< 出埃及記 23 >

1 不可傳播謠言;不可與惡人攜手作假見証。
“Mègakaka aʋatsonyawo o, eye mègaɖu aʋatsoɖasefo na ame vɔ̃ɖi o.
2 不可隨從多數以附和惡事;在爭訟的事上,不可隨從多數說歪曲正義的話。
“Mègadze amehawo yome le nu vɔ̃ wɔwɔ me o, eye ne woyɔ wò ɖasefoe le nya aɖe me la, mègatrɔ nyateƒe la ƒe ta tu be ne yeadze amehawo ŋu o,
3 在爭訟的事上,也不可偏袒弱小。
eye mègaɖe ami ɖe nya la be ne wò ɖaseɖiɖi la nade ame aɖe dzi le eƒe amedahenyenye ta o.
4 假使你遇見你仇人的牛或驢迷了路,應給他領回去。
“Ne èkpɔ wò futɔ aɖe ƒe nyi alo tedzi si tra mɔ la, ele be nàkplɔe ayi na nutɔ.
5 假使你遇見你仇人的驢跌臥在重載下,不可棄而不顧,應幫助驢主卸下重載。
Ne agba te wo futɔ ƒe tedzi ɖe to, eye nèkpɔ wò futɔ wòle agbagba dzem be yeado alɔ tedzi la wòatsi tsitre la, mele be nàtso eme adzo o, ke boŋ ele be nàkpe ɖe eŋu.
6 你對窮人的訴訟,不可歪曲他的正義。
“Mègana ame aɖeke ƒe ahedada nana nàtrɔ eƒe nya dzɔdzɔe wòazu nya gbegblẽ o.
7 作偽的案件,你應戒避。不可殺無辜和正義的人,因為我決不以惡人為義人。
“Mègada alakpa ɖe ame aɖeke si be ewɔ vɔ̃ o. Mègana woawu ame maɖifɔ gbeɖe o. Nyemalɔ̃ ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi sia dzi o.
8 不可受賄賂,因為賄賂能使明眼人眼瞎,能顛倒正義者的言語。
“Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnuxɔxɔ nana be màdze si nu si le dzedzem gãa o. Zãnuxɔxɔ gblẽa nu le ame si ƒe nya dzɔ la ŋuti.
9 不可壓迫外僑,因為你們在埃及國也作過外僑,明瞭在外作客的心情。安息年與安息日
“Mègate amedzrowo ɖe to o, wò ŋutɔ ènya nu si amedzronyenye nye. Ɖo ŋku wò nuteƒekpɔkpɔwo le Egipte dzi.
10 你應種地六年之久,收穫地的出產;
“Miƒã nu, eye miaŋe nu ƒe ade,
11 但第七年,你應讓地休息,把出產留給你百姓中的窮人吃;他們吃剩的,給野獸吃。對葡萄和橄欖園,也應這樣行。
ke migblẽ anyigba la ɖi wòadzudzɔ le ƒe adrelia me. Mina ame dahe siwo le mia dome la naxa nuku siwo mieɖe le miaƒe agble dzi le wo ɖokuiwo si, eye migblẽ nuku siwo susɔ la ɖi na lãwo woaɖu. Se sia ke ku ɖe miaƒe waingblewo kple amitivewo hã ŋu.
12 六天內你應工作,第七天要停工,使你的牛驢休息,使你婢女的兒子和外僑都獲得喘息。
“Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi. Miwɔ alea ale be miana dzudzɔ miaƒe nyiwo kple tedziwo kple miaƒe aƒemetɔwo, kluviwo kple amedzrowo siaa.
13 凡我吩咐你們的,都應遵守。你們不可提及外神的名字,決不可讓人由你口中聽到。以色列的慶節
“Mikpɔ egbɔ be miewɔ se siawo katã dzi. Miɖo ŋku edzi, migayɔ mawu bubu aɖeke ƒe ŋkɔ le gbedodoɖa alo atamkaka me o.”
14 每年三次應為我舉行慶節。
“Mawusubɔsubɔ ƒe ŋkekenyui etɔ̃e li wòle be miaɖu ƒe sia ƒe.
15 應遵守無酵節:照我所命的,在阿彼布月所定的日期,七天之久吃無酵餅,因為你在這個月離開了埃及。誰也不可空著手到我台前來。
“Gbãtɔe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui. Migaɖu abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã o ŋkeke adre abe ale si mede se na mi kpɔ ene. Ŋkekenyui sia ɖuɖu anɔ edzi ƒe sia ƒe le Tedoxe si nye ɣleti si me miedzo le Egipte. “Ame sia ame asa vɔ nam le ɣeyiɣi sia me.
16 又應遵守收成節,即你在田地播種勞力之後,獻初熟之果的慶節。還應遵守收藏節,即在年尾,由田地中收斂你勞力所得的慶節。
“Eveliae nye Nuŋeŋeŋkekenyui. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo vɛ nam. “Etɔ̃liae nye Ƒuƒoƒo Nukuwo ƒe Ŋkekenyui si miaɖu le nuŋeɣi ƒe nuwuwu.
