< 出埃及記 16 >

1 以色列子民全會眾從厄林起程,來到厄林和西乃之間的欣曠野時,在離埃及後第二月第十五日。
Azɔ la, Israel ƒe ha blibo la dzo le Elim, eye woyi Sin, gbegbe si le Elim kple Sinai to la dome. Woɖo afi ma le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi le woƒe dzodzo le Egipte megbe.
2 以色列子民全會眾在曠野裏都抱怨梅瑟和亞郎。
Le afi sia hã la, dukɔ la katã galĩ liʋĩliʋĩ le Mose kple Aron ŋuti vevie.
3 以色列子民向他們說:「巴不得我們在埃及國坐在肉鍋旁,有食物吃飽的時候,死在上主的手中! 你們領我們到這曠野裏來,是想叫這全會眾餓死啊! 」
Israelviwo gblɔ na wo be, “Ɖe wòanyo ŋutɔ ne míaku ɖe Yehowa ƒe asi me le Egipte! Le teƒe ma la, míenɔa anyi ƒoa xlã lã siwo míeɖa la ƒe zewo, eye míeɖua nu si míedi la, gake miekplɔ mí va gbegbe afi sia be dɔ nawu mí míaku.”
4 上主向梅瑟說:「看,我要從天上給你們降下食物,百姓要每天出去收斂當日所需要的,為試探他們是否遵行我的法律。
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mana abolo nadza tso dziƒo na wo. Ame sia ame ate ŋu ado go gbe sia gbe, eye wòafɔ nuɖuɖu si wòhiã. Mado wo kpɔ le nu sia me akpɔ be woawɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi mahã.
5 但到第六天,他們準備帶回來的食物要比每天多一倍。」
Gblɔ na wo be, woafɔ nuɖuɖu si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve le kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke adelia dzi.”
6 梅瑟和亞郎對全以色列子民說:「今晚你們要知道,是上主領你們出了埃及國;
Mose kple Aron wowɔ takpekpe kple Israelviwo katã. Wogblɔ na wo be, “Egbe fiẽ la, miadze sii be Yehowae kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi.
7 明早你們要看見上主的榮耀,因為你們抱怨上主的話,他已聽見了。我們算什麼﹖你們竟抱怨我們! 」
Le ŋdi la, miakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe geɖe wu, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ le eya, Yehowa ŋu, elabena menye míawo ŋue mielĩ liʋĩliʋĩ le o. Ame kawo míenye?”
8 梅瑟又說:「晚上上主要給你們肉吃,早晨你們可以吃飽,因為上主聽見了你們抱怨他所說的怨言。我們算什麼﹖你們不是抱怨我們,而是抱怨上主。」瑪納
Mose gblɔ hã be mianya be, “Yehowae na lã mi le fiẽ me, eye wòna abolo si miehiã la mi le ŋdi me, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo le eŋuti. Ame kawoe mienye? Menye míawo ŋu miele liʋĩliʋĩ lĩm le o, ke boŋ Yehowa ŋue.”
9 梅瑟向亞郎說:「你向以色列子民全會眾說:你們應走到上主前,因為他聽見了你們的怨言。」
Ale Mose gblɔ na Aron be, “Gblɔ na Israelviwo katã be, ‘Miva Yehowa ŋkume, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ.’”
10 亞郎正向以色列子民全會眾說話的時候,他們轉面朝向曠野,看見上主的榮耀顯現在雲彩中。
Esi Aron nɔ nu ƒom na Israelviwo ƒe ha bliboa la, wonye kɔ kpɔ gbegbe lɔƒo, eye le afi ma wokpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wònɔ keklẽm le aliliwo me.
