< 以西結書 37 >

1 上主的手臨於我,上主的神引我出去,把我放在平原中,那裏佈滿了骨頭;
Yehowa ƒe asi va dzinye, eye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kplɔm do goe, eye wòdam ɖe balime aɖe ƒe titina; balime la yɔ fũu kple ƒuwo.
2 他領我在骨頭周圍走了一遭;見平原上骨頭的確很多,又很乾枯。
Ekplɔm tso afii yi afi mɛ le wo dome, eye mekpɔ ƒu geɖewo le balime la ƒe anyigba. Ƒuawo ƒu kplakplakpla.
3 他問我說:「人子,這些骨頭可以復生嗎﹖」我答說:「吾主上主! 你知道。」
Ebiam be, “Ame vi, ƒu siawo ate ŋu anɔ agbea?” Megblɔ be, “O! Aƒetɔ Yehowa, wò ɖeka koe nya.”
4 他對我說:「你可向這些骨頭講預言,向他們說:乾枯的骨頭,聽上主的話罷!
Tete wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ƒu siawo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ƒu ƒuƒuwo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya.
5 吾主上主對這些骨頭這樣說:看,我要使氣息進入你們內,你們必要復活。
Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na ƒu siawoe nye, mana gbɔgbɔ nage ɖe mia me, eye miagbɔ agbe.
6 我給你們放上筋,加上肉,包上皮,把氣息注入你們內,你們就復活了:如此,你們便要承認我是上主。」
Made lãmeka mia me, lã naɖo mia ŋu, eye mafa ayi ɖe mia ŋu. Made yagbɔgbɔ mia me, eye miagbɔ agbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’”
7 於是我遵命講預言。正當我講預言時,忽然有一個響聲,一陣震動,骨頭與骨頭互鄉結合起來。
Ale megblɔ nya ɖi abe ale si wòɖo nam ene. Esi menɔ nya la gblɔm ɖi la, hoowɔwɔ sesẽ aɖe ɖi, eye ƒuawo ƒo ƒu hetɔ ɖe wo nɔewo nu.
8 我望見他們身上有了筋,生了肉,包了皮,但他們還沒有氣息。
Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ lãmekawo kple lã ɖo ƒuawo ŋu eye ayi fa ɖe wo ŋu, gake gbɔgbɔ mege ɖe wo me o.
9 上主對我說:「你應向氣息講預言! 人子,應向氣息講預言說:吾主上主這樣說:氣息,你應由四方來,吹在這些被殺的人身上,使他們復活。」
Eye wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ya, gblɔ nya ɖi, Ame vi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Va, o, gbɔgbɔ, va tso ya eneawo me, eye nàgbɔ ɖe ame siwo wowu la me be woagbɔ agbe.’”
10 我遵命一講了預言,氣息就進入他們內,他們遂復活了,並且站了起來;實在是一支龐大的軍隊。
Ale megblɔ nya ɖi abe ale si wòɖo nam ene, eye gbɔgbɔ ge ɖe wo me. Wogbɔ agbe, eye wotsi tsitre; aʋakɔ gã aɖee.
11 上主對我說:「人子,這些骨頭就是以色列家族。他們常說:我們的骨頭乾枯了,絕望了,我們都完了!
Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ƒu siawo nye Israel ƒe aƒe blibo la. Wobe, ‘Míaƒe ƒuwo ƒu kplakplakpla; míaƒe mɔkpɔkpɔ bu; woɖe mí ɖa.’
12 為此,你向他們講預言說:吾主上主這樣說:看,我要親自打開你們的墳墓;我的百姓,我要從你們的墳墓中把你們領出來,引你們進入以色列地域。
Eya ta gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: O, nye amewo, mele miaƒe yɔdowo ʋu ge, eye maɖe mi tso wo me: magbugbɔ mi ava Israelnyigba dzi.
13 我的百姓! 當我打開你們的墳墓,把你們從墳墓內領出來的時候,你們便承認我是上主。
Ekema mi, nye amewo, mianya be nyee nye Yehowa, ne meʋu miaƒe yɔdowo, eye meɖe mi do goe tso wo me.
14 我要把我的神注入你們內,使你們復活,叫你們安居在你們的地域內,那時,你們便要承認我,上主言出必行-吾主上主的斷語。」
Made nye Gbɔgbɔ mia me, mianɔ agbe, eye mana mianɔ miawo ŋutɔ miaƒe anyigba dzi. Ekema mianya be nye, Yehowa, meƒo nu, eye mewɔe hã; Yehowae gblɔe.’”
