< 出埃及記 15 >

1 那時梅瑟和以色列子民唱了這篇詩歌,歌頌上主說:我要歌頌上主,因他獲得全勝,將馬和騎兵投於海中。
Mose kple Israelviwo dzi kafukafuha sia na Yehowa be, “Madzi ha na Yehowa, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo. Etsɔ sɔ kple sɔdola siaa de atsiaƒu la me.
2 上主是我的力量和保障,他作了我的救援。他是我的天主,我要頌揚他;是我祖先的天主,我要讚美他。
“Yehowae nye nye ŋusẽ kple xɔnametɔ, eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Eyae nye nye Mawu, eya ta makafui. Eyae nye fofonye ƒe Mawu, eya ta madoe ɖe dzi.
3 上主是戰士,名叫「雅威。」
Yehowa nye aʋawɔla, Ɛ̃, eŋkɔe nye Yehowa.
4 法郎的戰車軍隊,他投於海中,使他的良將沉於紅海。
Ede Farao ƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔwo ƒu, eye wònyrɔ wo ɖe atsiaƒu la me. Farao ƒe aʋakplɔla xɔŋkɔwo nyrɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me.
5 浪濤淹沒了他們,像大石沉入海底。
Atsiaƒutsi la tsyɔ wo dzi. Wodze to ɖe atsiaƒu la te abe kpe ene.
6 上主,你的右手大顯神能;上主,你的右手擊碎了敵人。
O, Yehowa, wò nuɖusibɔ wɔ kalẽ. O, Yehowa, wò nuɖusibɔ kaka futɔwo hlẽ.
7 以你無比的威嚴,毀滅了你的敵人;你發出的怒火,燒滅他們像燒麥楷。
“Le wò fianyenye ƒe gãnyenye me, ètsɔ ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la ƒu anyi. Èɖe asi le wò dziku bibi la ŋu, eye wòfia wo abe gbe ƒuƒu ene.
8 你鼻孔一噴氣,大水聚集,浪濤直立如堤,深淵凝固於海心。
Wò ŋɔtimegbɔgbɔ do, eye wòna tsiawo ƒu kpo. Tsi sisi la nɔ te, eye wòlé akpa aveawo ɖe te abe gli ene, eye tsi goglo la zi ɖoɖoe le atsiaƒu la titina.
9 仇人說:「我要追擊擒獲,分得獵物,才心滿意足;我要拔刀出鞘,親手斬滅。」
Futɔ la gblɔ dadatɔe be, ‘Mati wo yome, matu wo, mama woƒe afunyinuwo. Mana nye didi ɖe wo ŋuti nava eme. Maɖe nye yi tso aku me, eye nye asi atsrɔ̃ wo.’
10 但你一噓氣,海將他們覆沒,像鉛沉入深淵。
Ke wò la, ègbɔ wò gbɔgbɔ, eye ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi. Wodze to abe asabukpe ene ɖe tsi gã la te.
11 上主,眾神誰可與你相比﹖誰能像你那樣,神聖尊威,光榮可畏,施行奇蹟!
“O, Yehowa, ame kae le abe wò ene le mawuwo dome? Ame kae le abe wò ene le kɔkɔenyenye kɔkɔtɔ me, le ŋutikɔkɔe ƒe ŋɔdzi me, eye wòwɔa nukudɔwo?
12 你伸出右手,大地就吞了他們;
Èdo wò nuɖusi ɖa, eye anyigba mi wo.
13 以你的慈愛,領出了你所救的百姓;憑你的能力,領他們進入了你的聖所。
“Àkplɔ ame siwo nèɖe la le wò lɔlɔ̃ mavɔ la ƒe ŋusẽ me. Le wò ŋusẽ me, àkplɔ wo ayi wò nɔƒe kɔkɔe lae.
14 外邦聽了,必驚慌顫慄,恐怖籠罩了培肋舍特居民;
Dukɔwo ase nya si dzɔ, woadzo nyanyanya; vɔvɔ̃ aɖo Filistitɔwo.
