< 出埃及記 39 >

1 以後用紫色、紅色、朱紅色的毛線,做了聖所內行禮穿的祭服,也做了為亞郎穿的聖衣,全照上主向梅瑟所吩咐的。厄弗得
Le esiawo megbe la, ameawo tsɔ avɔ siwo wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la tɔ awu nyuiwo na nunɔlawo be woado hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Wotsɔ avɔ sia ke tɔ Aron ƒe awu kɔkɔewo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
2 用金線,紫色、紅色、朱紅色的毛線和捻的細麻,做了厄弗得,
Wotsɔ avɔ sia ke si wolɔ̃ kple sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple ɖetika ɣitɔ tɔ kɔmewu la hã.
3 就是將金子鎚成了薄片,切成細線,以織工編織在紫色、紅色、朱紅色毛線和細麻之中。
Bezalel tu sika wòzu falɛe, eye wòfe eme wòzu sikaka suesuewo. Etsɔ wo na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo be woalɔ̃ nu ɖe avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la me. Enye aɖaŋu nyui aɖe si nya kpɔ ŋutɔ.
4 為厄弗得做了肩帶,結在厄弗得的兩端,連結在一起。
Wode ka abɔta na kɔmewu la, eye woku wo ɖe kɔmewu la ƒe dzogoe eve ŋuti ale be woate ŋu asae.
5 那將厄弗得束在身上的帶子,像厄弗得一樣做成,與厄弗得連在一起,是用金線,紫色、紅色、朱紅色的毛線和捻成的細麻做成的,全按上主向梅瑟所吩咐的。
Alidziblanu si wolɔ̃ kple aɖaŋu la sɔ kplii, wotsɔ sika, ɖetika ɣi, blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ lɔ̃ wo kple kɔmewu la ɖekae abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene la tututu.
6 將兩塊紅瑪瑙石修好崁在金框內,以刻印之法雕刻了以色列的兒子們的名字。
Wotsɔ sika wɔ kae, eye wotsɔ sikaka la lé onikskpe eve siwo wotɔ ɖe abɔtaka si le kɔmewu la ŋu lae. Woŋlɔ Israelviwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi,
7 將金框安在厄弗得的肩帶上,作為以色列子民的記念石,全照上主向梅瑟所吩咐的。胸牌
eye wotɔ wo ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
8 又以繡工用金線,紫色、紅色、朱紅色的毛線和捻的細麻做了胸牌,像做厄弗得一樣。
Akɔtawu la hã nyo abe kɔmewu la ene. Wowɔ eya hã kple sika nyuitɔ, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe kawo, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe kawo abe kɔmewu la ke ene.
9 做的胸牌是方形的,雙層,一柞長,一柞寬。
Edidi sentimita blaeve-vɔ-eve, eye wòkeke nenema ke. Woŋee ɖe akpa eve ale wòzu kotoku aɖe tɔgbi.
10 上面安裝了四行寶石:第一行:赤玉、青玉、翡翠;
Woɖo kpe xɔasiwo ɖe fli ene me ɖe edzi. Kanelian, krisolit kple beril nɔ fli gbãtɔ me.
11 第二行:紫寶石、藍玉、金鋼石;
Tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nɔ fli evelia me.
12 第三行:黃瑪瑙、白瑪瑙、紫晶;
Yasint, agate kple ametist nɔ fli etɔ̃lia me.
13 第四行:黃玉、紅瑪瑙、水蒼玉:這些寶石都鑲在金框內。
Topaz, oniks kple yaspa nɔ fli enelia me. Wotsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti.
14 寶石上有以色列的兒子們的名字,按他們的名字共十二塊;按刻印的方法,每塊刻上一個名字,代表十二支派。
Woŋlɔ Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe xɔasiawo dzi.
15 在胸牌上做了金的鏈子,像繩子一樣擰成。
Wotsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu.
16 又做了兩個金框和兩個金環;將兩個金環安在胸牌的兩端。
Sikaka eve tsi ɖe sikanulénu eve ŋu le abɔtawu la ƒe dzogoe eveawo tame;
17 將兩條金鏈結在胸牌兩端的環子上。
wosa sikaka eveawo ɖe asigɛ eveawo ŋu
18 把兩條鏈子的另兩端結在兩框子上;把兩框子結在厄弗得肩帶的前面。
eye wotɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe.
19 又做了兩個金環,安在胸排下兩端,靠近厄弗得的內邊緣上。
Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe abɔtaka eveawo ŋu ɖe Akɔtawu la te, wote ɖe afi si wokpe alidziblanu la le la ŋu.
20 還做了兩個金環,安在厄弗得的前面肩帶的下邊,靠近厄弗得帶子的上邊與肩帶相結連的地方。
Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtaka la te, wote ɖe afi si wotsi kɔmewu la ɖe alidziblanu la ŋu la ŋu.
21 用一根紫繩,把胸牌的環子繫在厄弗得的環子上,使胸牌結在厄弗得的帶上子上,免得胸牌在厄弗得上移動:全照上主向梅瑟所吩咐的。無袖長袍
Wotsi Akɔtawu la ɖe Kɔmewu la ŋu sesĩe esi wotsɔ ka blɔtɔ sa ɖe Akɔtawu la ƒe sikasigɛ kple Kɔmewu la ƒe sikasigɛ ŋu. Yehowae ɖo esiawo katã na Mose.
