< 以西結書 33 >

1 上主的話傳給我說:「
Yehowa ƒe gbe va nam be,
2 人子,你應告訴你民族的子女,向他們說:當我使刀劍臨於一地,那地的百姓就應從自己的人中選出一人,立他作為他們的警衛,
“Ame vi, ƒo nu na wò dukɔmetɔwo, eye nàgblɔ na wo be ne metsɔ yi ɖe dukɔ aɖe ŋu, eye dukɔa me tɔwo tia wo dometɔ ɖeka wòzu gbetakplɔla,
3 他一見刀劍臨近那地,就吹號筒,警告人民;
eye wòkpɔ yi la wògbɔna ɖe dukɔ la ŋu, ne eku kpẽ be yeaxlɔ̃ nu eƒe amewo la,
4 人民聽見號筒的聲音,若不加戒備;刀劍來了,將他除掉,他的血債應歸他自己承當,
ekema ne ame aɖe se kpẽ la, gake melé fɔ ɖe nuxlɔ̃ame la ŋu o, eye yi la va wui la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi.
5 因為他聽見號聲,而不加戒備,他的血債應由他自己承當,那發警告的必安全無恙。
Esi wòse kpẽ la ƒe ɖiɖi, gake mewɔ nuxlɔ̃ame la dzi o ta la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Nenye ɖe wòwɔ ɖe nuxlɔ̃ame la dzi la, anye ne eɖe eɖokui.
6 警衛若見刀劍來臨,卻不吹號筒,人民因此沒有受到警告;刀劍來了,即便除掉他們中一人,這人雖因自己的罪惡被除掉,但我也要由警衛手中追討他的血債。
Ke ne gbetakpɔla la kpɔ yi la wògbɔna, eye meku kpẽ la be yeaɖo afɔ afɔta na ameawo o, eye yi la va wu wo dometɔ ɖeka la, woakplɔ ame la adzoe le eƒe nu vɔ̃ ta, gake mana gbetakpɔla la nana akɔnta le eƒe ʋu ŋuti.
7 人子,我也這樣立你作以色列家族的警衛;你聽了我口中的話,應代我警告他們。
“Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye.
8 為此,當我告訴惡人:『惡人,你必喪亡! 』你若不講話,也不警告惡人離開邪道,那惡人雖因自己的罪惡而喪亡,但我要由你手中追討他的血債。
Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘O ame vɔ̃ɖi, èle kuku ge godoo,’ eye ne mègbe nɛ be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o la, ame vɔ̃ɖi ma aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, eye mana nàna akɔnta le eƒe ʋu ŋu.
9 你若警告惡人叫他離開邪道,但他不肯歸正,離開邪道,他必因自己的罪惡而喪亡,你卻救了自己。」「
Ke ne ègblɔ na ame vɔ̃ɖi la be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye wògbe la, aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò ya la, àɖe ɖokuiwò.
10 人子,你應告訴以色列家族:你們曾這樣說:『我的過犯和罪惡重壓著我們,我們必因此消滅,我們還怎能生存﹖』
“Ame vi, gblɔ na Israel ƒe aƒe la be nya si gblɔm mele enye, ‘Míaƒe dzidadawo kple míaƒe nu vɔ̃wo zu agba na mí, eye wona míele tsɔtsrɔ̃m le wo ta. Ekema aleke míate ŋu anɔ agbee?’
11 你要告訴他們:我指著我的生命起誓──吾主上主的斷語──我決不喜歡惡人喪亡,但卻喜歡惡人歸正,離開邪道,好能生存。以色列家族啊! 歸正罷! 歸正罷! 離開你們的邪道罷! 何必要死去呢﹖
Gblɔ na wo be Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame vɔ̃ɖi ƒe ku medoa dzidzɔ nam o, ke boŋ medina be woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye woanɔ agbe. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe mɔ vɔ̃wo ŋu! Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe?’
12 人子,你要告訴你民族的子女:義人的正義在他犯罪之日不能救他;惡人的罪過在惡人悔改之日,也不會使它喪亡在他罪過中;義人在他犯罪之日,不能因著他的正義而生存。
“Eya ta Ame vi, gblɔ na wò dukɔmetɔwo be, ‘Ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye maɖee, ne egbe toɖoɖo o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mana wòaku, ne etrɔ dzi me o. Ne ame dzɔdzɔe wɔ nu vɔ̃ la, womaɖe mɔ nɛ be wòanɔ agbe le eƒe tsã ƒe dzɔdzɔenyenye ta o.’
13 幾時我向義人說:他必生存;但他卻依仗自己的正義行惡,他所有的正義必不再被記念,他必因他所犯的罪惡而喪亡。
Ne megblɔ na ame dzɔdzɔe la be aku godoo, ke wòɖo ŋu ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, womaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ va yi la dometɔ aɖeke dzi o; aku le nu vɔ̃ si wòwɔ la ta.
14 幾時我向惡人說:你必喪亡;但他由罪惡中悔改,且遵行法律和正義,
Eye ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘Èle kuku ge godoo’ ke wòɖe asi le eƒe nu vɔ̃ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo,
15 清償抵押,歸還劫物,遵行生命的誡命,再不作惡,他必生存,不致死亡。
ne egbugbɔ awɔbanu na nutɔ, ɖo nu si wòfi teƒe, eye wòwɔ nu si naa agbe, eye mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o la, anɔ agbe kokoko, maku o.
16 他所犯的一切罪過,不再被提起,因他遵行法律和正義,必定生存。
Womaɖo ŋku eƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi nɛ o. Ewɔ nu si dzɔ, eye wòle eteƒe; anɔ agbe kokoko.
