< 出埃及記 20 >

1 天主訓示以下這一切話說:「
Eye Mawu gblɔ nya siawo be:
2 我是上主你們的天主,是我領你出了埃及地、奴隸之所。
“Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi.
3 除我之外,你不可有別的神。
“Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.
4 不可為你製造任何彷彿天上、或地上、或地下水中之物的雕像。
Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò ɖe nu siwo le dziƒo alo le anyigba dzi alo le atsiaƒu me la ƒe nɔnɔme me o.
5 不可叩拜這些像,也不可敬奉,因為我,上主,你的貪主是忌邪的天主;凡惱恨我的,我要追討他們的罪,從父親直到兒子,甚至三代四代的子孫。
Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi,
6 凡愛慕我和遵守我戒命的,我要對他們施仁慈,直到他們的千代子孫。
Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi.
7 不可妄呼上主你天主的名;因為凡妄呼他名的人,上主決不讓他們免受懲罰。
Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.
8 應記住安息日,守為聖日。
Ɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe.
9 六天應該勞作,作你一切的事;
Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me.
10 但第七天是為恭敬上主你的天主當守的安息日;你自己、連你的兒女、你的僕婢、你的牲口,以及在你中間居住的外方人,都不可作任何工作。
Ke ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mele be wò ŋutɔ, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu, wò kluvi alo wò kosi, wò nyi alo wò amedzro gɔ̃ hã nawɔ dɔ aɖeke ƒomevi gbe ma gbe o,
11 因為上主在六天內造了天地、海洋和其中一切,但第七天休息了,因此上主祝福了安息日,也定為聖日。
elabena le ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adrelia gbe, eya ta Yehowa yra Dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.
12 應孝敬你的父親和你的母親,好使你在上主你的天主賜給你的地方,延年益壽。
Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi.
13 不可殺人。
Mègawu ame o.
14 不可姦淫。
Mègawɔ ahasi o.
15 不可偷盜。
Mègafi fi o.
16 不可作假見證,害你的近人。
Mègaɖi aʋatsoɖase ɖe hawòvi ŋuti o.
17 不可貪你近人的房舍。不可貪戀你近人的妻子、僕人、婢女、牛驢及你近人的一切。
Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe, alo srɔ̃a alo eƒe dɔlaŋutsu alo dɔlanyɔnu alo eƒe nyiwo alo eƒe tedziwo loo alo nu sia nu si nye etɔ la ƒe ɖeke ŋu o.”
18 眾百姓看見打雷、打閃、吹角、冒煙的山,都戰兢害怕,遠遠站著,
Ameawo katã kpɔ dzikedzo kple dzudzɔ si nɔ tutum le to la me. Wose dziɖegbe la kple kpẽkuku didi dziŋɔ la. Wotsi tsitre ɖe adzɔge henɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃.
19 對梅瑟說:「你同我們說話罷! 我們定要聽從,不要天主同我們說話,免得我們死亡。」
Wogblɔ na Mose be, “Wò boŋ gblɔ nya si Mawu le gbɔgblɔm la na mí, eye míawɔ edzi. Ke mègana Mawu ŋutɔ naƒo nu na mí o; ne menye nenema o la, ava wu mí.”
20 梅瑟回答百姓說:「不要害怕! 因為天主降臨是為試探你們,使你們在他面前常懷敬畏之情,不致犯罪。」
Mose gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, elabena Mawu va le nɔnɔme sia me be yeaɖe yeƒe ŋusẽ dziŋɔ la afia mi, ale be tso azɔ dzi yina la, miagawɔ nu vɔ̃ o.”
21 百姓遠遠站著,梅瑟卻走近天主所在的濃雲中。指示修建祭壇
Le esime ameawo le tsitre ɖe adzɔge la, Mose ge ɖe blukɔ si me Mawu nɔ la me.
22 上主向梅瑟說:「你這樣訓示以色列子民說:你們親自見過我從天上同你們說了話。
Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Miawo ŋutɔ miekpɔe be meɖe nye lɔlɔ̃nu fia mi tso dziƒo.
23 為此,你們決不可製造金銀神像,同我放在一起;你們萬不可作。
Miɖo ŋku edzi be miekpɔ mɔ awɔ legba aɖeke kple klosalo alo sika alo kple nu bubu aɖeke asubɔ o!
24 你應用土為我築一祭壇,在上面祭獻你的全燔祭與和平祭,以及你的牛羊;凡在我叫你稱頌我名的地方,我必到你那裏祝福你。
“‘Mitsɔ anyi ɖi vɔsamlekpuiwo nam. Miwɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo kple alẽwo kple nyiwo le wo dzi nam. Miɖi vɔsamlekpuiwo ɖe teƒe siwo mafia mi la ko, eye mava yra mi le teƒe mawo.
25 你若用石頭為我築一祭壇,不可用打成方塊的石頭建築,因為在石頭上動用了你的刀鑿,就把石頭褻瀆了。
Miate ŋu aɖi vɔsamlekpuiwo kple kpewo hã, gake miwɔ kpe siwo womekpa alo fu o la ko ŋu dɔ. Migakpa kpeawo kple dɔwɔnu aɖeke o, elabena ne miekpa wo la, womagadze be woawɔ wo ŋu dɔ hena vɔsamlekpuiɖiɖi nam o.
26 你不可沿著台階登我的祭壇,免得暴露你的裸體。
Mègawɔ atrakpuiwo ɖe vɔsamlekpui la ŋu o. Ne èwɔ wo, eye nèlia wo la, ame aɖe ate ŋu awu mo dzi, eye wòakpɔ wò amame to wò awu ʋlaya la te.’

< 出埃及記 20 >