< 以西結書 26 >

1 十一年十一月一日,上主的話傳給我說:「
Le ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣletia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe nya va nam be,
2 人子,因為提洛譏笑耶路撒冷說:『哈哈! 眾民的門戶已破壞,已轉讓與我;我要富強,她反要荒蕪。』
“Ame vi, esi Tirotɔwo gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Ahã! Dukɔwo ƒe agbo kaka, eye woƒe ʋɔtruwo ʋu nam. Azɔ esi eƒe dua gbã ta la, nuwo adze edzi nam’ ta la,
3 為此吾主上主這樣說:提洛,看,我要攻擊你,引領眾民像滾來的海潮來攻擊你。
ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. O! Tiro, mana dukɔ geɖe naho ɖe ŋuwò abe ale si atsiaƒu naa eƒe ƒutsotsoewo dea dzi ene.
4 他們要破壞提洛的城牆,蕩平角樓,而我要掃除其中的塵土,使她成為光滑的磐石,
Woagbã Tiro ƒe gliwo, eye woamu eƒe xɔ tsralawo. Makplɔ eƒe gli gbagbã kakɛawo ɖa, eye mana wòazu agakpe ƒuƒlu
5 作為海中曬網的地方:這是我,上主親自說的──吾主上主的斷語──她必成為異民的掠物。
Le atsiaƒu me la, azu ɖɔsiaƒe. Nyee ƒo nu; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Azu nuhaha na dukɔwo,
6 那在陸地上的屬城,必毀於刀劍:如此,他們要承認我是上主。
eye eƒe duwo le anyigba la dzi me tɔwo atsi yinu. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”
7 因為吾主上主這樣說:看,我要使王中之王,巴比倫王拿步高,從北方率領戰馬、戰車、騎兵和龐大的聯軍來攻打提洛。
“Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Makplɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, fiawo dzi fia tso anyiehe, wòaho aʋa ɖe Tiro ŋu kple tasiaɖamwo kple sɔwo kple sɔdolawo kple aʋakɔ gã aɖe.
8 他要用刀劍屠殺你陸上的屬城,豎起攻你的雲梯,築起攻你的高台,設立攻你的高楯,
Atsɔ yi awu wò du siwo le anyigba dzi la me tɔwo, atu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo ɖe ŋuwò, aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye wòakɔ akpoxɔnu dzi ɖe ŋuwò.
9 支起破城機撞擊你的城牆,用鐵器擊毀你的角樓。
Atrɔ eƒe gligbãnuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye wòatsɔ eƒe aʋawɔnuwo agbã wò xɔ tsralawo.
10 你要為他大批戰馬所掀起的塵土所掩蓋,你的城牆要為他的騎兵、車輪和戰車的轟轟聲所震動;當他進入你的城門時,好像進入一座已征服的城。
Eƒe sɔwo asɔ gbɔ ale gbegbe be woana ʋuʋudedi natsyɔ dziwò. Aʋawɔsɔwo, kekewo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana wò gliwo naʋuʋu kpekpekpe, ne ege ɖe wò agbowo me abe ale si amewo gena ɖe du si ŋu gli gbã le la me ene.
11 他戰馬的鐵蹄要踏遍你的街道,他將用刀劍屠殺你的人民,且把你的神柱推倒在地。
Eƒe sɔwo ƒe afɔkliwo agblẽ nu le wò ablɔwo katã dzi, awu wò amewo kple eƒe yi, eye wò sɔti sesẽwo amu adze anyi.
12 他們要搶掠你的財富,劫奪你的貨品,破壞你的城垣,拆毀你豪華的宮室,並把你的石頭、木材和瓦礫拋到海中。
Woaha wò kesinɔnuwo, alɔ wò adzɔnuwo, woamu wò gliwo, woagbã wò xɔ dzeaniwo, eye woalɔ wò kpewo, xɔtutuwo kple gli gbagbãwo akɔ ɖe atsiaƒu me.
13 我要使你的歌聲停止,再也聽不到你的琴聲。
Mana wò hadzidzi ƒe ɖiɖi sesĩe nu natso, eye womagase wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi azɔ o.
14 我要使你成為光滑的磐石,成為曬網的乾地;你將永不得重建,因為是我,上主說的──吾主上主的斷語。
Mana nàzu agakpe si le ƒuƒlu, eye nàzu teƒe si woasia ɖɔwo ɖo. Womagbugbɔ wò atu akpɔakpɔ o, elabena, nye Yehowae ƒo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
15 吾主上主論提洛這樣說:當屠刀在你中間屠殺之時,受傷者呻吟之際,你傾倒之聲,群島聽了,豈不震動﹖
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Tiroe nye si. ‘Ɖe wò ƒuta maʋuʋu kpekpekpe le wò anyidzedze ƒe ɖiɖi ta, ne abixɔlawo le hũu ɖem, eye amewuwu le edzi yim le mewò oa?
16 所有海上的王子都要由寶座上下來,除去朝服,脫下錦衣,皆為恐怖所籠罩,坐在地上,不停地戰慄,為你而驚駭。
Ekema dziɖula siwo le ƒuta duwo me la aɖi le woƒe fiazikpuiwo dzi, eye woaɖe woƒe fiawuwo kple awu ŋɔŋɔewo ada ɖi. Vɔvɔ̃ aɖo wo, woanɔ anyigba, anɔ dzodzom nyanyanya ɣeawo katã ɣi, eye woƒe nu aku ɖe ŋuwò.
17 他們且作哀歌憑弔你說:你這居於水上,海上稱霸的名城,你和你的居民曾威脅過陸上的居民,怎麼滅亡了呢﹖
Ekema woadzi konyifahawo ɖe ŋuwò, eye woagblɔ nya siawo na wò. “‘Aleke ƒudzitɔwo gbã wò, o, du xɔŋkɔ! Ènye ŋusẽ nɔ ƒuwo dzi kpɔ, wò kple wò amewo, mienye ŋɔdzi na ame siwo katã nɔ afi ma.
18 現今,群島在你傾覆之日大為震動,海中島嶼為了你的結局,甚為恐懼。
Azɔ la, wò ƒutanyigbawo le dzodzom kpekpekpe le wò anyidzegbe ta, eye vɔvɔ̃ ɖo ƒukpowo le atsiaƒu me le wò anyidzedze ta.’”
19 因為吾主上主這樣說:當我使你成為一座荒蕪,像無人居住的城池時,當我使深淵上升,使大水淹沒你時,
Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. “Ne mena nèzu aƒedo abe du si me ame aɖeke megale o, ne mehe atsiaƒu ƒe gogloƒe tsyɔ dziwò, eye eƒe tsi gbawoo la ƒo xlã wò la,
20 我要把你推下,與先前下到陰府的古人在一起;我要使你住在極深之處,即住在久已荒蕪之地;與下到陰府的人在一起,以致你再不得返回,在生活的大地上復興。
ekema mana nàyi to kple ame siwo yi aʋlime, àyi gbe aɖe gbe tɔwo gbɔ. Mana nànɔ anyigba te, le aƒedo xoxowo me kple ame siwo yi aʋlime, màgatrɔ agbɔ alo axɔ wò teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.
21 我要使你成為恐怖的對象,永不復存在;即便人找你,也永遠再找不到──吾主上主的斷語。」
Mana wò nuwuwu nadzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o. Woadi wò, gake womagakpɔ wò akpɔ o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

< 以西結書 26 >