< 傳道書 5 >

1 你往天主的殿裏去時,要小心邁步;你前去聽道,勝過愚人獻祭,因為他們只知作惡。
Ne èle gegem ɖe gbedoxɔ me la, ke wò towo ɖi eye nàmia wò nu! Mèganye bometsila si menyana gɔ̃ hã be enye nu vɔ̃ be nàɖe adzɔgbe na Mawu tamemabumabutɔe o,
2 你不要在天主前冒然開口,你的心也不要急於發言應許,因為天主在天上,你在地下,為此你說話應當簡單。
Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ ne wòaƒo nu le Mawu ŋkume o, elabena Mawu le dziƒo ke, le esime wò ya nèle anyigba dzi le afii eya ta mègaƒo nu blablabla o.
3 因為夜夢由於事務繁雜,亂語出於多言。
Abe ale si hloloetsotso fũu akpa nana wokua drɔ̃e vɔ̃wo ene la, nenema kee bometsitsi nana woƒoa nukpoloe.
4 你一向天主許願,就不可拖延償還,因為他不喜歡人怠慢;你許了願,就應速還;
Eya ta ne èɖe adzɔgbe na Mawu be yeawɔ nane la, mègahe nua wɔwɔ ɖe megbe o, elabena Mawu mekpɔa dzidzɔ le bometsilawo ŋu o. Wɔ wò adzɔgbeɖeɖe dzi nɛ.
5 不許願好過許而不還。
Ne èzi kpi, mèdo ŋugbe be yeawɔ nane o la, enyo sãa wu be nàdo ŋugbe be yeawɔ nane eye nàgbe ewɔwɔ.
6 不要放任你的口,使你陷於罪過,免得你在使者前說是「錯許了。」為何要天主因你這句話而發怒,破壞你手中的工作﹖
Mègana wò nu nakplɔ wò de nu vɔ̃ me o eye mègagblɔ na dɔtsɔla si le gbedoxɔ me be, “Vodadae nye nye adzɔgbeɖeɖe” o. Nu ka ta Mawu ado dɔmedzoe le nya si nègblɔ ta eye wòagblẽ nu si nèwɔ kple asi?
7 多夢多虛幻,多言多糊塗;你要敬畏天主。
Gɔmesese mele drɔ̃ekuku geɖewo kple nya sɔgbɔwo me o eya ta nɔ anyi le Mawuvɔvɔ̃ me.
8 你若在某省看見欺壓窮人,違犯公道和正義的事,不必對此驚奇,因為高者之上還有更高者在上鑒察,而他們之上還有更高者。
Ne èkpɔ wole ame dahe aɖe tem ɖe to eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o le teƒe aɖe le anyigba blibo la dzi la, mègana wòawɔ nuku na wò o elabena amegã ɖe sia ɖe le tatɔ aɖe te eye ame bubuwo gale tatɔawo hã tame.
9 國家全面的利益,在乎有一位關心農業的君王。
Fia la le ame siawo katã tame. Oo, ɖe woakpɔ fia aɖe wòatsɔ eɖokui aɖo anyi ɖe dukɔa ƒe nyonyo ta hafi. Eya koe ate ŋu ahe ɖoɖo ade tɔtɔ sia me.
10 愛錢的,錢不能使他滿足;愛財的,進益不能使他滿足:這也是空虛。
Ame si lɔ̃a ga la, makpɔ ga wòasɔ gbɔ nɛ, adze eŋu gbeɖe o. Enye bometsitsi be ame nabu be kesinɔnuwoe naa dzidzɔkpɔkpɔ ame!
11 錢財增多,消費的人也隨之增多;財主除飽享眼福外,能有什麼益處﹖
Ale si nèkpɔ ga wòsɔ gbɔe la, nenema tututue wò gaŋudɔwɔwɔ hã anɔ; ekema nu nyui kae le gakpɔkpɔ ŋu? Ɖewohĩ nu nyui si le gakpɔkpɔ ŋu koe nye nàkpɔ ga la wòaƒu du ato wò asibidɛwo dome adzo le gbɔwò!
12 工人不論吃多吃少,總睡得甘甜;飽食的富人,卻難於安眠。
Ame dahe si wɔa dɔ sesĩe la, dɔa alɔ̃ nyuie ne eɖu nu sue aɖe alo ne eɖu nu fũu, ke kesinɔtɔwo ya tsia dzimaɖi eye womekpɔa alɔ̃ dɔna o.
13 我看見在太陽下有一件慘痛的事:財主積蓄財富,反而害了自己。
Mekpɔ nu vɔ̃ɖi gã aɖe le ɣea te: eyae nye kesinɔnu si woli kɔe da ɖi wòva zu nuveviwɔame na nutɔ
14 生意一次失敗,財產盡失:生了個兒子,手中一無所有。
alo kesinɔnu si wobu to dzɔgbevɔ̃e me, ale be ne viŋutsu le amea si la, naneke matsi anyi na viŋutsu la o.
15 他赤身出離母胎,也照樣赤身歸去;他勞力之所得,絲毫不能帶去。
Ame si ɖoa ŋu ɖe dɔwɔna sia tɔgbi ŋu la, trɔna kaba yia ahedada me, afi si wòdze dɔa gɔme tsoe.
16 這也是一件慘痛的事:他怎樣來,也怎樣去;他操勞追風,究有什麼益處;
Abe ale si megblɔ do ŋgɔ ene la: Nya sia nye nya sesẽ aɖe, elabena amea ƒe dagbadagba sia katã va zua tofloko kple ayadɔwɔwɔ ko. Eƒe nuwo katã buna.
17 況且他一生在黑暗中生活,遭受許多煩惱、疾病和悲憤的事。
Eƒe gome le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me la zua viviti, dziɖeleameƒo, dadaƒu kple dɔmedzoedodo.
18 我所認為幸福美滿的事,是人在天主所賞的少數歲月內,有吃有喝,且享受他在太陽下一切勞碌所得的福樂,這原是他應得的一分。
Ke nu ɖeka pɛ ya nyo, eyae nye wòaɖu nu nyuie, ano wain kɔŋkɔ gã ɖeka, ana eƒe ɖoƒe le agbe me nadze eŋu eye wòana dɔ sia dɔ si wòwɔna la nado dzidzɔ nɛ to ɣeyiɣi si me Mawu ana wòanɔ agbe la me.
19 的確,天主賞賜人財產和富裕,叫他能享用;能取得應有的一分,能享受勞碌所得的快樂,實是天主的恩賜。
Gawu la, ne Mawu na kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo ame aɖe eye wòna amenuvevee be wòaɖui, axɔ nu si nye etɔ gome eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me la, nunanae wònye tso Mawu gbɔ.
20 那麼,人就不甚顧慮人生歲月的短促,因為天主以喜樂充滿了他的心。
Ƒãa hafi wòbua eƒe agbemeŋkekewo ŋu. Mawu naa eƒe susu nɔa dzidzɔ si le eƒe dzi me la ŋu ɣeawo katã ɣi.

< 傳道書 5 >