< 出埃及記 8 >
1 上主又對梅瑟說:「你去見法朗向他說:上主這樣說:你該放我的百姓走,好叫他去崇拜我。
Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si. Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm.
Ne ègbe la, maɖo akpɔkplɔwo ƒe hatsotso gãwo ɖa woava xɔ wò anyigba la dzi tso liƒo ɖeka dzi yi bubu dzi.
3 河中要滋生蝦蟆,牠們要上來進入你的宮殿和臥室,爬上你的床榻,進入你臣僕和你百姓的房屋,進入你的爐灶和搏麵盆。
Akpɔkplɔwo asɔ gbɔ ɖe Nil tɔsisi la me. Woava ge ɖe wò fiasã la me, age ɖe wò xɔdɔme me, woage ɖe wò abati dzi, woage ɖe wò dumegãwo ƒe aƒewo me, eye woage ɖe abolokpowo kple amɔzewo me.
Akpɔkplɔawo ata le wò ŋutɔ, wò amewo kple ŋuwòmewo katã dzi.’”
5 上主對梅瑟說:「你給亞郎說:將你手中的棍杖伸在河、溝渠和池沼之上,使蝦蟆上到埃及地上。」
Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be wòado eƒe atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo katã dzi le Egipte.”
6 亞郎將手一伸在埃及的水上,蝦蟆就上來遮蓋了埃及地。
Aron wɔ nu sia, eye akpɔkplɔwo xɔ anyigba blibo la dzi.
7 而巫士也用巫術作了同樣的事,使蝦蟆上到了埃及地。
Ke akunyawɔlawo hã tsɔ woƒe ayemenuwɔwɔwo wɔ nenema, eye woawo hã na akpɔkplɔwo do ɖe anyigba la dzi.
8 法朗召梅瑟和亞郎來說:「請你們祈求上主,使這些蝦蟆離開我和我的人民,我必放這百姓去祭獻天主。」
Tete Farao yɔ Mose kple Aron, heƒo koko na wo be, “Miɖe kuku na Yehowa be wòaɖe akpɔkplɔawo ɖa, ekema maɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasa vɔ nɛ.”
9 梅瑟回答法朗說:「請給我指定,叫我幾時為你,為你的臣僕和你的人民祈求,使蝦蟆離開你和你的宮殿,而只留在河中! 」
Mose gblɔ be, “Ve nunye, eye nàgblɔ ɣeyiɣi si nàna woayi la nam ekema mado gbe ɖa be akpɔkplɔawo naku le ɣeyiɣi si dzi tututu nàtɔ asii la dzi. Akpɔkplɔawo aku le afi sia afi negbe le tɔsisi la me ko.”
10 法朗說:「明天。」梅瑟回答說:「就照你說的話作,為叫你知道,沒有誰能相似上主,我們的天主。
Farao ɖo eŋu nɛ be, “Wɔe etsɔ si gbɔna.” Mose yi edzi be, “Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o.
11 蝦蟆必要離開你,你的宮殿,你的臣僕和你的人民,而只留在河中。」
Akpɔkplɔawo katã atsrɔ̃ negbe esiwo le tɔsisi la me ko.”
12 於是梅瑟和亞郎離開法朗走了。梅瑟遂呼求上主,除去加於法朗的蝦蟆。
Ale Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ. Mose ɖe kuku na Yehowa le akpɔkplɔ siwo wòɖo ɖa la ŋu.
13 上主就照梅瑟所求的作了;在房屋、院庭和田地中的蝦蟆都死了。
Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si Mose do na Farao la dzi. Akpɔkplɔ kukuwo yɔ duwo godo kple aƒewo me siaa.
Woli kɔ wo gleglegle, eye wohe ʋeʋẽ sẽŋu aɖe va anyigba blibo la dzi.
15 法朗見災情減輕,又硬了心,不肯聽梅瑟和法郎的話,正如上主所說。第三災、蚊子
Ke esi Farao kpɔ be woɖe akpɔkplɔawo ɖa ko la, egasẽ dzi me, eye wògbe asiɖeɖe le ameawo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.
16 上主又對梅瑟說:「你給亞郎說:伸你的棍杖擊打地上的塵土,塵土要在埃及全地變成蚊子。」
Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ ƒo anyigba, eye ke siwo katã le Egiptenyigba dzi la atrɔ azu muwo.’”
17 他們便照樣作了;亞郎伸手,用棍杖擊打地上塵土,蚊子就來到人和牲畜的身上。埃及全國的塵土都變成了蚊子。
Mose kple Aron wowɔ nu si Mawu ɖo na wo la. Tete muwo xɔ Egiptenyigba blibo la dzi enumake, eye woƒo kɔ ɖe amewo kple woƒe lãwo katã dzi.
