Israel la me:
12 萬王之王阿塔薛西斯,祝上天大王的法律經師厄斯德拉安好:
Tso: Artazerses, fiawo dzi fia gbɔ, Na: Nunɔla Ezra, Dziƒo Mawu la ƒe Sefiala: Medo gbe na wò.
13 我現在頒佈此令:凡在我國土內的以色列人民,以及司祭和肋未人,有願赴耶路撒冷的,可與你同去;
Azɔ la, mele se dem be, ne Israelvi aɖe si le nye fiaɖuƒe me kple nunɔla alo Levitɔ siwo di be yewoayi Yerusalem kpli wò la, woayi faa.
14 因為君王和七位參謀派遺你去,照你手中所持有的天主的法律,視察猶大和耶路撒冷,
Fia la kple eƒe aɖaŋuɖola adreawoe le dɔwòm be nàyi Yuda kple Yerusalem aɖabia gbe wo tso ale si wolé wò Mawu ƒe Se si le asiwò me la me ɖe asii.
15 並帶去君王和他的參謀,甘願住在的天主的金銀,
Gawu la, tsɔ klosalo kple sika siwo fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo na Israel ƒe Mawu la faa la, Mawu si ƒe nɔƒe nye Yerusalem la ɖe asi.
16 以及你在巴比倫所獲得的金銀,和民眾並司祭向耶路撒冷天主的殿宇,所自願捐獻的獻儀。
Kpe ɖe klosalo kple sika siwo katã nàkpɔ tso Babilonia nuto la me ŋu, nenema kee nye ameawo kple nunɔlawo ƒe lɔlɔ̃nununanawo na woƒe Mawu ƒe gbedoxɔ le Yerusalem.
17 為此,你可用這錢,費心去買牛犢、綿羊和羔羊,以及同獻的素祭和奠祭的祭品,奉獻在耶路撒冷你們天主殿內的祭壇上。
Kpɔ egbɔ be yetsɔ ga sia ƒle nyitsuwo, agbowo kple alẽviwo kpe ɖe wo ŋuti nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu, eye nàtsɔ wo asa vɔe le wò Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi le gbedoxɔ la me le Yerusalem.
18 對於所餘的金銀,你和你的弟兄看著怎樣作好,就按照你們天主的旨意去作。
Emegbe la, wò kple nɔviwò Yudatɔwo miate ŋu awɔ klosalo kple sika si susɔ la ŋu dɔ ale si dze mia ŋu le miaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu me.
19 至於交給你,為你天主的殿宇行敬禮時用的器皿,都應安置在耶路撒冷的天主前!
Tsɔ nu siwo katã wode asi na wò hena Yerusalem ƒe Mawu la hena eƒe subɔsubɔ le wò Mawu la ƒe gbedoxɔ la me.
20 如你天主的殿另有需要,而你又必須備置,概由王家府庫支付。
Nu bubu aɖe si hiã na wò Mawu la ƒe gbedoxɔ, si nèdi be yeaƒle la, tsɔe le fia la ƒe nudzraɖoƒe faa.
21 我阿塔薛西斯王,向河西的司庫官頒佈此令:凡厄斯德拉司祭兼上天大王的法律經師,向你所要求的,都應立即一一照辦:
Azɔ la, nye Fia Artazerses, mele gbe ɖem na nudzraɖoƒedzikpɔla siwo katã le Frat tɔsisi la godo be, woatsɔ nu sia nu si nunɔla Ezra, Dziƒo Mawu la ƒe Sefiala, abia mi la nɛ kaba
22 銀子至一百「塔冷通」,麥子至一百「苛爾」,酒至一百「巴特」,油至一百「巴特」,監無限制。
va se ɖe klosalo “tɔn” etɔ̃ kple afã, lu agba blaeve-vɔ-eve, wain adzafi eve kple afã, amitimi atukpa eve kple afã kple dze agbɔsɔsɔ si sinu wòdi la dzi.
23 凡上天大主所命令的一切,都應為上天大主的殿一一遵行,免得義怒降在君王和他子孫的國土上。
Nu sia nu si Dziƒo Mawu la gblɔ da ɖi ko la, wonewɔe kple dzo na Dziƒo Mawu la ƒe gbedoxɔ. Nu ka ŋuti dziku anɔ fia la ƒe fiaɖuƒe kple via ŋutsuwo dzi?
24 我再通告你們:不得向所有司祭、肋未人、歌詠者、門丁、獻身作殿役的,或在這天主殿內作侍役的,徵收田賦、課捐和關稅。
Minyae hã be miekpɔ mɔ aɖo nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedoxɔŋudzɔlawo alo dɔ bubu aɖe wɔla si le Mawu ƒe aƒe sia me la dzi o.
25 厄斯德拉,你要按手中所持的天主的法律,派定官吏和判官,治理河西所有的人民,即認識你天主法律的人民,凡不認識的,應加教導;
Ke wò, Ezra, le wò Mawu ƒe nunya si wòna wò nu la, tia nyadrɔ̃lawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, ame siwo nya wò Mawu la ƒe Sewo nyuie, ne woakpɔ ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ na ame siwo le Frat tɔsisi la godo. Ke fia se la ame siwo menya Seawo nyuie o.
26 凡不遵守你天主的和君王的法律,應嚴加處分:或處死刑,或放逐,或財產充公,或徒到」。
Ame si mewɔ ɖe wò Mawu la ƒe Sewo dzi alo fia la ƒe sewo dzi o la, ele be woahe to nɛ kple ku alo anyae le dua me, axɔ eƒe nunɔamesiwo le esi loo, alo adee gaxɔ me.
27 上主我們祖先的天主,應受讚美,因為衪感動了君王的心,決意光榮耶路撒冷上主的殿宇,
Woakafu Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu la, ame si tsɔe de fia la ƒe dzi me be wòade bubu Yehowa ƒe aƒe la ŋu le Yerusalem alea,
28 使我在王和他的參謀前,以及在王所有的一切有權勢的首長前,獲得了寵幸。我因上主我天主的扶助,增加了勇氣,遂召集以色列人的首領,與我一同起程。
ame si trɔ eƒe amenuveve kɔ ɖe dzinye le fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kple fia la ƒe dɔnunɔla ŋusẽtɔ mawo ƒe ŋkume. Esi Yehowa, nye Mawu la ƒe asi nɔ dzinye ta la, dzi ɖo ƒonye, eye meƒo ame ŋkuta siwo tso Israel la nu ƒu be woayi kplim.

< 以斯拉記 7 >