17 如果你民族的子女還說:『吾主的作法不公平。』其實是他們的作法不公平。
“Ke wò dukɔmetɔwo gblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o,’ le esime wònye woawo boŋ ƒe mɔe mele eteƒe o.
18 幾時義人離棄正義而去行惡,他必因此而喪亡;
Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋuti, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta.
19 幾時惡人離棄罪惡,而遵行法律和正義,他必因此而生存。
Nenema ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe ɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋuti, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wòle eteƒe la, anɔ agbe to nu sia wɔwɔ me.
20 你們怎麼還說:『吾主的作法不公平﹖』以色列家族,我必照你們每人的行為審判你們。」
Ke, O! Israel ƒe aƒe, ègblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ Ke madrɔ̃ ʋɔnu mia dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe eya ŋutɔ ƒe zɔzɔme nu.”
21 我們充軍後十一年十月五日,有一個從耶路撒冷逃到我這裏的人說:『京城陷落了。』
Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe wuievelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia gbe la, ŋutsu aɖe si si tso Yerusalem la va tum, eye wògblɔ nam be, “Wogbã du la!”
22 在逃難者來的前一晚上,上主的手臨於我,開了我的口;及至他早晨來到我這裏以前,我的口已開了,我不再作啞吧。
Azɔ la, fiẽ si do ŋgɔ na ŋutsu la ƒe vava la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eʋu nye nu hafi ŋutsu la va gbɔnye le ŋdi me. Ale nye nu ʋu, eye nyemegazi ɖoɖoe o.
23 上主的話傳給我說:「
Eye Yehowa ƒe gbe va nam be,
24 人子,在以色列地區住在那些廢墟裏的人仍說道:亞巴郎只一個人就佔據了此地,我們人數眾多,此地應歸我們佔有。
“Ame vi, ame siwo le du gbagbã mawo me le Israelnyigba dzi la le gbɔgblɔm be, ‘Ame ɖeka pɛ koe nye Abraham, ke anyigba la nye etɔ. Ke míawo ya, míesɔ gbɔ. Eme kɔ ƒãa be míawoe wotsɔ anyigba la na be wòanye mía tɔ.’
25 為此你應告訴他們:吾主上主這樣說:你們吃了帶血的祭物,舉目仰望了你們的偶像,且殺人流血,而你們還要佔據此地﹖
Eya ta gblɔ na wo be, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ. ‘Esi mieɖua lã si me ʋu gale, miekpɔa miaƒe legbawo dzi ɖa, eye miekɔa ʋu ɖi la, ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?
26 你們仍仗著刀劍,行醜惡之事,每人玷污近人的妻子,而你們還要佔據此地﹖
Mieɖoa ŋu ɖe miaƒe yi ŋu, miewɔa ŋunyɔnuwo, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gblẽ kɔ ɖo na nɔvia srɔ̃. Ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?’”
27 你應告訴他們:吾主上主這樣說:我指著我的生命起誓:那在廢墟中的,必喪身刀下;在原野的,我要把他們交給野獸吞噬;在堡壘和山洞中的,必死於瘟疫。
Gblɔ na wo be, alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ. “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame siwo susɔ ɖe du gbagbãwo me la atsi yi nu; matsɔ ame siwo le gbedzi la ade asi na lã wɔadãwo woavuvu wo, eye ame siwo le mɔ sesẽwo me kple agadowo me la, dɔvɔ̃ awu wo.
28 我要使此地變為沙漠和荒野,使她再不能誇耀自己的勢力;我要使以色列的山變為荒丘,再無人經過。
Mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe, eye eƒe ŋusẽ si ŋu wòƒoa adegbe le la nu atso. Israel ƒe towo atsi ƒuƒlu ale be ame aɖeke magate ŋu ato wo dzi ayi o.
29 為了他們所行的醜惡,我使此地變為沙漠和荒野時,他們必承認我是上主。
Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne mena anyigba la zu aƒedo kple gbegbe le ŋunyɔnu siwo katã wowɔ la ta.
30 人子,你民族的子女在牆下及他們的門口,彼此談論你說:來,我們去聽聽由上主那裏傳出了什麼話﹖
“Ke wò ya la, Ame vi, wò dukɔmetɔwo le nu ƒom le ŋuwò le gliwo ŋu kple le woƒe aƒetɔ ƒe ʋɔtruwo nu. Wole gbɔgblɔm na wo nɔewo be, ‘Miva se gbedeasi si tso Yehowa gbɔ.’
31 他們便成群結隊地來到你這裏,像我的百姓般坐在你面前,聽你的話,但不去實行;他們口頭上說的是甜言蜜語,但他們的心卻在追求不義的利益。
Nye amewo vaa gbɔwò abe ale si wowɔna ɖaa ene, wonɔa anyi ɖe ŋgɔwò be yewoase wò nyawo, gake womewɔa wò nyawo dzi o. Wofiaa nyadziwɔwɔ kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖiwo ŋu.
32 你對他們好像唱情歌的人,歌喉悅耳,彈奏美妙;他們喜歡聽你說的話,卻不去實行。
Le nyateƒe me la, le wo gbɔ la, mènye naneke wu ame si tsɔa gbe vivi dzia lɔlɔ̃hawo, eye nèƒoa haƒonu aɖe nyuie ale be woase wò nyawo, ke womewɔa wo dzi o.
33 當這事來時──看,已來了! ──他們必承認在他們中有位先知。」
“Ne nu siawo katã va eme, eye woava eme hã la, ekema woanya be nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome.”

< 以西結書 33 >