< 申命記 33 >

1 這是天主的人,梅瑟死前賜予以四色列子民的祝福。
Esiawoe nye nya siwo Mose, Mawu ƒe ame la tsɔ yra Israelviwo hafi ku:
2 他說:「上主由西乃而來,從色依爾光照他的百姓,由帕蘭山射出光輝,從卡德士的默黎巴前進,由他的右邊有烈火發出。
“Yehowa va mía gbɔ le Sinai to la gbɔ; eɖiɖi ɖe mía dzi tso Seir to la dzi. Eklẽ tso Paran to la dzi ame kɔkɔe akpe nanewo ƒo xlãe, dzo bibi nɔ eƒe nuɖusime.
3 你實在愛你的人民,眾聖者都在你手中;他們俯伏在你腳前,領受你的教導。
Elɔ̃ eƒe amewo ŋutɔ eƒe ame kɔkɔewo le eƒe asi me wole wò afɔtoƒe tom woxɔ woƒe ɖoɖowo tso gbɔwò.
4 梅瑟給我們立定法律,作為雅各伯會眾的產業時,
Wò se siwo mede na wo la, esiwo nye Yakob ha la ƒe domenyinu.
5 人民的首領與以色列支派會合時,上主在耶叔戎中作了王。
Yehowa zu fia le Yesurun esime Israel ƒe towo kpe ta.
6 願勒烏本生存,不至滅亡! 願他的人數不再減少! 」
“Ruben anɔ agbe tegbee eƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ!”
7 他論及猶大這樣說:「上主! 願你俯聽猶大的聲音,領他重歸自己的民族;以你的手為他交戰,協助他抵抗他的仇敵! 」
Eye Mose gblɔ tso Yuda ŋu be: “O! Yehowa, se Yuda ƒe kokoƒoƒo, na wòawɔ ɖeka kple Israel wɔ aʋa kple eƒe futɔwo nɛ.”
8 論及肋未說:「願你將你的「突明」賜給肋未,將你的「烏陵」,賜給對你虔誠的人,就是你在瑪撒曾試探過,在默黎巴水旁曾考驗過的人,
Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be: “Tsɔ wò Urim kple Tumim na wò ame kɔkɔe Levi. Èdo Levi kpɔ le Masa; nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ.
9 也就是那些論及自己的父母說:我沒有顧及他們,對自己的兄弟不加重視,對自己的子女也漠不關心的人! 他們只遵守你的話,持守你的盟約。
Ewɔ wò ɖoɖowo dzi, ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo, eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo, fofowo kple dadawo gɔ̃ hã.
10 他們要將你的誡命教給雅各伯,將你的法律授給以色列;在你面前獻上馨香,在祭壇上獻上全燔祭。
Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui kple numevɔsamlekpui la dzi.
11 上主! 願你祝福他的勇力,悅納他手中的作為;對反抗他的人,願你打斷他們的腰,使惱恨他的人,再也不得起立! 」
O! Yehowa, yra Levitɔwo kpɔ ŋudzedze le woƒe dɔ siwo wowɔna na wò la ŋu. Fiti woƒe futɔwo gbidigbidi na womagafɔ gbeɖe o.”
12 論及本雅明說:「上主所鍾愛的,他必安居樂業;至高者日日庇護他,住在他兩肩之間。」
Mose gblɔ tso Benyamin ŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe wònye ele dedie le egbɔ Yehowa tsɔ ametakpɔkpɔ ƒo xlãe, ɖenɛ tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.”
13 論及若瑟說:「願他的地蒙受上主的祝福! 願天上甘露,地下深藏的淵泉,
Mose gblɔ tso Yosef ƒe to la ŋu be, “Yehowa nayra eƒe anyigba kple nunana nyuitɔwo tso dziƒo kple esiwo tso anyigba ƒe tume.
14 因太陽而出產的美果,靠月亮而出產的寶物,
Yehowa nayrae kple nuku nyuitɔwo tso esiwo ɣe nana wotsina la dome wòana nuwoe fũu ɣleti sia ɣleti
15 太古山岳的珍品,永恒丘陵的美物,
nuku siwo wɔna nyuie le towo dzi kple esiwo wɔna nyuie le togbɛwo dzi,
16 地上的寶物及其富藏,以及住在荊棘叢中者的恩惠,都臨到若瑟頭上,降在兄弟中為首者的頭頂上!
