< 傳道書 6 >

1 我看見在太陽下,另有一種不幸,重壓在人身上:
Ke meganya nu tso nya sesẽ aɖe ŋu le afi sia afi.
2 有一人,天主賜他富裕、錢財、光榮;凡他心中所願意的,一件也不缺;但天主沒有讓他享用這一切,卻讓外人享用了:這也是空虛,是一件很悲慘的事。
Nya siae nye Mawu tsɔ kesinɔnu geɖe kple bubu na ame aɖewo, ale be woate ŋu akpɔ nu sia nu si wodi la, ke mena lãmesesẽ wo be woaɖu agbe kple nu siawo o. Wokuna, eye ame bubuwo sãa xɔa kesinɔnu siawo katã! Nu sia nye nu masɔmasɔ, tofloko kple vodada gã aɖe.
3 有一人生有百子,活了很大歲數,他年紀雖高,卻沒有隨心享受福樂,且未得安葬,照我看來,他還不如流產的胎兒。
Ne viŋutsu alafa ɖeka kple vinyɔnu alafa ɖeka anɔ ame aɖe si, eye wòatsi axɔ ƒe geɖe, gake ga si wòagblẽ ɖi hafi aku la le sue ale gbegbe be viawo mate ŋu aɖii, ade bubu eŋu o la, mele egblɔm be anyo nɛ wu ne eku le eƒe dzigbe,
4 流產的胎兒徒然而來,悄然而去,他的名字也湮沒無聞;
elabena togbɔ be eƒe dzidzi anye tofloko le ɣe ma ɣi, eye wòawu enu le viviti me, eye womatsɔ ŋkɔ nɛ gɔ̃ hã o,
5 他沒有見過天日,也沒有任何知覺,但他總比那人更享安寧。
makpɔ ɣe kpɔ o, eye manya be ɣe li gɔ̃ hã o la, anyo nɛ alea sãa wu be wòava zu amegãɖeɖi si makpɔ dzidzɔ aɖeke o.
6 那人即便活了兩千歲,如未享受福樂,他們二人豈不是同歸一處﹖
Ne ame aɖe anɔ agbe ƒe akpe ɖeka zi eve gake makpɔ dzidzeme aɖeke o la, ekema viɖe kae le eƒe agbenɔnɔ ŋu?
7 人的一切勞碌都是為了口腹,但他的慾望卻總不知滿足。
Ame ƒe sreɖidzedzewo katã ku ɖe eƒe nuɖuɖu ko ŋu, ke meɖia ƒo ɣe aɖeke ɣi o.
8 智者較愚者究有什麼利益﹖知道如何與人往來的窮人,能得什麼好處﹖
Nu kae nunyala tsɔ nyo wu bometsila? Viɖe kae ame dahe kpɔna ne enya ale si wòalé eɖokui le amewo ŋkume?
9 眼看見過的總勝過心所想望的:這也是空虛,也是追風。
Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzroame ƒe tsaglalãtsatsa le susu me. Drɔ̃ekuku dzodzro le nu nyuiwo ŋu nye bometsitsi eye wòganye dagbadagba ɖe yame ko.
10 已往所有的,都已有名可稱;人為何物,都已知道;人決不能與強於自己的抗辯。
Dzɔgbesee ɖoa nu sia nu dana ɖi; woɖo nu sia nu si ame ava zu la da ɖi xoxo eya ta viɖe aɖeke mele nyahehe kple Mawu tso ale si wòwɔ wo la ŋu o.
11 說話多,必多空談:這對人能有什麼益處﹖
Ne wò nyawo sɔ gbɔ la, gɔmesese geɖe manɔ wo ŋu o, ekema nu ka ta nàɖe fu na ɖokuiwò be yeaƒo nu kura?
12 在空虛,消逝如影的人生少數歲月內,有誰知道什麼事對人有益﹖又有誰能指給人指示,他身後在太陽下要發生什麼事﹖
Le míaƒe agbemeŋkeke ʋɛ siawo me la, ame ka ate ŋu agblɔ ale si ame nawɔ eƒe ŋkekewo ŋu dɔ nyuie? Ame ka ate ŋu anya nu si ava nye nyuitɔ le ŋgɔgbea ne amea nu va yi? Elabena ame kae nya etsɔ me?

< 傳道書 6 >