11 那時上主向梅瑟說:「
Yehowa gblɔ na Mose be,
12 我聽見了以色列子民的怨言。你給他們說:黃昏的時候你們要有肉吃,早晨要有食物吃飽,這樣你們就知道,我是上主,你們的天主。」
“Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’”
13 到了晚上,有鵪鶉飛來,遮蓋了營幕;到了早晨,營幕四周落了一層露水。
Gbe ma gbe fiẽ la, tegliwo ƒe ha gã aɖe va do, eye woxe asaɖa la tame. Le ŋdi la, afu do ƒo xlã asaɖa la,
14 露水昇化之後,在曠野的地面上,留下稀薄的碎屑,稀薄得好像地上的霜。
eye esi xexeme kɔ ŋdi la, nu ɣi nogonogoewo nɔ anyigba abe kpetsi ene.
15 以色列子民一見,就彼此問說:「這是什麼﹖」原來他們不知道這是什麼。梅瑟告訴他們說:「這是上主賜給你們的食物。
Esi Israelviwo kpɔ wo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kawoe nye esiawo?” Elabena womenya nu si wonye o. Mose gblɔ na wo be, “Esiawoe nye abolo si Yehowa na mi be miaɖu.
16 上主曾這樣吩咐說:你們應按每人的食量去收斂,按照你們帳幕的人數去拾取,每人一「曷默耳。」
Yehowa gblɔ be, ame sia ame nafɔ agbɔsɔsɔ si ade eƒe aƒemetɔwo nu abe lita eve ƒe dzidzeme ene ɖe aƒea me tɔ ɖe sia ɖe nu.”
17 以色列子民就照樣作了;收斂的時候,有的多,有的少,
Ale Israelviwo yi ɖafɔ wo abe ale si Mose gblɔ na wo ene; ame aɖewo fɔe fũu, ke ame aɖewo hã mefɔe fũu o.
18 但他們用「曷默耳」衝量時,那多收的,也沒有剩餘;那少收的,也沒有缺少;各人正按他們的食量收斂了。
Esi wotrɔ wo ɖe dzidzenu la me la, woyɔ dzidzenu la ɖe ame sia ame nu. Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔa ɖeke ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe hã la, naneke mehiãnɛ o! Aƒe ɖe sia ɖe me tɔwo kpɔ esi ade wo nu tututu.
19 梅瑟向他們說:「誰也不准將一些留到早晨。」
Mose gblɔ na wo be, “Migana ŋu nake ɖe wo dzi o.”
20 但他們沒有聽梅瑟的話;有一人把一些留到早晨,但都被虫子咬爛,發生臭味;梅瑟遂向他們發怒。
Ame aɖewo meɖo to o: wona ŋu ke ɖe wo dzi. Kasia woakpɔ wo ɖa la, wodze nyẽ henɔ ʋeʋẽm kũu. Mose do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie,
21 於是他們每天早晨按各人的食量去收斂;太陽一發熱,就融化了。
eya ta azɔ la, wofɔa nuɖuɖu la ŋdi sia ŋdi, eye aƒe sia aƒe fɔa esi wòhiã la ko. Ne ŋdɔ ʋu, eye anyigba xɔ dzo la, abolo la lolõna, eye wòbuna.
22 於是第六天他們收斂了兩倍的食物,每人二「曷默耳;」會眾的首領來向梅瑟報告此事。
Le ŋkeke adelia dzi la, wofɔa agbɔsɔsɔ si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve. Wofɔa lita ene ɖe ame sia ame nu, ɖe lita eve teƒe. Kplɔlawo bia Mose be nu ka ta wòde se ma na yewo mahã.
23 梅瑟向他們說:「上主曾這樣吩咐說:明天是安息日;是祝聖於上主的安息聖日;你們要烤的就烤罷! 要煮的,就煮罷! 凡吃了剩下的,應保留到次日。」
Mose gblɔ na wo be, “Yehowa tɔ asi etsɔ dzi be wòanye dzudzɔgbe, wòanye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, eye wòle be míadzudzɔ tso míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me, eya ta miɖa nu wòasɔ gbɔ abe ale si miedi ene egbe, eye midzra esi asusɔ la ɖo ŋu nake ɖe edzi.”
