< 申命記 19 >

1 當上主你天主消滅了那些異民,上主你的天主將他們的土地賜給了你,而你佔領了那地,住在他們的城鎮和房屋裏以後,
“Ne Yehowa, wò Mawu la tsrɔ̃ dukɔ siwo teƒe xɔ ge nàla, eye ne èle woƒe duwo kple aƒewo me la,
2 應在上主你的天主賜給你作產業的地方,劃出三座城,
ekema nàtia du etɔ̃ siwo le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nàwom la titina lɔƒo la na ɖokuiwò.
3 修好到那裏去的道路,將上主你的天主給你作產業的地方,分為三個區域,這樣使殺了人的,可逃到那裏去。
Ɖe mɔwo ɖe wo dome, eye nàma anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm abe wò domenyinu ene la ɖe akpa etɔ̃ me, ale be ne ame aɖe wu nɔvia la, wòasi ayi afi ma.
4 殺人犯逃到那裏得保全性命的案件應是這樣:假使有人無意殺了鄰人,彼此又素無仇怨:
“Nu si ta wòle be du siawo nanɔ anyi ɖo la woe nye:
5 比如他與鄰人同去林中伐樹,當他手揮斧子伐樹時,斧頭脫了柄,落在鄰人身上,以致斃命,他就可逃到這些城中的一座城去,為保全性命,
Ne ame aɖe kple nɔvia aɖe woyi nake fɔ ge le ave me, eye fia la dzo le esi, eye wòwu nɔvia la, amewula la asi ayi du mawo dometɔ ɖeka me, eye wòanɔ dedie.
6 以免報血仇者心中發火追趕殺人者,因路途遙遠,而能趕上他,將他殺死;其實他與那人素無仇怨,罪不該死。
Ne menye nenema o la, hlɔ̃biala la ati eyome kple dɔmedzoe, atui ne sitsoƒedu la gbɔ didi akpa, eye wòawui togbɔ be medze na ku hafi o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu nɔvia o.
7 為此我吩咐你:應劃出三座城。
Nu sia ta meɖoe na wò be nàtia du etɔ̃ da ɖi na ɖokuiwò.
8 當上主你的天主,照他向你的祖先誓許的,擴展了你的疆域,將許下要給你祖先的整個土地賜給你時,──
“Yehowa wò Mawu akeke wò anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbe na tɔgbuiwòwo ene, eye wòatsɔ anyigba blibo si ŋugbe wòdo la na wò.
9 倘若你謹守遵行我今日吩咐你的這一切誡命,愛上主你的天主,日日履行他的道路,──你應在這三座城以外,另設三座城,
Esia aku ɖe ale si nèwɔ eƒe se siwo katã mele dedem na wò egbe, be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu, eye nàzɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu la dzi. Ne esia va eme la, ele be nàgawɔ du bubu etɔ̃ Sitsoƒeduwoe.
10 免得無罪者的血,流在上主你的天主賜給你作產業的土地上,血債歸在你身上。
Ale nàte ŋu axɔ ame maɖifɔwo ɖe agbe le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi, eye ʋukɔkɔɖi dzodzro ƒe agba manɔ dziwò o.
11 但是,如果有人懷恨自己的鄰人,埋伏突擊他,而將他殺死,然後逃到這些城中的一座,
“Ke ne ame aɖe lé fu nɔvia, de xa ɖi nɛ hewui, eye wòsi yi sitsoƒedu siawo dometɔ ɖeka me la,
12 他本城的長老應派人去,將他從那裏逮回,交於報血仇者手中,將他處死;
eƒe dumemetsitsiwo aɖo du ɖee, ana woakplɔe ava aƒee, eye woatsɔe ade asi na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala be wòawui.
13 你不可憐視他,而應由以色列中洗除無辜的血:如此你纔能平安無事。
Mègakpɔ nublanui nɛ o! Ɖe hlɔ̃dolawo katã ɖa le Israelviwo dome! Eya ko hafi nu sia nu ayi edzi nyuie na mi.
14 在上主你的天主賜給你作產業所分得的土地上,不可移動你鄰人的地界,因為是先人所劃定的。
“Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi la, ɖo ŋku edzi be, mèkpɔ mɔ aho ame aɖeke ƒe liƒotiwo agbugbɔ wo atu ale be nàfi eƒe anyigba gbeɖegbeɖe o.”
15 人無論犯了什麼不義,什麼罪惡,或什麼過錯,只憑一個見證,罪名不得成立;須憑兩個或三個見證的口供,纔可定案。
“Mègabu fɔ ame aɖeke le ɖasefo ɖeka ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve godoo; anyo wu ne woade etɔ̃.
16 若有人懷有惡意,起來作證控告某人犯法,
Ne ame aɖe ɖi aʋatsoɖase hegblɔ be yekpɔ ame aɖe wòwɔ nu vɔ̃ esime amea mewɔ nu vɔ̃ la o la,
17 二人應一同站在上主面前,和值班的司祭及判官面前。
na woakplɔ ame eveawo ayi nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo gbɔ le Yehowa ŋkume.
18 判官應仔細考問。若那作證的是一個假證人,誣告自己的兄弟,
Woabia gbe wo tsitotsito, eye ne wokpɔ be ɖasefo la ka aʋatso la,
19 你就應對付他,如同他想對付自己的兄弟一樣:這樣你便由你中間剷除了這邪惡,
woahe to si wòbu be woahe na ame kemɛ la hafi la na eya ŋutɔ boŋ. To mɔ sia dzi, eye nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome.
20 其餘的人聽了,必然害怕,在你中間再不致有這樣的惡事發生。
“Ekema ame siwo asee la avɔ̃ na aʋatsoɖaseɖiɖi.
21 你不可發慈悲,要以命償命,以眼還眼,以牙還牙,以手還手,以腳還腳。
Mègakpɔ nublanui na aʋatsoɖasefo aɖeke o. Le nya sia tɔgbiwo me la, se si dzi nàkpɔe nye: agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.”

< 申命記 19 >