< 以斯拉記 3 >

1 到了七月,時住在各城裏的以色列子民,全都一起聚集在耶路撒冷。
Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo nɔ woƒe duwo me nyuie vɔ la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Yerusalem abe ame ɖekawo ene.
2 約匝達克的兒子耶叔亞,和他的兄弟司祭們,以及沙耳提耳的兒子則魯巴貝耳,和他的兄弟們,於是下手修建以色列天主的祭壇,要按天主的人梅瑟在法律上所寫的,在上面奉獻全燔祭。
Tete Yozadak ƒe vi, Yesua, nɔvia nunɔlawo kple Sealtiel ƒe vi, Zerubabel kple woƒe kpeɖeŋutɔ bubuwo dze Israel ƒe Mawu la ƒe vɔsamlekpui la ɖiɖi gɔme be woasa numevɔwo le edzi, le nu si woŋlɔ ɖe Mawu ƒe ame, Mose ƒe Se la me nu.
3 不論本地人民恐嚇,他們仍在原重建了祭壇,向上主獻了全燔祭,即每日早晚的全燔祭;
Togbɔ be wovɔ̃ na ame siwo ƒo xlã wo hã la, woɖi vɔsamlekpui la ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi, eye wosa ŋdi kple fiẽ numevɔsawo le edzi na Yehowa.
4 按照規定舉行了帳棚節,每天依照法定 數目奉獻全燔祭;
Le nu si woŋlɔ ɖi nu la, woɖu agbadɔmeŋkekenyui, eye wosa numevɔ xexlẽme sinu woɖo na ŋkeke ɖe sia ɖe.
5 以後,獻了恆常祭,並在月朔、安息日和一切祝聖於上主的慶日,獻了全燔祭,和各人自願向上主獻的自願祭。
Le esia megbe la, wosa gbe sia gbe numevɔsawo, Dzinu Yeye vɔsawo kple vɔsa siwo woɖo ɖi na Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe bubuwo. Nenema ke wosa vɔ siwo nye lɔlɔ̃nununana na Yehowa.
6 從七月一日起,已開始向上主奉獻全燔祭,雖然上主的殿宇當時尚未奠基,
Togbɔ be womeɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi haɖe o hã la, wodze vɔsasa na Yehowa gɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.
7 卻將銀錢交給鑿匠和木匠,將食物飲料和酒,供給那些從黎巴嫩由海中將香柏木運到約培來的漆東人和提洛人,全照波斯王居魯左所准許的。
Azɔ la, wotsɔ ga na gliɖolawo kple atikpalawo, eye wotsɔ nuɖuɖu, nunono kple ami na Sidontɔwo kple Tirotɔwo, be woatsɔ sedati lalãwo tso Lebanon ato ƒu dzi ava kɔ ɖe Yopa, le Persia fia, Sirus ƒe mɔnana nu.
8 他們來到耶路撒冷天主聖宇後的第二年二月,沙耳提耳的兒子則魯巴貝耳,約匝達克的兒子耶叔亞,和其餘的弟兄司祭及肋未人,以及所有由充軍回到耶路撒冷的人,動了工,派定二十歲和二十歲以上的肋未人,監督建築上主聖宇的工程。
Le ɣleti evelia me, le ƒe evelia me esi wova ɖo Mawu ƒe aƒe la me le Yerusalem la, Sealtiel ƒe vi, Zerubabel, Yozadak ƒe vi, Yesua kple wo nɔvi bubuawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo trɔ tso aboyome va Yerusalem la, dze dɔ la gɔme. Wotia Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la be woakpɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ dzi.
9 耶叔亞和他的兒子們,以及他的兄弟們,卡德米耳和他的兒子們,以及曷達委雅的後裔,同心協力,監督那建築天主聖宇的工人;還有赫納達的兒子們,以及他們的兒子和弟兄肋未人。
Yesua kple via ŋutsuwo, nɔviawo kple Kadmiel kple via ŋutsuwo, ame siwo nye Hodavia ƒe dzidzimeviwo, kpe ɖe Henadad ƒe viŋutsuwo kple wo viŋutsuwo kpakple wo nɔviwo ŋu. Levitɔwo katã wɔ ɖeka le ame siwo le Mawu ƒe aƒe la tum la ƒe dɔwo dzi kpɔkpɔ me.
10 丌人們安放上主聖宇基礎時,司祭身穿禮服,拿著號筒,阿撒夫的後裔肋未人拿著鐃鈸,各自站在自己的地方,按以色列王達味制定的儀式,讚美上主,
Esi xɔtulawo ɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe vɔ la, nunɔlawo nɔ woƒe awu ʋlayawo me, lé kpẽwo ɖe asi kple Levitɔ siwo tso Asaf ƒe ƒome me, lé asiʋuiwo ɖe asi, eye woyi ɖanɔ woƒe nɔƒewo be woakafu Yehowa, abe ale si Israel fia, David ɖoe da ɖi ene.
11 彼此輪流唱歌讚美和感謝上主的詩歌:「因為衪是聖善的,因為衪對以色列的仁慈永遠常存」。同時全體人民都大歡呼,讚美上主,因為上主的聖宇已經奠基。
Wotsɔ kafukafu kple akpedada dzi ha na Yehowa be, “Eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ na Israel li ɖaa.” Tete amehawo katã do kafukafuɣli na Yehowa sesĩe elabena woɖo Yehowa ƒe aƒe la ƒe gɔmeɖokpeawo vɔ.
12 許多曾在這地基上,親眼見過先前的聖殿的老司祭、老肋未人和老族長,面對這座聖殿,不禁放大哭,卻也有許多人歡喜高呼,
Ke esi nunɔla tsitsi geɖewo, Levitɔwo kple ƒometatɔwo, ame siwo kpɔ gbedoxɔ xoxo la kpɔ, eye wogakpɔ yeyea ƒe gɔmeɖoƒe la, wo katã fa avi kple ɣli, ke ame bubu geɖewo ya do dzidzɔɣli.
13 以致分不清是歡呼聲或是哀哭聲,因為民眾都高聲喊叫,這聲音連遠處都可以聽到。
Ame aɖeke mate ŋu ade vovototo dzidzɔɣli la kple aviɣli la dome o, elabena ameawo ƒe aseyetsotso de dzi ŋutɔ. Ale wose woƒe ɣli la le didiƒe ke.

< 以斯拉記 3 >