< 傳道書 1 >

1 達味之子耶路撒冷的君王「訓道者」的語錄:
Esiawoe nye Nyagblɔla Solomo, Fia David si nɔ Yerusalem la ƒe viŋutsu ƒe nyawo:
2 虛而又虛,訓道者說:虛而又虛,萬事皆虛。
Le nye nugɔmesese nu la, viɖe aɖeke mele naneke ŋu o; nu sia nu nye tofloko ko.
3 人在太陽下辛勤勞作,為人究有何益﹖
Viɖe kae ame kpɔna tso agbagba siwo katã wòdzena le ɣea te la me?
4 一代過去,一代又來,大地仍然常在。
Dzidzime ɖeka nu va yina eye bubu vana, ke anyigba ya ganɔa anyi nenema ko tegbee.
5 太陽升起,太陽落下,匆匆趕回原處,從新再升。
Ɣe hã dzena eye wòɖoa to; eɖea abla yia afi si wòdze tso.
6 風吹向南,又轉向北,旋轉不息,循環周行。
Ya ƒona ɖoa ta dziehe eye wòtrɔna yia anyiehe. Etrɔna toa eme madzudzɔmadzudzɔe eye wògatrɔna yia afi si wòdze egɔme tsoe.
7 江河流入大海,大海總不滿溢;江河仍向所往之處,川流不息。
Tɔsisiwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu la meyɔna gbeɖe o. Tsi la gatrɔna yia tɔsisiawo me eye wògatsana yia atsiaƒu la me.
8 萬事皆辛勞,無人能盡言:眼看,看不夠;耳聽,聽不飽。
Nuwo katã le dagbadagba dzi eye amegbetɔ mate ŋu aƒo nu le eŋu wòade edeƒe o: nukpɔkpɔ meɖia kɔ na ŋku o abe ale si nyasese meɖia ƒo na to o ene.
9 往昔所有的,將來會再有;昔日所行的,將來會再行;太陽之下決無新事。
Nu siwo nɔ anyi va yi la, woawo ke koe agatrɔ ava eye nu siwo wowɔ kpɔ la, woawo ke ko woagawɔ. Nu yeye aɖeke mele ɣe la te o.
10 若有人指著某事說:「看,這是新事。」豈不知在我們以前早就有過。
Nane koŋ li si ŋu woate ŋu agblɔ le be, “Kpɔ ɖa, nu sia ya nye nu yeye” mahã? Enɔ anyi kpɔ le blema ke, do ŋgɔ na mí.
11 只是對往者,沒有人去追憶;同樣,對來者,也不會為後輩所記念。
Womegaɖoa ŋku blematɔwo dzi o; nenema ke ame siwo woava dzi la, maɖo ŋku nu siwo dzɔ do ŋgɔ na woƒe dzidzi dzi o.
12 我訓道者,曾在耶路撒冷作過以色列的君王。
Nye, Nyagblɔla, meɖu fia ɖe Israel dzi le Yerusalem.
13 我曾專心用智慧考查研究過天下所發生的一切;--這實在是天主賜與人類的一項艱辛的工作。
Medze agbagba be manya nu tso nu siwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu. Medze sii be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mele nu si Mawu ɖo na amegbetɔ be wòawɔ la me o.
14 我觀察了在太陽下所發生的一切:看,都是空虛,都是追風。
Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.
15 彎曲的,不能使之正直,虧缺的,實在不可勝數。
Nu si glɔ̃ da ɖi la, womagate ŋu adzɔe o eye nu si meli o la, womate ŋu axlẽe o.
16 我心裏自語說:「看,我獲得了又大又多的智慧,勝過了所有在我以前住在耶路撒冷的人,我的心獲得了許多智慧和學問。」
Megblɔ le nye dzi me be, “Kpɔ ɖa, menya nu wu ame siwo katã ɖu fia le Yerusalem do ŋgɔ nam. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ, nunya kple gɔmesese yɔ nye dzi me fũu wu wo.”
17 我再專心研究智慧和學問,愚昧和狂妄,我纔發覺:連這項工作也是追風。
Meɖo ta me be madze si nunya, eye manya nu tso tsukuku kple bometsitsi ŋu, ke meva dze sii be esiawo katã nye dagbadagba dzodzro ɖe yame ko;
18 因為,智慧愈多,煩惱愈多;學問越廣,憂慮越深。
elabena nuxaxa sɔ gbɔ ɖe nunya geɖe me, eye ame sia ame si dzia sidzedze ɖe edzi la, dzia nuxaxa ɖe edzi.

< 傳道書 1 >