15 上主的話傳給我說:「
Yehowa ƒe nya va nam,
16 人子,你拿一塊木頭,上面寫:『猶大和他的同族以色列子民。』再拿另一塊木頭,上面寫:『若瑟──厄弗辣因的木頭──和他的同族的以色列子民。』
“Ame vi, tsɔ ati aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Enye Yuda kple Israelvi siwo dea ha kplii la tɔ.’ Emegbe la, nàtsɔ ati bubu, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Efraim ƒe ati, enye Yosef kple Israel ƒe aƒe siwo katã dea ha kplii la tɔ.’
17 以後,你把兩塊木頭連成一塊,在你手中成為一塊。
Tɔ wo ɖe wo nɔewo nu ale be woazu ɖeka le wò asi me.
18 若你民族的子民詢問你說:這是什麼意思,你不能告訴我們嗎﹖
“Ne mia detɔwo bia wò be, ‘magblɔ nu si nèfia to esia me na mí oa?’ la,
19 你要回答他們說:吾主上主這樣說:看,我要拿若瑟的──即在厄弗辣因手中的──和他的同族以色列支派的木頭,將它同猶大的木頭連結成為一塊木頭,在我手中只成為一塊。
nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ Yosef ƒe ati, ati si le Efraim ƒe asi me la kple Israel ƒe to siwo katã dea ha kplii la tɔ, eye matɔe ɖe Yuda ƒe ati nu, eye woazu ɖeka le nye asi me.’
20 你應把在上面寫過字的兩塊木頭,拿在你手中,在他們面前,
Lé ati siwo dzi nèŋlɔ nu ɖo la ɖe woƒe ŋkume,
21 對他們說:吾主上主這樣說:看,我要把以色列子民從他們所到的異民中領出,把他們由各方聚集起來,引他們回到自己的地域;
eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Maɖe Israelviwo ɖa tso dukɔ siwo me woyi la me. Maƒo wo nu ƒu tso teƒeawo katã, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
22 我要使他們在那地和以色列山上成為一個民族,他們只有一位國王,不再是兩個民族,不再分為兩個國家;
Mawɔ wo dukɔ ɖekae le anyigba la dzi, le Israel ƒe towo dzi. Fia ɖeka aɖu wo katã dzi, womaganye dukɔ eve akpɔ o loo alo woama wo ɖe fiaɖuƒe eve me o.
23 他們也不再為他們的偶像、怪物和各種邪惡所玷污;我要把他們由他們因背約所犯的各種罪過中救拔出來,淨化他們,成為我的民族,我作他們的天主。
Womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe legbawo alo ametikpakpɛ nyɔŋuwo alo kple woƒe nu vɔ̃wo dometɔ aɖeke o, elabena maɖe wo tso woƒe megbededewo katã me, eye makɔ wo ŋu. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu.
24 我的僕人達味要作他們的國王,他們全體只有一個牧人;他們要遵行我的法律,謹守我的誡命,且一一實行;
“‘Nye dɔla, David anye woƒe fia, eye kplɔla ɖeka anɔ wo si. Woazɔ ɖe nye seawo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi.
25 他們要安居在我賜給我的僕人雅各伯,即他們的祖先所居住的地方;他們、他們的兒子,他們的子子孫孫直到永遠住在那裏;我的僕人達味永遠作他們的領袖。
Woanɔ anyigba si metsɔ na nye dɔla Yakob, anyigba si dzi mia fofowo nɔ la dzi. Woawo kple wo viwo kple wo viwo ƒe viwo anɔ afi ma tegbetegbe, eye David, nye dɔla, anye woƒe fiaviŋutsu tegbetegbe.
26 我要同他們訂立和平的盟約,同他們訂立永遠的盟約;我要厚待他們,使他們昌盛,且在他們中立我的聖所,直到永遠。
Mawɔ ŋutifafa ƒe nubabla kpli wo, wòanye nubabla mavɔ. Maɖo wo gɔme anyi, madzi woƒe xexlẽme ɖe edzi, eye mali ke nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbetegbe.
27 我的住所也設在他們中間;我要作他們的天主,他們要作我的百姓。
Nye nɔƒe anɔ wo dome; manye woƒe Mawu, eye woanye nye amewo.
28 當我的聖所永遠在他們中間時,異民便承認我是祝聖以色列的天主。」
Ekema dukɔwo anya be, nye Aƒetɔ lae wɔ Israel kɔkɔe le esime nye Kɔkɔeƒe la le wo dome tegbetegbe.’”

< 以西結書 37 >