Yehowa nayrae kple nunana nyuitɔwo kple anyigbadzinu geɖewo, kpakple Mawu, ame si ɖe eɖokui fia le ŋuve ƒe bibi me la ƒe amenuveve. Yayra siawo katã nava Yosef dzi. Ame si nye fiavi le nɔviawo dome.
17 他的健壯有如頭胎的公牛,他的雙角像是野牛的雙角,用以抵觸萬民,直到地極。這是厄弗辣因的萬軍,即是默納協的勁旅。」
Ele abe nyitsuvi ene Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me. Eto dzo abe to ƒe dzowo ene; Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi. Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo kple Manase tɔ akpe akpewo.”
18 論及則步隆說:「則步隆! 你要在旅途中喜樂;至於你、依撒加爾! 你要在帳幕內歡樂。
Mose gblɔ tso Zebulon ŋu be, “O! Zebulon, tso aseye le wò gododo ŋuti, eye Isaka, kpɔ dzidzɔ wò ame si lɔ̃a agbadɔmenɔnɔ.
19 他們要邀請人民上山,在那裏奉獻應獻的祭祀,因為他們要吸收海洋的富饒,沙中潛藏的珠寶。」
Woawoe akpe amewo be woaɖu yewoƒe vɔsanuwo kple yewo. Kpɔ ɖa, woaɖu atsiaƒumenu nyuiwo kple nu nyuitɔwo tso anyigba me.”
20 論及加得說:「那使加得擴張的,應受讚美! 他臥下彷彿一隻母獅,撕裂了人的手臂和頭顱。
Mose gblɔ tso Gad ŋu be, “Woayra Gad ƒe kpeɖeŋutɔwo, Gad tsyɔ akɔ anyi abe dzata ene be yeavuvu abɔ kple ta.
21 他為自己選取了為首的一分,因為那原是為首領保留的一分。他走在人民之前,執行了上主的法令,和他對以色列的旨意。」
Wotsɔ anyigba ƒe nyuiƒewo na wo ɖokuiwo; wotsɔ kplɔla ƒe ɖuƒewo na wo. Wowɔ Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi.”
22 論及丹說:「丹好似由巴商跳出的幼獅。」
Mose gblɔ tso Dan ŋu be, “Dan le abe dzatavi si le kpo tim tso Basan ene.”
23 論及納斐塔里說:「納斐塔里,飽受恩愛,充滿上主的祝福,海和南部將是他的產業。」
Egblɔ tso Naftali ŋu be: “O! Naftali, Yehowa yra wò ŋutɔ. Wò anyigba ɖo anyigbeme tso Galilea ƒu la nu.”
24 論及阿協爾說:「眾子中最受祝福的是阿協爾;願他獲得兄弟的恩待,在油中洗腳!
Mose gblɔ tso Asar ŋu be: “Woayra Aser wu to bubuawo katã; wokpɔ ŋudzedze le eŋu wu nɔviawo, amiti geɖewo amie na wò.
25 願你有銅鐵的門閂;願你一生獲享安寧! 」
Woatsɔ gayibɔ kple akɔbli atu wò du ƒe agbowoe àkpɔ ŋusẽ le wò ŋkekewo katã me!
26 沒有一個像耶叔戎的天主,他騰空駕雲,在威嚴中來援助你。
Ame aɖeke mede Yehowa, Yesurun ƒe Mawu la nu o. Eɖiɖina tso dziƒo Le fianyenye kple ŋutikɔkɔe me be yeaxɔ na wò.
27 亙古的天主是你的避難所,他永遠的手臂是你的支柱;他由你面前驅走了敵人,是他向你下命說:毀滅罷!
Mawu mavɔ lae nye wò sitsoƒe, eƒe abɔ mavɔ la le anyigba te. Enyaa wò futɔwo ɖa le ŋgɔwò eyae gblɔ na mi be, ‘Mitsrɔ̃ wo!’
28 因此,以色列能以安居樂業,雅各伯的後裔定居在產糧出酒之地,天也從上降下甘露。
Ale Israel nɔa anyi dedie; le anyigba si dzi bli kple wain bɔ ɖo, eye tsi dzana tso dziƒo ɖo.
29 以色列,你真是有福的;為上主所拯救的人民,有誰相似你﹖他是你護身的盾牌,是使你勝利的刀劍。你的仇敵必將奉承你,而你卻要踐踏他們的背脊。
Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ! Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe tso Yehowa gbɔ? Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe! Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la. Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò eye nànya avuzi le wo dzi!”

< 申命記 33 >