< 阿摩司書 6 >

1 那些安身熙雍,自恃撒馬黎雅山,自命為諸民之首,為以色列家所歸之人,是有禍的!
Baba na mi, ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le Zion kple ame siwo susu be yewosu te le Samaria towo dzi, mi ame siwo nye ame veviwo kple ame ŋkutawo le Israel, ame siwo gbɔ dukɔ la xɔa aɖaŋu le.
2 你們去加耳乃觀察一下,從那裏到大哈瑪特,然後下到培肋舍特人的加特,看你們是否比這些國更好﹖或者你們的疆域比她們的更廣大,
Miyi ɖe Kalne ne miakpɔ nu si dzɔ le afi ma la ɖa; eye miayi ɖe du gã Hamat me, ahaɖiɖi ɖe Gat, Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, akpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ɖe mienyo wu fiaɖuƒe siawo alo ɖe miaƒe anyigba lolo wu wo tɔa?
3 那些想避開凶日的,卻接近了殘暴。
Mieɖe susu ɖa le ŋkeke vɔ̃ la ŋuti, gake miaƒe nu tovowo wɔwɔ wɔe be Ʋɔnudrɔ̃gbe la le mia lalam.
4 他們躺在躺象牙上床上,棋橫臥在軟榻上,吃著羊群中的羔羊和牛欄中的牛犢,
Miemlɔa nyiɖubawo dzi, eye miedrana ɖe zikpui bɔbɔewo dzi heɖina ɖe eme; alẽvi kple nyivi damitɔwoe woɖana na mi.
5 伴著琴聲吟詠,自比達味,發明樂器,
Midzia ha vlowo hevuna ɖe kasaŋku ŋu ƒona abe David ye le ha kpam ene.
6 大碗喝酒,以上等的油抹身,但對若瑟的崩潰,卻漠不關心。
Miekua wain ɖe tre gãwo me wòyɔna banaa mienona, eye miesia ami ʋeʋĩwo, gake Yosef ƒe aƒe la ƒe gbegblẽ ya meka mi o,
7 為此,這些人現在就要先被擄去;放蕩不羈者的狂歡,也就完了。
eya ta miawoe anye ame gbãtɔ siwo woaɖe aboyoe, eye miaƒe agbe vivi ɖuɖu la nu atso.
8 吾主上主指著自己起誓──上主萬軍的天主的斷語──我厭惡雅各伯的驕傲,痛恨他的宮殿;我必將城和城中所有有的一切交出。
Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe. Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “Yakob ƒe dada ƒuƒlu la le ŋu nyɔm nam, eye melé fu eƒe mɔ sesẽwo. Matsɔ du gã sia kple emenu nyuiwo ade asi na eƒe futɔwo.”
9 倘若在一家中留下了十個人,也必死盡。
Ne ŋutsu ewo susɔ ɖe aƒe ɖeka me hã, wo katã woaku.
10 倖免的少數親友,由屋內抬出他們的骨骸,問那內室深處的人說:「還有人同你在一起嗎﹖」他必說:「沒有了。」繼而說:「不要作聲,千萬不要提上主的名字! 」
Ne ƒometɔ aɖe si atɔ dzo ame kukuawo va aƒea me la, abia ame si ɣla ɖe aƒea me la be, “Ame aɖewo gatsi agbe kpe ɖe ŋuwòa?” Ame la aɖo eŋu nɛ be, “Ao!” Ekema ame si va la, agblɔ be, “Mia nu. Mele be míayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le afi sia o.”
11 看,上主一下令,高樓大廈頓成瓦礫,矮小平房蕩然無存。
Elabena kpɔ ɖa, Yehowa de se be, woagbã aƒe suewo kple gãwo siaa.
12 馬豈能在懸崖上奔馳,牛豈能在海上耕作﹖你們竟將公道變為毒藥! 將正義之果變為苦藥!
Sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpewo dzia? Ɖe nyitsu siwo wotsɔna ŋlɔa agblee la ate ŋu aŋlɔ atsiaƒu dzia? Ke mietrɔ afia nyui tsotso wòzu aɖi, eye miedo ŋunyɔ nu sia nu si nye nu dzɔdzɔe la wòzu atsa.
13 你們為了羅德巴爾而自鳴得意,且說:「我們豈不是靠自己的力量取得了卡爾納殷﹖」
Mi ame siwo kpɔ dzidzɔ esi wogbã Lodeba eye miegblɔ be, “Ɖe menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe míetsɔ xɔ Karnaim oa?”
14 然而,以色列家! 看,我必要喚起一個民族來攻打你們,──上主萬軍的天主的斷語──從哈瑪特關口蹂躪你們直到阿辣巴河。
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “O Israel ƒe aƒe, mana dukɔ aɖe natso ɖe ŋuwò. Ate wò ɖe to vevie tso Lebo Hamat va se ɖe Wadi Araba tɔʋu la to.”

< 阿摩司書 6 >