< 以西結書 11 >

1 以後,神力把我提起,把我帶到上主聖殿東面的東門那裏。看,在大門口有二十五個人,我看見在他們中有阿組爾的兒子亞匝尼雅和貝納雅的兒子培拉提雅,他們是民眾的首領。
Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi, eye wòkɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nu. Ŋutsu blaeve vɔ atɔ̃ wonɔ agbo la nu, eye mekpɔ Yazania, Azur ƒe vi kple Pelatia, Benaya ƒe vi, ameawo nunɔlawo le ameawo dome.
2 上主向我說:「人子,在這城中圖謀不軌,出壞主意的就是這些人。
Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ame siawoe le nugbe ɖom ɖe dua ŋu, eye wole aɖaŋu vɔ̃ ɖom na amewo le dua me.
3 他們說:房屋不是剛建築不久嗎﹖城是鍋,我們是肉。
Wogblɔna be, ‘Menye ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ woatu xɔwo oa?’ Du sia nye nuɖaze aɖe, eye míawoe nye lã la.
4 為此你要發言反對他們;人子,發言罷! 」
Eya ta migblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu; ame vi, gblɔ nya ɖi.”
5 上主的神臨於我,向我說:「你要說:上主這樣說:以色列家,你們所說過的話,心中想的什麼,我都知道。
Tete Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam be magblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: nya ma gblɔm miele, O! Israel ƒe aƒe, ke menya nu siwo le miaƒe susu me.
6 你們在此城中殺害了許多人,街市上滿了傷亡的人。
Miewu ame geɖewo le du sia me, eye miaƒe ablɔwo dzi yɔ fũu kple ame kukuwo.
7 為此吾主上主這樣說:你們在城內所殺害的人是肉,城是鍋,但你們都要由城中趕出去。
“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame kuku siwo mietsɔ ƒu gbe ɖe afi ma lae nye lã la, eye du siae nye nuɖaze la, gake manya mi do goe le dua me.
8 你們怕刀劍,我必使刀劍臨於你們──吾主上主的斷語--
Mievɔ̃a yi, eye yie nye nu si matsɔ ɖe mia ŋu.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
9 我要把你們由城中趕出,把你們交於外人手中,在你們身上實行懲罰。
Manya mi do goe le dua me, ahatsɔ mi ade asi na amedzrowo, eye mahe to na mi.
10 你們要喪身刀下;我必要在以色列邊境上懲罰你們;如此,你們要承認我是上主。
Miatsi yi nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒowo dzi. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.
11 這城為你們決不是鍋,你們也決不是其中的肉;我必要在以色列邊境上懲罰你們。
Du sia manye nuɖaze na mi o alo mianye lã le eme o. Madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒowo dzi,
12 如此你們必承認我是上主,因為你們沒有遵行我的法令,沒有實行我的法律,卻照你們四鄰異民的法律去行。」
eye mianya be nyee nye Yehowa, elabena miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu alo wɔ nye sewo dzi o, ke boŋ miewɔa nu siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi la wɔna.”
13 我正在講預言的時候,貝納雅的兒子培拉提雅死了;我遂伏地掩面,高聲哀呼說:「哎! 吾主上主,你要滅盡以色列的遺民嗎﹖」
Azɔ la, esi menɔ nya gblɔm ɖi la, Pelatia, Benaya ƒe vi ku. Tete metsyɔ mo anyi hedo ɣli sesĩe be, “A! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nàtsrɔ̃ Israel ƒe ame mamlɛawo keŋkeŋua?”
14 上主的話傳給我說:「
Yehowa ƒe nya va nam be,
15 人子,耶路撒冷的居民論及你的同胞兄弟,同你一起被擄的人,即以色列全家族的人,這樣說:他們遠離了上主,這地應歸於我們佔有了。
“Ame vi, nɔviwò siwo nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu le aboyome kpli wò kple Israel ƒe aƒe blibo la ŋue Yerusalemtɔwo gblɔ le be, ‘Wole adzɔge ke tso Yehowa gbɔ; wotsɔ anyigba sia na mí be wòanye míatɔ.’”
16 為此你應宣講說:吾主上主這樣說:我雖遷移他們,遠至異民之中,將他們分散到各國,但在他們所到的地方,我暫時仍是他們的聖所。
“Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: togbɔ be meɖo wo ɖe didiƒe, ɖe dukɔwo dome, eye mekaka wo ɖe anyigbawo dzi hã la, menye sitsoƒe na wo ɣeyiɣi kpui aɖe le anyigba siwo dzi woyi.’
17 因此你應宣講:吾主上主這樣說:我要從各民族聚集你們,由你們分散所到的各國中召集你們,把以色列地域再賜給你們。
“Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔawo dome, makplɔ mi agbɔe tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo, eye magatsɔ Israel ƒe anyigba ana mi.’
18 他們一回到那裏,必滅絕那裏的偶像,剷除那裏的一切醜惡的事。
“Woagbugbɔ va edzi, eye woaɖe eƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo katã kple legba nyɔŋuwo katã ɖa.
19 我必賜給他們另一顆心,在他們臟腑放上另一種精神;拿走他們鐵石的心,給他們換上一顆血肉的心,
Mana dzi si to mɔ ɖeka wo, eye made gbɔgbɔ yeye wo me. Maɖe kpedzi la ɖa le wo me, eye mana lãkusidzi wo.
20 為使他們遵行我的法令,謹守我的法律,而一一實行:如此他們要作我的百姓,我要作他們的天主。
Ekema woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye woakpɔ egbɔ be, yewowɔ nye seawo dzi. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu.
21 至於那些心中仍隨從偶像和醜惡之事的人,我要把他們的行為歸在他們的頭上──吾主上主的斷語。」
Ke ame siwo ƒe dzi ku ɖe woƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo kple legba nyɔŋuwo ŋu la, mana nu siwo wowɔ la nava woawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
22 那時革魯賓展開了翅膀,輪子也隨著轉動,以色列天主的光榮停在他們之上。
Tete kerubiawo keke woƒe aʋalawo esime tasiaɖamfɔtiawo nɔ wo xa, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame.
23 上主的光榮由城中升起,停在城東的山上。
Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yi dzi tso dua me, eye wòtɔ ɖe to si le dua ƒe ɣedzeƒe la tame.
24 神力把我提起,在異象中,即在天主的神力中,把我帶到加色丁充軍的人那裏。我所見的異象就在我面前消失了。
Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi hedam ɖe aboyome siwo nɔ Babilonia la dome le ŋutega si Mawu ƒe Gbɔgbɔ na mekpɔ la me. Tete ŋutega si mekpɔ la, dzo le gbɔnye,
25 我遂向充軍的人講述上主給我顯示的一切事。
eye megblɔ nu siwo katã Yehowa ɖe fiam la na aboyomeawo.

< 以西結書 11 >