< 以西結書 8 >

1 六年六月五日,當我坐在我屋內,猶大的長老門坐在我面前時,吾主上主的手臨於我。
Le ƒe adelia ƒe ɣleti adelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, esi menɔ nye aƒe me, esime Yuda ƒe ametsitsiwo nɔ anyi ɖe nye ŋkume la, Aƒetɔ Yehowa ƒe asi va dzinye le afi ma.
2 我觀望,看,有一個形像,形狀如人,在他相似腰部的下面,有一團火,在他腰部的上面好像有一道光輝,像發亮的金屬。
Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ nane abe ame ene. Tso eƒe afi si dze abe ali gbɔ ene yi anyigba lɔƒo la le abe dzo bibi ene, eye tso afi ma yi dzi lɔƒo la, eƒe dzedzeme le abe ga keklẽ ene.
3 他伸出一隻像手的形狀,抓住我的一綹頭髮,有一種神力把我提到天地之間,在神視中將我提往耶路撒冷去,到了內門的北門門口,在那裏供奉著引起上主妒火的偶像。
Edo nane si le abe asi ene ɖa, eye wolé nye taɖa. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi yi anyigba kple dziƒo dome, eye le Mawu ƒe ŋutega aɖe me la, ekɔm yi Yerusalem, yi ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo anyiehetɔ ƒe mɔnu, afi si legba si nyɔa ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe le Mawu me la le.
4 在那裏出現了以色列天主的光榮,相似我在平原所見的異像。
Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le nye ŋkume le afi ma abe ale si wònɔ le ŋutega si mekpɔ le bali la me ene.
5 他向我說:「人子,舉目向北方看! 」我遂舉目向北方看;看見在靠近祭壇的北門門口,有那引起上主妒火的偶像。
Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ anyiehe lɔƒo.” Mekpɔ afi ma, eye mekpɔ legba si he ŋuʋaʋã vɛ le mɔnu si le vɔsamlekpui la ƒe agbo ƒe anyiehe.
6 他又向我說:「人子,你看他們作的是什麼﹖以色列家族在這裏所行的極其醜惡之事,使我非離開我的聖所不可,但你還要看見更為醜惡的事。」
Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si wɔm wolea? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afi sia? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo anyam ɖa boo tso nye teƒe kɔkɔe la gbɔa? Ke àgakpɔ nu bubu siwo nyɔ ŋu sãa wu esiawo.”
7 以後,他引我到外院的大門口,我看見在牆上有一個洞。
Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe mɔnu. Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ do aɖe le gli la me.
8 他向我說:「人子,把這牆穿一個洞! 」我遂在牆上穿了一個洞,出現了一道門。
Egblɔ nam be, “Ame vi, azɔ la, ku do ɖe gli la me.” Ale meku do ɖe gli la me, eye mekpɔ mɔnu aɖe le afi ma.
9 他又向我說:「你進去看一看他們在那裏所做的窮凶極惡的醜行。」
Eye wògblɔ nam be, “Yi ɖe eme, eye nàkpɔ nu vɔ̃ɖi kple ŋunyɔnu siwo wole wɔwɔm le afi ma”
10 我便進去,看見有各種爬蟲和走獸的像,都是可憎惡的;還有以色列家的各種偶像,都刻畫在四周的牆上。
Ale meyi, eye mekpɔ be wota nu siwo tana kple lã nyɔŋuwo kple Israel ƒe aƒe la ƒe legba ƒomeviwo katã ɖe gliawo ŋu va kpe ɖo.
11 以色列家族的七十長老,沙番的兒子雅匝尼雅也在他們中間,都站在那些像前,每人手中拿著香爐,燒的香煙如濃雲,正在上騰。
Ametsitsi blaadre tso Israel ƒe aƒe la me tsi tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye Yaazania, Safan ƒe vi, nɔ tsitre ɖe wo dome. Ɖe sia ɖe lé sonu ɖe asi, eye dzudzɔ ʋeʋĩ ƒe babla nɔ dzi dem.
12 他對我說:「人子,你看見了以色列的長老在黑暗中,每人在藏神像的暗室中所行的事嗎﹖他們說:上主看不見我們,上主已離棄了此地。」
Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si Israel ƒe aƒe la ƒe ametsitsiwo le wɔwɔm le viviti la me, wo dometɔ ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe legba ƒe nɔƒea? Wogblɔ be, ‘Yehowa mele mía kpɔm o; Yehowa gble anyigba la ɖi.’”
13 他又向我說:「你還要看見他們所行的更醜惡的事。」
Eye wògagblɔ nam be, “Àkpɔ wo woaganɔ nu siwo nyɔ ŋu wu esiawo gɔ̃ hã la wɔm.”
14 以後,他引我到了上主的聖殿朝北的大門口。看,有些婦女坐在那裏,哀悼塔慕次。
Emegbe la, ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbo si le anyiehe la gbɔ, eye mekpɔ nyɔnuwo wonɔ anyi ɖe afi ma henɔ fafam na Tamuz.
15 他向我說:「人子,你看見了嗎﹖但你還要看見比這更醜惡的事。」
Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Èle nu siwo nyɔ ŋu wu esia gɔ̃ hã kpɔ ge.”
16 以後,他引我到了上主聖殿的內庭院內;看,在上主聖所的門口,在走廊和祭壇中間約有二十五個人,背向上主的聖所,面向東方,他們正在向東方朝拜太陽。
Ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ, eye le afi ma la, ŋutsu abe blaeve vɔ atɔ̃ ene nɔ gbedoxɔ la ƒe mɔnu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome. Wotrɔ megbe do ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ, wodze ŋgɔ ɣedzeƒe, eye wonɔ ta dem agu na ɣe le ɣedzeƒe.
17 他又向我說:「人子,你看見了嗎﹖在這裏行的這些醜惡之事,為猶大家還不夠嗎﹖他們還將此地充滿了殘暴之事,時時惹我忿怒。看,他們還把枝條舉到自己鼻子上。
Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Nya tsɛe wònye be Yuda ƒe aƒe nanɔ ŋunyɔnu siawo wɔm le afi sia? Ɖe woagana ŋutasesẽ naxɔ anyigba la dzi, eye woanɔ dziku dom nam madzudzɔmadzudzɔea? Kpɔ ale si wotsɔ atilɔ la ɖo ŋɔtinu la ɖa!
18 我必大發憤怒,我的眼決不憐視,一點也不顧惜;極使他們在我耳旁高聲喊叫,我仍不俯聽他們。」
Le esia ta la, matu nu kpli wo le dziku me. Nyemakpɔ nublanui na wo loo alo aɖewo o. Togbɔ be woado ɣli ɖe tome nam hã la, nyemaɖo to wo o.”

< 以西結書 8 >