18 巫士也想照樣用巫術產生蚊子,但都沒有成功。蚊子仍留在人和牲畜的身上。
Akunyawɔlawo dze agbagba be yewo hã yewoawɔ nu ma ke kple woƒe nunya ɣaɣlawo, gake azɔ ya la, womete ŋui o, eye muawo ɖu amewo kple lãwo siaa.
19 巫士向法朗說:「這是天主的手指。」但是法朗還是心硬,不肯聽從梅瑟和亞郎,正如上主所說。第四災、狗蠅
Akunyawɔlawo gblɔ na Farao be, “Esia nye Mawu ƒe asinudɔ.” Ke Farao gasẽ dzi me kokoko: meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.
20 上主對梅瑟說:「明天早晨,法朗往水邊去的時候,你要去見他對他說:上主這樣說:放我的百姓去崇拜我罷!
Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ etsɔ ŋdi kanya, nàdo go Farao esime wòyina tsi le ge le tɔsisi la me. Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm.
21 你若不放走我的百姓,看,我要叫狗蠅到你和你臣僕,以及你人民身上,進入你的宮殿,埃及人的房屋和他們所在的地方都要充滿狗蠅。
Ne ègbe la, maɖo togbatowo ƒe ha gã aɖe ɖa woava Egiptenyigba blibo la dzi, axɔ wò kple wò dumegãwo kple wò amewo ƒe aƒewo me. Ale Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbatowo, eye woayɔ anyigba la ƒe afi sia afi.
22 那時,我要使我百姓所住的哥笙地例外,在那裏沒有狗蠅,為叫你知道,在地上只有我是上主。
“‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi,
23 我要將我的百姓同你的百姓分開。明早必發生這奇事。」
elabena made vovototo wò amewo kple nye amewo dome. Dzesidede siawo katã ava eme etsɔ.’”
24 上主就這樣行了:成群的狗蠅進了法朗的宮殿和他臣僕的房屋,埃及全境的土地都為狗蠅毀壞。
Yehowa wɔ abe ale si wògblɔ ene. Togbatowo ƒe ha gã aɖe nye zi ge ɖe Farao ƒe fiasã la me kple eƒe dumegãwo ƒe aƒewo me, eye togbatoawo gblẽ nu le Egiptenyigba blibo la dzi.
25 法朗又召梅瑟和亞郎來說:「你們去,在此地祭獻你們的天主! 」
Farao yɔ Mose kple Aron enumake hegblɔ na wo be, “Enyo; miyi miasa vɔ na miaƒe Mawu la, gake misa vɔ la le afii, le anyigba sia dzi, migayi gbedzi o.”
26 梅瑟回答說:「決不能這樣行,因為我們給上主我們的天主所獻的祭物,是埃及人視為不可侵犯的。若是我們在埃及人前祭殺他們視為不可侵犯的東西,他們豈不用石頭打死我們﹖
Ke Mose ɖo eŋu be, “Eya masɔ o! Egiptetɔwo lé fu míaƒe vɔsawo. Ne míasa vɔ na Yehowa míaƒe Mawu le woƒe ŋkuta la, woawu mí.
27 我們要走三天的路程,到曠野裏給上主我們的天主獻祭,全照他吩咐我們的。」
Ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, asa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma, abe ale si wòɖo na mí ene.”
28 法朗回答說:「我讓你們到曠野裏給上主你們的天主獻祭,但是不可走的太遠。也請你們為我祈禱。」
Farao ɖo eŋu be, “Enyo, maɖe mɔ na mi be miayi aɖasa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la, gake migayi didiƒe sãa o. Azɔ la, miɖe abla miaɖe kuku na miaƒe Mawu la ɖe tanye.”
29 梅瑟說:「我現在辭別你去祈求上上主,明天狗蠅將會離開陛下,你的臣僕和你的人民,但希望陛下不再欺騙,不放百性去給上主獻祭。」
Mose lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, “Ne medzo le gbɔwò la, mabia Yehowa be wòana togbatoawo katã nabu. Ke mele nya gbem na wò be mègable mí azɔ, ado ŋugbe na mí be yeaɖe asi le ameawo ŋu, eye emegbe nàgatrɔ susu o.”
Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa be wòaɖe togbatoawo ɖa.
31 上主便照梅瑟祈求的行了,叫狗蠅離開法朗、他的臣僕和人民,一個也沒有留下。
Eye Yehowa wɔ nu si Mose bia. Togbatoawo dzo le Farao kple eŋumewo kple eƒe amewo gbɔ; wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meganɔ anyi o.
Ke fifia gɔ̃ hã la, Farao gasẽ dzi me, eye melɔ̃ be yeaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o.