< 以斯拉記 5 >

1 那時,有哈蓋和依多的兒子匝加利亞二位先知,受感動奉以色列天主的名,勸勉在猶大和的猶太人。
Azɔ la, Nyagblɔɖilawo Hagai kple Zekaria, Ido ƒe dzidzimeviwo gblɔ nya ɖi na Yudatɔ siwo le Yuda kple Yerusalem, le Israel ƒe Mawu, ame si nɔ wo dzi ɖum la ƒe ŋkɔ me.
2 於是沙耳提耳的兒子則魯巴貝耳,和約匝達克的兒子耶叔亞起來,下手修建耶路撒冷的天主殿宇;身邊有天主的二位先知,鼓勵人民。
Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua, Yozadek ƒe vi, wogayi Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la gbugbɔtu ƒe dɔ dzi, eye Mawu ƒe Nyagblɔɖilawo nɔ wo gbɔ, nɔ kpekpem ɖe wo ŋu.
3 當時,河西州長塔特乃和舍達波則乃,以及他們的同僚,來到他們那裏,問他們說:「誰給了你們許可,建築這殿,修理城牆呢﹖
Le ɣe ma ɣi me la, Frat tɔsisi la godo nuto la me ƒe mɔmefia, Tatenai, Setar Bozenai kple wo ŋutimewo yi ɖabia wo be, “Ame kae ɖe mɔ na mi be miagbugbɔ gbedoxɔ sia kple xɔ sia ƒe gliwo aɖo?”
4 負責建築這工程的人,他們叫什麼名字﹖」
Wogabia wo be, “Ŋutsu siwo le teƒe sia tum la ƒe ŋkɔwo ɖe?”
5 於是天主垂顧了人的長老,沒有讓人限令他們停工,直到上書達理阿,有了關於此事的覆文。
Ke Yehowa ƒe ŋku nɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo ta kpɔm, ale womete ŋu ɖo asi wo dzi o va se ɖe esime woaŋlɔ agbalẽ na Darius, eye wòaɖo eŋu hafi woanya afɔ si woaɖe.
6 以下是河西州長塔特乃和舍達波則乃,以及他們在河西的同僚官員,上呈達理阿王奏文的副本。
Esia nye nu si Tatenai, Frat tɔsisi la godo ƒe mɔmefia kple Setar Bozenai kple wo ŋutimewo kpakple dɔnunɔla siwo le Frat tɔsisi la godo ŋlɔ ɖo ɖe Fia Darius.
7 他們向王所呈的奏文上這樣寫道:「達理阿陛下萬安!
Agbalẽa me nyawo yi ale: Na: Fia Darius. Míedo gbe tɔxɛ na wò.
8 奉奏我大王,我們日前去過猶大省,到了偉大天主的殿宇那裏,見那殿正在用一石塊修建,牆上也在安放木板;這工程在他們手下,進行的非常快,又非常順利。
Fia la nenyae be míegbugbɔ yi ɖe Yuda nuto la me, ɖe Mawu gã la ƒe gbedoxɔ me. Ameawo le xɔtudɔ la dzi kple kpe gãwo, eye wole ʋuƒoawo dem gliawo me. Wole dɔ la wɔm kple moveviɖoɖo, eye wòle afɔ tsɔm le woƒe kpɔkplɔ te.
9 我們詢問了那些長老,這樣問他們說:誰給了你們許可修建這殿,打奠牆基﹖
Míebia gbe woƒe dumegãwo be, “Ame kae ɖe mɔ na mi be miagbugbɔ gbedoxɔ sia kple xɔ sia ƒe gliwo aɖo?”
10 我們也詢問了他們的名字,為奏知大王;所以我們能給陛下出他們的名字。
Míebia woƒe ŋkɔwo hã ta ale be míaŋlɔ woƒe ŋgɔnɔlawo ƒe ŋkɔwo aɖo ɖe wò wòanɔ nyanya na wò.
11 他們如此答覆我們說:我們是天地大主的僕人,重修多年以前所修建的殿宇,這殿是一位以色列偉大的君王所建築完成的。
Esiae nye ŋuɖoɖo si wona mí: “Dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la ƒe dɔlawo míenye; míegbugbɔ le gbedoxɔ si wotu ƒe geɖewoe nye esi va yi la tum, gbedoxɔ si Israel ƒe fia xɔŋkɔ aɖe tu, wu enu,
12 但因為我們的祖先冒犯了上天的大主,衪便把他們交在加色丁人巴比倫王拿步高手中,讓他破壞了這座殿宇,將人民擄到巴比倫去。
gake esi mía fofowo do dziku na dziƒo Mawu la ta la, etsɔ wo de asi na Kaldeatɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, ame si gbã gbedoxɔ sia, eye wòɖe aboyo ameawo ɖo ɖe Babilonia.
13 然而,在巴比倫王居魯士元年,居魯士王頒發諭旨,令重建這座天主的殿宇。
“Ke hã la, le Babilonia fia, Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, Fia Sirus de se be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu.
14 居魯士王且把拿步高從耶路撒冷殿內,帶到巴比倫殿的天主殿宇的金銀器,從巴比倫殿拿出來,交給了一個名叫市巴匝的,並立他為省長,
Gawu la, ena wolɔ sikanu kple klosalonu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le Yerusalem gbedoxɔ me tsɔ va kɔ ɖe Babilonia gbedoxɔ me la do goe. “Emegbe Fia Sirus tsɔ wo de asi na ŋutsu aɖe si woyɔna be Sesbazar, ame si wòɖo mɔmefiae la si,
15 向他說:你將這些器冊拿去,安放在耶路撒冷的殿內,並將天主的殿宇,重建在原的地方。
gblɔ de esi be, ‘Tsɔ nu siawo eye yi nàkɔ wo ɖe Yerusalem gbedoxɔ me. Gbugbɔ Mawu ƒe aƒe la tu ɖe teƒe si wònɔ tsã.’
16 於是這位舍市巴匝便來,安放了耶路撒冷的天主殿宇的基石;從那時修建至今,沒有竣工。
“Ale Sesbazar sia va ɖo Mawu ƒe aƒe la ƒe gbedoxɔ gɔme anyi ɖe Yerusalem, eya ta tso gbe ma gbe dzi va se ɖe fifia la, wole etutu dzi, eye womekpɔ wu enu haɖe o.”
17 現在大王若以為好,就派人檢查大王在巴比倫的寶庫,看看是否居魯士王,曾對重建耶路撒冷的天主殿宇,頒發過諭令,並祈大王對此事給我們頒下聖旨。
Azɔ la, ne edze fia la ŋu la, nena woatsa le Babilonia ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me ne woakpɔe ɖa be vavãe fia Sirus de se aɖe nenema be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la atu hã. Ekema fia la neɖo gbe ɖa tso eƒe nyametsotso ŋuti le nya sia me.

< 以斯拉記 5 >