< 以西結書 47 >

1 後,他領我回到聖殿門口,看,有水從聖殿下面湧出,流向東方──因為聖殿正面朝東;水從聖殿的右邊經聖殿經祭壇的南邊流出。
Ame la kplɔm gbugbɔ va gbedoxɔ la ƒe mɔnu, eye mekpɔ tsi wònɔ dodom to gbedoxɔ la ƒe kpui te yina ɣedzeƒe lɔƒo, elabena gbedoxɔ la dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Tsi la nɔ dodom tso gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo to vɔsamlekpui la ƒe dziehe.
2 隨後他引我由北門出來,帶我由外面轉到朝東的外門。
Tete wòkplɔm do goe to anyiehegbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me, eye tsi la nɔ tsatsam tso dziehe lɔƒo.
3 看,水從右邊流出。那人手拿繩索向東走去,量了一千肘,遂叫我由水中走過,水深及踝。
Esi ame la ɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòlé dzidzeti la ɖe asi la, edzidze mita alafa atɔ̃, eye wòkplɔm to tɔsisi si me afɔkɔe bu ɖo la me.
4 他再量了一千肘,再叫我由水中走過,水深及膝。又量了一千肘,又叫我走過,水深及腰。
Egadzidze mita alafa atɔ̃ bubu, eye wòkplɔm to tɔsisi si ɖo klonu la me. Edzidze mita alafa atɔ̃ bubu, eye wòkplɔm to tɔsisi si ɖo ali la me.
5 他又量了一千肘,水已成河,不能走過,因為水已高漲,成了可供游泳的水, 不能走過去的河。
Egadzidze mita alafa atɔ̃ bubu, ke azɔ la, ezu tɔsisi si nyemate ŋu atso o, elabena tsi la ɖɔ, eye wògoglo be woate ŋu aƒui, eye ame aɖeke mate ŋu atsoe o.
6 於是他對我說:「人子,你看見了嗎﹖」遂我回到了河岸。
Ebiam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia?” Azɔ la, ekplɔm yi tɔsisi la to.
7 當我回來時,看,沿河兩岸,樹木很多。
Esi meɖo afi ma la, mekpɔ ati geɖewo le tɔsisi la ƒe axa eveawo.
8 於是他對我說:「這水流往東方,下至阿辣巴,而入於海──鹽海中,海水遂變成好水。
Egblɔ nam be, “Tsi sia tsana ɖoa ta ɣedzeƒe, gena ɖe Araba me, afi si wògena ɖe Atsiaƒu me le. Ne ege ɖe Atsiaƒu la me la, tsi la zua tsi vivi.
9 這河所流過的地方,凡蠕動的生物都得生活,魚也繁多,因為凡這水所到的地方.百物必能生存。
Nu gbagbe geɖewo anɔ eme, afi sia afi si wòatsa ayi. Tɔmelã geɖewo anɔ eme, elabena tsi sia tsana yina afi ma, eye wònana dzetsi trɔna zua tsi nyui, ale be afi sia afi si tɔsisi la tsa yi la, nu sia nu anɔ agbe.
10 漁夫要住在海邊,自恩革狄到恩厄革拉因,都是曬網的地方。那裏的魚種類很多,像大海的一樣。
Tɔƒodelawo atsi tsitre ɖe tɔsisi la to, tso En Gedi yi En Eglaim, teƒe anɔ anyi na ɖɔkpɔkplɔ. Tɔmelã vovovowo anɔ anyi abe Atsiaƒu Gã la ƒe tɔmelãwo ene.
11 但所有的池沼和湖澤卻不改變,留作產鹽之區。
Ke eƒe siiwo kple tawo matrɔ o, ke boŋ woagblẽ wo ɖi na dze.
12 沿河兩岸,畏有各種果木樹,枝葉總不凋零,果實決不匱乏,且按月結果,因為水我出自聖所;樹上的果實可當作食物,枝葉可當作藥材。」
Kutsetseti ƒomeviwo katã atsi ɖe tɔsisi la ƒe go eveawo dzi. Woƒe aŋugbawo malũ xɛ o, eye woƒe kukutsetsewo nu matso o. Woatse ku ɣleti sia ɣleti, elabena tɔsisi tso kɔkɔeƒe la tsa yi wo gbɔ. Woƒe tsetseawo anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋugbawo azu atike.”