24 他們就照梅瑟所吩咐的,把吃下剩下的,留到次日也沒有發臭,,也沒有虫咬。
Esi ŋu ke la, nuɖuɖu la nɔ nyuie: megadze nye o eye megaʋẽ hã o, abe ale si Mose gblɔe na wo ene.
25 梅瑟說道:「今天吃這些罷! 因為今天是敬上主的安息日,今天在野外什麼也找不到。
Mose gblɔ be, “Esiae nye miaƒe egbe ƒe nuɖuɖu, elabena egbee nye dzudzɔgbe na Yehowa, eye nuɖuɖu aɖeke maganɔ anyigba miafɔ egbe o.
26 六天你們可去收斂,但第七天是安息日,什麼也沒有。」
Mifɔ nuɖuɖu la ŋkeke ade, ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe. Nuɖuɖu aɖeke manɔ anyigba miafɔ gbe ma gbe o.”
27 到了第七天,百姓中有人去收斂,但什麼也沒有找到。
Ke ame aɖewo ya gayi nuɖuɖu la fɔ ge, togbɔ be gbe ma gbee nye ŋkeke adrelia, ke nuɖuɖu aɖeke menɔ anyigba wofɔ o.
28 上主向梅瑟說:「你們不守我的命令和我的法律要到何時呢﹖
Yehowa bia Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie miagbe toɖoɖo nye sewo kple ɖoɖowo?
29 看上主給你們立了安息日,為此到第六天他給你們兩天的食物;到第七天各人都應留在家內,不准任何人離開自己的地方。」
Miɖo ŋku edzi be, Yehowae na Dzudzɔgbe ŋkeke la mi; esia tae wòna ŋkeke eve ƒe abolo mi le ŋkeke adelia gbe. Ame sia ame nenɔ afi si wòle le ŋkeke adrelia gbe; ame aɖeke megado go o.”
30 這樣百姓在第七天守了安息日。
Ale Israelviwo dzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke adrelia gbe.
31 以色列家給這食物取名叫「瑪納。」它像胡荽的種子那樣白,滋味好似蜜餅。
Israelviwo yɔa abolo la be, “mana.” Ele ɣie abe bliku ene, eye wòvivina abe akpɔnɔvivi si me wode anyitsii ene.
32 梅瑟說:「上主這樣吩咐說:裝滿一「曷默耳」瑪納,留給你們的後代子孫,為使他們能看到我領你們出離埃及國時,在曠野裏養活你們的食物。」
Mose gblɔ be, “Ale Yehowa de see nye esi, ‘Tsɔ mana lita ɖeka, dzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ, ale be woate ŋu akpɔ abolo si mena mi mieɖu le gbedzi, esi mekplɔ mi do goe le Egipte.’”
33 梅瑟向亞郎說:「拿一個罐子,裝滿一「曷默耳」瑪納,放在上主面前,留給你們的後代子孫。」
Ale Mose gblɔ na Aron be, “Tsɔ ze aɖe, eye nàdzidze mana lita ɖeka akɔ ɖe eme. Ekema, nàtsɔe ɖo Yehowa ŋkume be woadzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ.”
34 亞郎就照上主吩咐梅瑟的話,將瑪納放在約版前面,保留起來。
Aron wɔ esia abe ale si Yehowa bia tso Mose si ene. Emegbe la, Aron tsɔe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le agbadɔ la me be wòanɔ dedie le afi ma.
35 以色列子民吃瑪納四十年之久,直到進入有人居住的地方為止;他們吃瑪納,直到進入客納罕地的邊界。
Ale Israelviwo ɖu “mana” ƒe blaene va se ɖe esime woɖo Kanaanyigba ƒe liƒo dzi, afi si agblemenukuwo nɔ woaɖu.
36 一「曷默耳」是一「厄法」的十分之一。
(Dzidzenu si wotsɔna dzidzea mana la anɔ abe lita eve ene.)

< 出埃及記 16 >