22 以後又為厄弗得做了一件無袖長袍,是織成的,全為紫色。
Wotsɔ avɔ blɔtɔ tɔ Kɔmewu lae.
23 長袍中間有一領口,像戰袍的領口;領口周圍鑲上邊,免得破裂。
Woɖe teƒe ɖe kɔmewu la titina, afi si ame ƒe ta nato. Woƒo to na teƒe sia ale be mavuvu o.
24 又在長袍底邊上,用捻的紫色、紅色、珠紅色的毛線做了石榴;
Wotsɔ avɔ si me wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka lɔ̃ nu ɖo la wɔ yevuboɖawo ɖe awu la to le ete godoo.
25 又用純金做了鈴鐺,將鈴鐺繫在長袍底邊周圍的石榴中間,
Wotsi nyawowoe siwo wotu kple sika nyuitɔ la ɖe yevuboɖa eve ɖe sia ɖe dome le awu la to.
26 如此在長袍底邊周圍,一個鈴鐺,一個石榴;一個鈴鐺,一個石榴,為行敬禮穿:全照上主向梅瑟所吩附的。司祭的禮服
Nyawowoe ɖeka nɔ yevuboɖa eve dome; aleae wòle awu ʋlaya la to kpe ɖo. Awu siae woado hena subɔsubɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
27 以後為亞郎和他的兒子們做了細麻長衣,是織成的。
Azɔ la, wotsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi la tɔ awu ʋlayawo na Aron kple via ŋutsuwo.
28 也做了細麻的禮冠,細麻的華麗頭巾,捻的細麻布褲子;
Wotsɔ avɔ sia ke tɔ akɔtawuwo, tablanuwo, kukuwo kple awutewuiwo kple alidziblakawoe.
29 又用捻的細麻及紫色、紅色、朱紅色的毛線編織了腰帶:全按上主向梅瑟所吩咐的。
Ke wotsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ lɔ̃ nuwo ɖe alidziblanuawo me abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene.
30 又用純金做了聖冠上的牌子,在上面像雕刻印章,刻上了「祝聖於上。」
Le esiawo katã megbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu. Woŋlɔ ɖe ganu sia dzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa.
31 又用紫色繩子將這牌子繫在理冠上:全按上主向梅瑟所吩咐的。向梅瑟交代完成的工作
Wotsɔ ka blɔtɔ lé ganu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene.
32 帳棚、會幕的一切工程都完成了;凡上主向梅瑟所吩咐的,以色列子民都照做了。
Wozɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa na Mose la nu. Ale wowu agbadɔ la nu mlɔeba.
33 他們遂把帳棚運到梅瑟前,即帳幕和帳幕的一切用具:鉤子、木板、橫木、柱子、卯座,
Azɔ la, wokɔ agbadɔ blibo la ŋunuwo yi Mose gbɔ: xɔmenuwo, ganuviawo, ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo, afɔwo;
34 染紅的公山羊皮的頂罩,海豚皮的頂罩,作屏障的帳幔,
agbogbalẽ siwo wode ama dzĩi hena agbadɔ la tame kple eƒe axawo kple xɔmenuwo;
35 約櫃和杠桿,贖罪蓋,
nubablaɖaka la, Se Ewoawo le eme; atiawo hena nubablaɖaka la kɔkɔ, amenuveteƒe la;
36 供桌和桌上的一切用具,共餅,
kplɔ̃ la kple eŋunuwo katã; ŋkumeɖobolo la;
37 純金的燈台與燈盞,即擺在燈台上的燈盞及其一切用具,燈油,
sikakaɖiti la, akaɖigbɛawo, wo ŋunuwo kple ami;
38 金祭壇,傅禮的油,馨香的香料,帳棚的門簾,
Sikavɔsamlekpui la, ami sisi la, Dzudzɔdonu ʋeʋĩ la, agbadɔnuvɔ la;
39 銅祭壇、祭壇的銅格子、杠桿和一切用具,盆和盆座,
Akɔblivɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ;
40 庭院的帷幔、柱子和卯座,庭院的門簾、繩子和橛子,以及一切為會幕聖所內使用的器皿;
Xɔxɔnu la ŋu ƒe avɔwo kple woƒe tsyotiwo, xɔxɔnu la ƒe agbonuvɔwo, kpɔtiawo; woƒe zɔwo, woƒe kawo kple gatagbadzɛawo; nu siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu me.
41 聖所內行禮的祭服,司祭亞郎的聖衣,和他兒子們盡司祭職的衣服:
Emegbe la, wotsɔ awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la.
42 以色列子民所作的一切工程,全是照上主向梅瑟所吩咐的。
Ale Israelviwo wɔ dɔ blibo la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
43 梅瑟查看了一切工程,見他們所行的,完全是照上主所吩咐的,遂祝福了他們。
Mose lé ŋku ɖe dɔ blibo la ŋu. Eyra ameawo, elabena wowɔ dɔ blibo la ɖe ale si Yehowa ɖo nɛ la nu pɛpɛpɛ.

< 出埃及記 39 >