13 吾主上主這樣說:「這是你們按以色列十二支派分地為業的界限。──若瑟應得兩份。
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esiawoe nye liƒo siwo anɔ anyigba siwo miama na Israel ƒe to wuieveawo ƒe domenyinyi la ŋu, eye miana anyigba eve Yosef.
14 你們應彼此平分我舉手誓許給你們祖先的土地,應抽籤分這地作你們的產業。
Ele be miama anyigba la sɔsɔe ɖe wo dome, elabena mekɔ nye asi dzi ka atam be matsɔe ana mia tɔgbuiwo, eye anyigba sia azu miaƒe domenyinu.
15 以下是國土的邊界:北方由大海經赫特隆經哈瑪特口,經責達得,
“Esiae anye anyigba la ƒe liƒowo. “Le anyiehe lɔƒo la, liƒo la atso Atsiaƒu Gã la nu, ato Hetlon ayi Lebo Hamat va se ɖe Zedad.
16 經貝洛達與位於大馬士革邊界與哈瑪特邊界之間的息貝辣因,直到靠近豪郎邊界的哈匝爾厄南。
Berota kple Sibraim, afi si le liƒo si le Damasko kple Hamat dzi, ayi keke Hazer Hatikon, le Hauran ƒe liƒo dzi.
17 所以這邊界是由大海到哈匝爾厄南,北面有大馬士革為界,再向北有哈瑪特為界:這是北方的邊界。
Liƒo la atso atsiaƒu la gbɔ ayi Hazar Enan le Damasko ƒe anyieheliƒo dzi kple Hamat ƒe anyieheliƒo. Esiae anye dzigbemeliƒo la.
18 東方的邊界是在豪郎與大馬士革之間,在基肋阿得與以色列之間有約旦河為界,直到東海,再到塔瑪爾:這是東方的邊界。
Le ɣedzeƒe lɔƒo la, liƒo la ato Hauran kple Damasko dome, ato Yɔdan ŋu, ato Gilead kple Israel ƒe anyigba dome ayi ɣedzeƒeƒu la gbɔ ayi keke Tamar. Esiae anye ɣedzeƒeliƒo la.
19 南方向陽的邊界是由塔瑪爾到默黎巴卡德士水,沿河直到大海:這是南方向陽的邊界。
Le dziehe lɔƒo la, atso Tamar ayi keke Meriba Kades ƒe tsiwo gbɔ, azɔ ato Wadi le Egipte xa, ayi Atsiaƒu Gã la gbɔ. Esiae anye Dzieheliƒo la.
20 西方的邊界是以大海為界,直到哈瑪特口的對面:這是西方的邊界。
Le ɣetoɖoƒe lɔƒo la, Atsiaƒu Gã la anye liƒo la na teƒe aɖe si le Lebo Hamat la kasa. Esiae anye ɣetoɖoƒeliƒo la.
21 你們應按以色列的支派分開此地。
“Ele be miama anyigba la ɖe mia dome ɖe Israel ƒe toawo nu.
22 你們應為你們,並為住在你們中作客,且在你們中已生有子女的外方人,抽籤分開這地為產業。你們應你們為生在以色列子民間的人一樣,他們將與你們在以色列支派中籤分地作為產業。
Ele be miamae abe domenyinu ene na mia ɖokuiwo kple amedzro siwo va tsi mia dome, ame siwo si viwo le. Ele be miabu wo abe Israelvi dzɔleaƒeawo ene. Abe miawo ŋutɔ ene la, woana domenyinu wo ɖe Israel ƒe towo dome.
23 將來如有外方人在一支派中作客,也要分給他們產業──吾主上主的斷語。」
To sia to si me amedzro la tsi la, afi mae miana eƒe domenyinu le.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

< 以西結書 47 >