< 傳道書 8 >

1 有誰相似智者,有誰會解釋事理﹖智慧使人的面容煥發,使嚴肅的容貌變為溫和。
Ame kae le abe nunyala ene? Ame ka ate ŋu aɖe nuwo gɔme? Nunya nana ame ƒe mo klẽna eye wòtrɔa eƒe dzedzeme kplala la.
2 為了向天主起的誓,你應遵守君王的命令;
Mebe nàɖo to fia la, elabena èka atam aɖe le Mawu ŋkume
3 你不可由他面前倉猝離去,也不可行惡,因為凡他喜歡的事,都可隨意執行。
Mèganɔ kplakplakpla dzi be yeadzo le fia la ŋkume o. Mègade nya madzɔmadzɔ dzi o, elabena awɔ nu sia nu si adze eŋu.
4 原來君王的話具有威力,誰敢向他說:「你做什麼﹖」
Ŋusẽ gã aɖe da megbe na fia ƒe sededewo, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu alo aɖe ɖeklemi le eŋu o.
5 遵守誡命的,不會遇到災禍;智者的心能辨識時機和審斷。
Womehea to na ame siwo wɔa eƒe sewo dzi la o. Nunyalawo adi ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ awɔ fia ƒe sewo dzi.
6 的確,事事都有定時和定案;但重大的負擔仍壓在人身上,
Togbɔ be ame ƒe nukpekeamewo ate ɖe edzi vevie hã la, ɣeyiɣi kple mɔnu nyuitɔ li na nudzɔɖeamedzi.
7 因為人不知道將來要發生什麼事,有誰能告訴他,何時要發生﹖
Esi ame aɖeke menya etsɔ me o ta la, ame ka ate ŋu agblɔ nya si ava dzɔ la nɛ?
8 沒有人有權將生氣保留不失,也沒有人能支配死期,戰場上沒有人能退役,邪惡救不了作惡的人。
Ame aɖeke mate ŋu asi le ku nu o eye ŋusẽ mele ame aɖeke ŋu be wòaxe mɔ na eƒe kugbe ƒe ɖoɖo o, elabena ame aɖeke meli si ŋgɔ ku mele o. Eme kɔ ƒãa be amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mate ŋu akpe ɖe eŋu le ɣeyiɣi ma me o.
9 我看見了這一切,專心研究在太陽下所行的一切事:有時統治人的人,自受其害;
Mekpɔ nu siawo katã esi mebu nu sia nu si wowɔna le ɣea te la ŋu. Ɣe aɖe ɣi li esi ame aɖu amegã ɖe ame bubuwo dzi, eye wòtoa esia me wɔa nuvevi eɖokui.
10 有時我看見惡人被抬去安葬,而行義的人卻離開聖處,而在城中被人遺忘:這也是虛幻。
Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia hã ŋu o.
11 因為懲惡的定案未有迅速執行,世人因此充滿了行惡的偏向。
Le esi Mawu mehea to na nu vɔ̃ wɔlawo o ta la, amewo buna be ne yewowɔ nu vɔ̃ hã la, yewole dedie.
12 惡人雖百次行惡,仍享長壽,姑且不論;我確實知道,那敬畏天主的人,因他們在天主前起敬起畏,必得幸福;
Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko hã la, nenyae nyuie be ame siwo vɔ̃a Mawu la tɔ anyo wu godoo.
13 而惡人必得不到幸福,他的時日如影,決不能久長,因為他不敬畏天主。
Ke nuvɔ̃wɔlawo manɔ agbe didi vivi o; woƒe ŋkekewo nu ava yi kaba abe vɔvɔli ene, elabena womevɔ̃a Mawu o.
14 在世上還有一件虛幻的事:就是義人所遭遇的,反如惡人所應得的;而惡人所遭遇的,反如義人所應得的;我遂說:這也是虛幻。
Nu trama aɖe le dzɔdzɔm le anyigba la dzi, edzena abe ɖe Mawu nana dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe ame nyui aɖewo dzi abe ame vɔ̃ɖiwoe wonye ene, eye wònana dzɔgbenyui ame vɔ̃ɖi aɖewo abe ame nyuiwo wonye ene. Esiawo katã hã nye tofloko ko!
15 為此,我稱讚快樂,因為在太陽下,人除了吃喝行樂外,別無幸福;因為這是人在天主賞他在太陽下的一生歲月內,從他的勞苦中,所獲得的幸福。
Ale meɖo ta me be maɖu agbe le nye ŋkekewo katã me elabena mekpɔ be naneke menyo le xexe blibo la me wu be ame naɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o eye amea nakpɔ mɔ be yeanɔ dzidzɔkpɔkpɔ sia dzi le dɔ sesẽ siwo katã Mawu ɖo na amewo katã le afi sia afi la wɔwɔ me.
16 當我專心追求智慧,觀察人在世上,連黑夜白日都不能閉目安眠,所行的工作時,
Esi mebu ta me be manya nu eye malé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔ le anyigba dzi, esi medɔa alɔ̃ le ŋkeke me loo alo le zã me o ŋuti la,
17 我面對天主的一切作為,發覺人決不能知道在太陽下所發生的一切事。人雖然努力研究,終歸無法得知;縱然有智者以為知道了,仍是一無所知。
tete mekpɔ nu siwo katã Mawu wɔ. Ame aɖeke mate ŋu ase nu siwo yia edzi le ɣe la te gɔme o. Togbɔ be edze agbagba be yeaku nuwo gɔme hã la, amegbetɔ mate ŋu ake ɖe woƒe gɔmesese ŋu o. Ne nunyala aɖe atɔ asi akɔ be yenya nu hã la, mate ŋu ase egɔme wòade o.

< 傳道書 8 >