17 你所有的男子一年三次應到上主台前來。
“Le ŋkekenyui etɔ̃ siawo katã ɖuɣiwo, le ƒe sia ƒe me la, ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa ŋkume.
18 不可同酵麵一起祭獻犧牲的血;不可把我節日的犧牲脂肪留到早晨。
“Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. “Megana vɔsalã aɖeke ƒe ami natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o.
19 你田中最上等的初熟之果,應獻到上主你天主的殿中;不可煮山羊羔在其母奶中。應許與訓戒
“Ne èxa wò agblemenukuwo la, ele be nàtsɔ wò ŋkeke gbãtɔ ƒe nuku nyuitɔwo ƒe ɖe va Yehowa, wò Mawu ƒe aƒe me. “Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.
20 看我在你面前派遣我的使者,為在路上保護你,領你到我所準備的地方。
“Kpɔ ɖa, mele Mawudɔla aɖe dɔm ɖe ŋgɔwò be wòakplɔ wò dedie ayi anyigba si medzra ɖo ɖi na wò la dzi.
21 在他面前應謹慎,聽他的話,不可違背他,不然他決不赦免你們的過犯,因為在他身上有我的名號。
Vɔ̃e, eye nàwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi. Mègadze aglã ɖe eŋu o, elabena matsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò o. Eyae nye nye teƒenɔla, eye nye ŋkɔ le eŋu.
22 如果你聽從他的話,作我所吩咐的一切,我要以你的仇人為仇,以你的敵人為敵。
Ke ne èɖɔ ŋu ɖo, ɖo toe, eye nèwɔ nye Sewo katã dzi la, ekema manye futɔ na wò futɔwo,
23 我的使者將走在你前,領你到阿摩黎人、赫特人、培黎齊人、客納罕人、希崴人和耶步斯人那裏;我要消滅他們。
elabena nye Dɔla adze ŋgɔ na wò, akplɔ wò ayi Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi be mianɔ afi ma. Matsrɔ̃ dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò.
24 他們的神像,你不可朝拜,也不可事奉,也不可作那些人所作的;反之,應徹底破壞那些神像,打碎他們的神柱。
“Mègasubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawu alo asa vɔ na wo le mɔ aɖeke nu o, eye mègadze trɔ̃subɔdukɔ siawo ƒe kpɔɖeŋu vɔ̃ɖiwo yome o. Ele na wò be nàɖu wo dzi, eye nàgbã woƒe legbawo.
25 你們事奉上主你們的天主,他必祝福你們的餅和水,使疾病遠離你們。
“Subɔ Yehowa, wò Mawu la ɖeɖe ko, ekema mayra wò kple nuɖuɖu kple tsi, eye maɖe dɔléle ɖa le mia dome.
26 在你境內沒有流產和不育的婦女;我要滿你一生的壽數。
Fu mage le nyɔnuwo ƒo o, kotsitsi manɔ anyigba blibo la dzi o, eye ànɔ agbe ŋkeke ale si meɖo na wò.
27 我要在你前顯示我的威嚴;凡你所到之處,我要使那裏的百姓慌亂,使你的一切仇敵見你而逃。
“Mana vɔvɔ̃ si le ŋunye la nalé dukɔ siwo katã ƒe anyigba ŋu miaho aʋa ɖo, woasi le mia ŋgɔ.
28 我要在你前打發黃蜂,將希威人、客納罕人和郝特人,由你面前趕走。
Maɖo nudzodzoe teamewo ɖa woanya Hivitɔwo, Kanaantɔwo kple Hititɔwo ɖa le ŋgɔwò.
29 我不在一年之內將他們由們你面前趕走,免得田地荒蕪,野獸多起來害你。
Nyemawɔ esiawo katã le ƒe ɖeka me o. Ne menye nenema o la, anyigba la ava zu gbedadaƒo, eye lã wɔadãwo ava sɔ gbɔ akpa.
30 我要漸漸將他們由你面前趕走,一直到你繁殖增多起來,能佔領那地為止。
Ke manɔ wo nyam ɖa vivivi va se ɖe esime wò amewo adzi axɔ anyigba blibo la dzi.
31 我要劃定你的國界,由紅海直到培勒舍特海,從曠野直到大河;並將那地的居民教在你手中,你要在他們面前趕走,
“Mana wò anyigba ƒe liƒowo natso Ƒu Dzĩ la nu ayi Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, eye wòagatso gbegbe siwo le anyigbeme va se ɖe Frat tɔsisi la nu. Mana nàɖu ame siwo katã le anyigba la dzi fifia la dzi, eye mana woasi le ŋgɔwò.
32 決不可與他們和他們的神立約,
“Mègawɔ nubabla aɖeke kpli wo loo alo nàna kadodo aɖeke nanɔ wò kple woƒe mawuwo dome o.
33 決不准他們住在你境內,免得引你得罪我,引你事奉他們的神:這為你是一種陷阱。」
Mègana woanɔ mia dome o, elabena menya be woana miadze woƒe mawuwo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me; esia anye mɔtetre na mi, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e gã va mia dzi.”

< 出埃及記 23 >