15 那時厄東的酋長驚慌失措,摩阿布的首領嚇的發抖,客納罕的居民膽顫心寒。
Ŋɔdzi alé Edom fiawo, eye Moab ƒe kplɔlawo anɔ dzodzom nyanyanya, Kanaantɔwo hã ƒe dzi alolõ.
16 驚慌與恐怖降在他們身上;因你大能的手臂,他們像石塊僵立不動,直到你的百姓走過,上主! 直到你所救贖的百姓走過。
Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ adze wo dzi. Woatrɔ azu kpe, le wò abɔ ƒe ŋusẽ ta, va se ɖe esime wò amewo atso eme ava ayi. O, Yehowa, va se ɖe esime wò ame siwo nèƒle la, atso eme ava yi.
17 上主,你引領他們,吾主,在你為物業的山上,在你為自己準備的住所,在你親手建立的聖所,培植了他們。
Wò la, àkplɔ wo aɖo wo te le wò to si nye wò domenyinu la dzi. O, Yehowa, teƒe si nèwɔ be wòanye wò nɔƒe la, Aƒetɔ, Kɔkɔeƒe si nètsɔ wò ŋutɔ wò asiwo wɔe la.
18 上主為王,萬世無疆!
“Yehowa aɖu fia tegbetegbe!”
19 法郎的馬、戰車和騎兵一到海中,上主就使海水回流,淹沒了他們;以色列子民卻在海中乾地上走過。
Farao ƒe sɔwo, eƒe sɔdolawo kple woƒe tasiaɖamwo kplɔ wo ɖo to atsiaƒu la me. Ke Yehowa na tsigliawo mu gbagbã tsyɔ wo dzi, le esime Israelviwo zɔ ƒuƒuiƒe to wo me.
20 此時亞郎的姐妹女先知米黎盎手中拿著鼓,眾婦女也都跟著她,拿著鼓舞蹈。
Nyagblɔɖila Miriam, Aron nɔvinyɔnu ƒo axatsɛ, eye wònɔ ŋgɔ na nyɔnuawo woɖu ɣe.
21 米黎盎應和他們說:「你們應歌頌上主,因他獲得全勝,將馬和騎士投入海中。」變苦水為甜水
Eye Miriam dzi ha sia: “Midzi ha na Yehowa, elabena eɖu dzi ŋusẽtɔe. Ede sɔ kple sɔdola atsiaƒu la me.”
22 以後梅瑟命以色列人由紅海起營,往叔爾曠野去;他們在曠野裏走了三天,沒有找到水。
Azɔ la, Mose kplɔ Israelviwo to Ƒu Dzĩ la nu, eye woyi Sur gbedzi. Wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔ tsi woano o.
23 隨後,到了瑪辣,但不能喝瑪辣的水,因為水苦;因此稱那地為瑪辣。
Esi wova ɖo Mara la, womete ŋu no tsi le afi ma o, elabena tsi la le vevem. (Esia ta woyɔa teƒe ma be Mara.)
24 那時百姓抱怨梅瑟說:「我們喝什麼呢﹖」
Israelviwo lĩ liʋĩliʋĩ le Mose ŋu. Wobiae be, “Ɖe míaku le tsikɔwuame taa?”
25 梅瑟遂呼號上主,上主便指給他一塊木頭;他把木頭扔在水裏,水就變成甜水。上主在那裏給百姓立定了法律和典章,也在那裏試探了他們。
Mose ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa fia ati aɖee wòtsɔ da ɖe tsi la me, eye tsi veve la trɔ zu tsi nyui. Le Mara la, Yehowa de se siawo na wo be yeado woƒe ɖokuitsɔtsɔ na ye akpɔ.
26 上主說:「你若誠心聽從上主你天主的話,行他眼中視為正義的事,服從他的命令,遵守他的一切法律,我決不加於埃及人的災殃,加於你們,因為我是醫治你的上主。」
“Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.”
27 以後他們到了厄林,那裏有十二股水泉,七十棵棕樹。他們便在那裏靠近水邊安了營。
Wova ɖo Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi sia ɖe vudoawo to.

< 出埃及記 15 >