< 申命記 14 >

1 你們是上主你們天主的兒女。你們不應為死者割傷自己,不應將頭頂剃光,
“Esi wònye Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe amewo mienye ta la, migasi ŋuti na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔna ne wole woƒe legbawo subɔm la ene o. Gawu la, ne ame ku la, mele be mialũ miaƒe ŋgonu kple dzodome o.
2 因為你是屬於上主你天主的聖潔人民,上主由地上的萬民中,特選了你做他自己的人民。
Yehowa, miaƒe Mawu la ɖeɖe ko tɔe mienye. Eyae tia mi be mianye ye tɔ wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me.
3 凡是可憎惡之物,你不可吃。
“Migaɖu nu siwo ŋuti mekɔ o la dometɔ aɖeke o.
4 你們可吃的走獸如下:牛、綿羊、山羊、
Lã siwo miate ŋu aɖu la woe nye: nyi, alẽ, gbɔ̃,
5 鹿、羚羊、黈鹿、野山羊、臆羚、野牛和野羊。
zi, sẽ, afiã, gbɔ̃ si le gbe me, avugbɔ̃e kple alẽ si nɔa towo dzi.
6 走獸中,凡有偶蹄分趾而又反芻的走獸,你們都可以吃。
Miate ŋu aɖu lã siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu gaɖuna.
7 但是在反芻或有偶蹄分趾的走獸中,你們不可吃的:有駱駝、兔子或岩狸,因為牠們雖反芻,蹄卻不分趾,對你們仍是不潔的。
Ke lã siwo ƒe afɔkli me fe alo woɖua nu gadzɔna la, migaɖu esiawo ya o, woawoe nye kposɔ, fɔmizi kple xɔfie, elabena togbɔ be wodzɔa nu gaɖuna hã la, woƒe afɔkli me mefe ɖe eve o, eya ta wonye lã makɔmakɔwo.
8 至於豬,雖有偶蹄,卻不反芻,對你們也是不潔的;你們不可吃這些走獸的肉,也不可摸牠們的屍體。
Nenema ke, migaɖu ha hã o, elabena togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Mele be miaka asi lã siawo ƒe kukuawo gɔ̃ hã ŋu o.
9 水族中你們可吃的如下:凡有鰭有鱗的,都可以吃;
“Tɔmelã siwo ko miekpɔ mɔ aɖu la woe nye esiwo ŋu adza kple tsro le.
10 凡無鰭無鱗的,都不可吃;這一切對你們都是不潔的。
Ke tɔmelã bubuawo katã siwo ŋu tsro kple adza mele o la nye nu makɔmakɔwo; migaɖu wo o.
11 凡是潔淨的飛禽,都可以吃。
Miekpɔ mɔ aɖu xe ɖe sia ɖe si ŋuti kɔ
12 飛禽中不可吃的:有鷹、鶚、禿鷲、
negbe hɔ̃, akaga, akpɔ̃,
13 鳶隼、鵰類,
doɖi, aʋako dzĩtɔ kple yibɔtɔwo, akpaviã ƒomevi vovowo, ayisu ƒomevi ɖe sia ɖe,
14 凡烏鴉之類,
akpaviã ƒomevi ɖe sia ɖe,
15 駝鳥、夜鷹、海鷗,凡蒼鷹之類,
golo, sagbadre, tsalɛ̃ kple aʋako ƒomevi ɖe sia ɖe,
16 小梟、鴟梟、梟、白鷺、
ʋlukuku, favieʋuto kple aŋɔɣi,
17 塘鵝、鴇、鸕鶿、
aluge, akaga kple tsimese,
18 鸛鷺類、戴勝和蝙蝠。
damixe kple ako ƒomevi ɖe sia ɖe, agudzixe kple dro.
19 凡有翅的昆蟲,對你們都是不潔的,都不可吃。
“Nudzodzoewo katã kloe nye nu makɔmakɔwo, eya ta miekpɔ mɔ aɖu wo o.
20 凡潔淨的飛禽,都可以吃。
Ke miekpɔ mɔ aɖu xe siwo katã ŋu kɔ.
21 凡自死的動物,你們不可吃,卻可送給在你城內的外方人吃,或賣給外邦人,因為你是屬於上主你天主的聖潔人民。不可煮羊羔在其母奶之中。
“Migaɖu naneke si ku le eɖokui si o, Ke amedzro si le mia dome la ate ŋu aɖui. Miate ŋu atsɔe nɛ alo adzrae nɛ, gake miawo ŋutɔ ya migaɖui o, elabena mienye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la. “Migaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.”
22 你每年在田地內播種所得的出產,應繳納十分之一。
“Ele be miana miaƒe agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe pɛpɛpɛ.
23 你應在上主選定為立自己名號的地方,於上主你的天主面前,吃那五穀、酒、油的十分之一,及你的頭胎牛羊,好使你能學習著常敬畏上主你的天主。
Mitsɔ agblemenukuwo ƒe ewolia sia va ɖu le Yehowa, mia Mawu la ŋkume le teƒe si wòatia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Nu siawoe nye miaƒe bli, wain yeye, ami kple miaƒe alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbeviwo. Nu ewolia nana ƒe taɖodzinue nye be, miatsɔ teƒe gbãtɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le miaƒe agbenɔnɔ me.
24 如果為你路途太遠,你不能把十分之一之物運去,因為上主你的天主選定為立自己名號的地方離你太遠,那麼若上主你的天主祝福了你,
Ne teƒe si Yehowa miaƒe Mawu tia abe eƒe kɔkɔeƒe ene didi ale gbegbe be manɔ bɔbɔe be miatsɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia ayi afi ma ke o la,
25 你可以把物品換成銀錢,手中帶著銀錢,往上主你的天主所選的地方,
ekema miate ŋu adzra miaƒe agblemenukuwo kple lãwo ƒe ewolia, eye miatsɔ ga la ayi Yehowa miaƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la.
26 在那裏可隨意用銀錢買牛羊、清酒和濃酒,以及你願意要的,在上主你的天主面前吃喝,與你的家屬一同歡樂;
Ne mieɖo afi ma la, ekema mitsɔ ga la ƒle nyitsu ɖeka kple alẽ ɖeka, eye miadze wain alo aha sesẽ aɖe, miaɖu nu le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye kple miaƒe aƒemetɔwo.
27 但在你城內的肋未人,你不可忘記,因為他在你中間沒有分得產業。
“Migaŋlɔ be, eye miagbe miaƒe ga la ƒe akpa aɖe nana Levitɔ siwo le mia dome o, elabena domenyinu alo agblemenuku aɖeke mele woawo si abe miawo ene o.
28 每過三年,你應取出全部出產的十分之一,儲藏在你城鎮內,
“Le ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe me la, ele be miawɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia katã ŋu dɔ hena dɔwɔwɔ le miaƒe nutowo me.
29 那沒有與你分得產業的肋未人,和在你城鎮內的外方人、孤兒、寡婦都可來吃喝,得享飽飫,好叫上主你的天主,在你所做的一切事業上祝福你。
Mitsɔe na Levitɔwo, ame siwo si domenyinu aɖeke mele le mia dome o alo miatsɔ wo ana amedzro, ahosi alo tsyɔ̃evi siwo le miaƒe du me ale be woaɖu nu aɖi ƒo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la ayra mi kple miaƒe dɔwɔwɔwo.”

< 申命記 14 >