< 傳道書 3 >

1 事事有時節,天下任何事皆有定時:
Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.
2 生有時,死有時,栽種有時,拔除栽種的亦有時;
Amedziɣi li, eye kuɣi li. Nudoɣi li, eye nuxaɣi li.
3 殺戮有時,治療有時,拆毀有時,建築有時;
Amewuɣi li, eye gbedaɣi li. Nugblẽɣi li, eye nudzraɖoɣi li.
4 哭有時,笑有時,哀悼有時,舞蹈有時;
Avifaɣi li, eye nukoɣi li. Konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li.
5 拋石有時,堆石有時;擁抱有時,戒避擁抱亦有時;
Kpekakaɣi li, eye kpeƒoƒuɣi li. Asikplakɔɣi li, eye asiɖelekɔɣi li.
6 尋找有時,遺失有時;保存有時,捨棄有時;
Nudiɣi li, eye nubuɣi li. Nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li.
7 撕裂有時,縫綴有時;緘默有時,言談有時,
Nuvuɣi li, eye nutɔɣi li. Ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.
8 愛慕有時,憎恨有時;作戰有時,和睦有時。
Lɔlɔ̃ɣi li, eye fuléɣi li. Aʋawɔɣi li, eye ŋutifafawɔɣi li.
9 工作的人,從勞苦中得了什麼利益﹖
Nu ka tututu amegbetɔ kpɔna tso dɔ sesẽ wɔwɔ me?
10 我觀察了天主交予人類所應從事的事務,得知:
Mebu ta me tso nu sia ŋu tso dɔ vovovo siwo Mawu tsɔ na amegbetɔ la ŋu.
11 天主所行的一切事宜,都很適時,並賜給人認識時事的經歷,但人仍不能明瞭,天主自始至終所做的工作。
Nu sia nu sɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Ke, togbɔ be Mawu de mavɔmavɔnyenye ta me na amegbetɔ hã la, amegbetɔ mate ŋu akpɔ Mawu ƒe dɔ blibo la tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu o,
12 於是我明瞭:人類的幸福,只有在此生歡樂享受;
eya ta metso nya la me be gbã la, nu si ƒo nuwo katã tae nye be amegbetɔ nakpɔ dzidzɔ, eye wòaɖu agbe ŋkeke ale si wòate ŋui;
13 但人人有吃有喝,享受自己一切勞苦之所得,也是天主的恩賜。
evelia la, ele be wòaɖu nu, ano nu eye wòaɖu agbe kple nu siwo do tso eƒe dagbadagbawo me elabena esiawoe nye nunana tso Mawu gbɔ.
14 我知道:凡天主所行的事,永恒不變,無一可增,無一可減。天主這樣作,是為叫人敬畏他。
Eye menya esia be nu sia nu si Mawu wɔ la, tɔtrɔ aɖeke meganɔa eŋu o, womate ŋu atsɔ naneke akpee o eye womate ŋu aɖe naneke le eme hã o. Mawu ƒe taɖodzinu le nya sia mee nye be ele be amegbetɔ navɔ̃ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la.
15 現今所有的,早已有過;將來所有有,先前已有過;因為天主必追尋已往的事。
Nu sia nu si li fifia la, nɔ anyi tso keke gbe aɖe gbe ke eye nu sia nu si ava dzɔ la, dzɔ kpɔ va yi xoxo. Mawu gatrɔa nu si dzɔ kpɔ xoxo la vanɛ.
16 我在太陽下還看見:正義之處有不義,公平之處有不平。
Hekpe ɖe esia ŋu la, mede dzesii be, le anyigba blibo la dzi la, dzɔdzɔenyenye le bubum, nu vɔ̃ wɔwɔ le dzɔdzɔenyenyeteƒe xɔm eye zãnuxɔxɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo gɔ̃ hã.
17 我心裏想天主必要審判義人和惡人,因為各種事情和行為,在天主那裏都有其定時。
Megblɔ na ɖokuinye be, “Ne azã la su ko la, Mawu ahe nu sia nu si ame aɖe wɔna, nyui kple vɔ̃ siaa ayi ʋɔnue.”
18 我想,天主藉此是為使世人認清自己是誰,看清自己與走獸無異。
Le esia megbe la, medze sii be, “Mawu le mɔ ɖem be xexea me nalé eƒe nu vɔ̃ mɔ atsɔ, ale be yeate ŋu ado amegbetɔƒomea kpɔ, eye amegbetɔwo ŋutɔ nakpɔe be yewole abe gbemelãwo ene.
19 的確,世人的命運,同走獸的命運,都是一樣:前者怎樣死,後者也怎樣死;氣息都一樣,人並不優於走獸:因為都是虛無。
Elabena amegbetɔwo kple lãwo siaa gbɔa ya ɖeka ma ke eye wo ame eveawo siaa kuna. Ale amegbetɔwo tɔ menyo wu lãwo tɔ o. Esia hã nye tofloko!
20 都同歸於一處;既都出於塵土,也都歸於塵土。
Wo katã yia teƒe ɖeka ma, si nye anyi si me wotso kple esi ke woagatrɔ azu,
21 人的氣息是否向上高升,走獸的氣息是否下降地下,有誰知道﹖
elabena ame ka ate ŋu aɖee fia bena, amegbetɔ ƒe gbɔgbɔ ɖoa ta dzi, ke lãwo tɔ ya ɖoa ta anyi, gena ɖe tome?”
22 因此,我看出:人最好還是享受自己勞苦之所得,因為這是他的命運;有誰能領他去看自己身後的事呢﹖
Eya ta mekpɔe be nu si nyo na amegbetɔ wu lae nye be wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me. Elabena eya tae wòle afi sia ɖo, eye ame aɖeke magate ŋu agbugbɔe va agbe sia me, wòakpɔ dzidzɔ le nu siwo ava va la ŋu o. Eya ta ele be wòakpɔ dzidzɔ le wo ŋu fifia.

< 傳道書 3 >