< 出埃及記 11 >
1 上主對梅瑟說:「還有一種災禍,我要降在法朗和埃及人身上,以後他必要釋放你們離開此地;他釋放你們的時候,是驅逐你們離開此地。
Yehowa gblɔ na Mose be, “Magaɖo fuwɔame ɖeka pɛ ko ɖe Farao kple eƒe anyigba la dzi. Le esia megbe la, Farao aɖe asi le mia ŋu miadzo. Le nyateƒe me la, atsi dzi be miadzo ale gbegbe be wòanya mi le eƒe anyigba la dzi.
2 你要講給百姓聽,叫他們男女各向自己的鄰舍要求金銀之物。」
Gblɔ na Israel ŋutsuwo kple nyɔnuwo be woadzra ɖo hena sikanuwo kple klosalonuwo ɣeɣe le wo xɔlɔ̃ siwo nye Egiptetɔwo la si.”
3 上主使百姓在埃及人前蒙恩,同時梅瑟在埃及國,在法朗的臣僕和百姓眼中,也成了偉大的人物。
Elabena Yehowa na Egiptetɔwo lɔ̃ Israelviwo, eye Mose nye amegã aɖe le Egiptenyigba dzi; Farao ŋumewo kple Egiptetɔ bubuawo siaa bunɛ.
Azɔ la, Mose na nyanya Farao be, “Yehowa be, ‘Mato Egiptenyigba la katã dzi le zãtitina.
5 凡埃及國,從坐寶位的法朗的長子,直到推磨的婢女的長子,以及牲畜的一切頭胎,都要死亡。
Ŋutsuvi tsitsiwo katã aku le ƒome ɖe sia ɖe me le Egipte, tso Farao ƒe viŋutsu tsitsitɔ, ame si aɖu fia ɖe eteƒe la dzi va se ɖe eƒe kluvi gblɔetɔ kekeake ƒe viŋutsu tsitsitɔ dzi. Gawu la, lãwo gɔ̃ hã ƒe ŋgɔgbeviwo hã aku.
6 埃及全國要有大哀號,是從前沒有,以後也不會再有的哀號。
Konyifaɣli aɖi to Egiptenyigba blibo la dzi. Konyifafa sia tɔgbi menɔ anyi kpɔ o, eye etɔgbi magadzɔ akpɔ o.
7 至於以色列子民,連狗也不敢向他們和他們的牲畜吠叫,為叫你們知道,上主已將以色列子民和埃及人分開,
“‘Ke avu aɖeke mawó gɔ̃ hã ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu o, eye woƒe lã aɖeke hã maku o.’ Ekema mianya be Yehowa de vovototo Egiptetɔwo kple Israelviwo dome!
8 以後你的這些臣僕全都要到我跟前,跪下哀求我說:你和那跟從你的百姓都去罷! 然後我才離去。」梅瑟氣憤憤地離開法郎出去了。
Wò aɖaŋudela siawo katã aƒu du ava tum, woade ta agu, eye woaƒo koko be, ‘Míeɖe kuku, midzo enumake, eye mikplɔ miaƒe amewo katã dzoe.’ Nya sia koe adzɔ hafi madzo!” Mose do dɔmedzoe, eye wòdzo le fiasã la me.
9 上主對梅瑟說:「法朗不聽從你們,使我的奇蹟在埃及國多起來。」
Yehowa gblɔ na Mose do ŋgɔ be, “Farao maɖo to wò o. Nu sia ana mɔnukpɔkpɔm be mawɔ nukunu gãwo atsɔ aɖe nye ŋusẽ afia le Egipte.”
10 梅瑟和亞郎在法朗面前行了這些奇蹟;但是上主使法朗的心硬,仍不肯放以色列子民離開自己的國家。
Ale togbɔ be Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo le Farao ŋutɔ ƒe ŋkuta gɔ̃ hã la, Yehowa gana Farao gasẽ dzi me kokoko, ale be mena Israelviwo dzo le anyigba la dzi o.