< 阿摩司書 8 >

1 [神視四:果籃]吾主上主叫我看見這事:看,有一籃熟果子。
Aƒetɔ Yehowa ɖe kusi aɖe si yɔ fũu kple kutsetse ɖiɖiwo la fiam le ŋutega me.
2 上主說:「亞毛斯,你看見了什麼﹖」我答說:「一籃熟果子。」上主又向我說:「我百姓以色列的結局已成熟,我不再放過她。
Ebiam be, “Amos, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu nɛ be, “Kusi si yɔ kple atikutsetse ɖiɖiwo.” Yehowa gblɔ nam be, “Israel ƒe ɣeyiɣi de, eya ta nyemagahe woƒe tohehe ɖe megbe azɔ o.”
3 在那一天,王宮中的歌女必要哀號──吾主上主的斷語──屍體成堆,拋在各處,鴉雀無聲。」
Egagblɔ be, “Hadzidzi siwo ɖina le gbedoxɔ me la azu avifafa gbe ma gbe. Ame kukuwo akaka ɖe afi sia afi, eye ɖoɖoe azi klẽnee.”
4 壓榨窮人,使世上弱小絕跡的人哪! 你們應聽。
Misee ɖa, mi ame siwo baa ame dahewo, heɖoa afɔ hiãtɔwo dzi.
5 你們說:「月朔幾時才經過去,好讓我們賣五榖﹖安息日幾時才過去,好讓我們打開糧倉,縮小「厄法,」加重「協刻爾,」用假秤欺人﹖
Mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Gbe ka gbe dzinu yeye nu le yiyi ge ne míadzra bli, eye Dzudzɔgbe nu le yiyi ge ne míaʋu avawo nu?” Míatsɔ nudanu suewo kple nudzidzenu miamiawo anɔ ame bamii.
6 用銀錢購買窮人,以一雙鞋換取貧人,連麥糠也賣掉﹖」
Mi ame siwo doa kluvi ame dahewo ɖe klosaloga ɖeka ta, eye miedzraa hiãtɔwo ɖe afɔkpa dodo ɖeka pɛ ta alo dzraa bli gbegblẽ na wo.
7 上主指著雅各伯的誇耀說:「我永不會忘了你們的所作所為。
Yehowa ta nu ɖe Yakob ƒe dada ŋu be, “Nyemaŋlɔ miaƒe nu vɔ̃wo be o!
8 難道不是因此大地才震動,地上 居民才悲號,全地氾濫有如尼羅,退落有如埃及大河﹖
“Le esia ta anyigba adzo nyanyanya, ame sia ame afa konyi, eye woakɔ ayi dzi abe Nil tɔsisi ene. Woadze agbo, agadze anyi abe Egipte tɔsisi la ene.”
9 在那一天──吾主上主的斷語──我必使太陽在中午落下,使大地白畫變為黑暗;
Aƒetɔ Yehowa be, “Gbe ma gbe la, mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu, eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me.
10 使你們的喜慶變為喪事,使你們的一切樂曲變為哀歌,使你們都腰繫苦衣,頭都剃光;使你們哀悼,如哀悼獨生子,使那一天紿終是愁苦的日子。
Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔhawo azu avihawo. Mianɔ funyivɔ me, alũ ta kolikoli abe mia viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ si le mia si lae ku ene. Nyateƒe, ŋkeke ma ave le miaƒe nu me ŋutɔ.”
11 看,那日子一來臨──吾主上主的斷語──我必使飢餓臨於此地,汞是對食物的飢餓,也不是對水的飢渴,而是對聽上主的話的飢渴。
Aƒetɔ Yehowa be: “Ŋkeke li gbɔna esi dzi maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, menye nuɖuɖu kple tsi ƒe dɔwuame o, ke boŋ Yehowa ƒe nyasese ƒe dɔwuame wòanye.
12 他們必由這海走到那海,由北至東,去尋求上主的話,卻尋不到。
Woatsa tso afii ayi afi mɛ, tso anyiehe ayi ɣedzeƒe, anɔ Yehowa ƒe nya dim be yewoase, gake womakpɔe o.
13 那一天,美麗的處女和健壯的青年,必因饑渴而暈眩。
“Gbe ma gbe la, “ɖeɖi ate ɖetugbi dzetugbewo kple ɖekakpui sesẽwo ŋu, eye nu ati kɔ na wo le mawunya ƒe tsikɔ si le wo wum la ta.
14 那些指著撒馬黎雅的罪過起誓,那些說:「丹,你的神永在,」或說:「貝爾舍巴,你的護守神永在」的人,必要跌倒,再不能起來。
Ame siwo ta legba si le Samaria, eye wogblɔ be, ‘O Dan, meta wò mawu ƒe agbe alo meta Beerseba ƒe mɔ la adze anyi, eye womagafɔ akpɔ gbeɖe o.’”

< 阿摩司書 8 >