< 阿摩司書 3 >

1 以色列子民! 你們應聽從上主關於你們,即 由埃及領出來的全體民族所說的話:「
O Israel, se nya si Yehowa gblɔ tso mi ƒome blibo si wòkplɔ tso Egipte la ŋu ɖa.
2 由世界上一切種族中,我只選擇了你們,為此,我必懲罰你們的罪惡。
“Le amegbetɔƒome siwo katã le anyigba dzi dome la, miawo ko metia, eya ta wòle be mahe to na mi vevie ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta ɖo,
3 二人除非預約,豈能同行。
elabena aleke ame eve ate ŋu azɔ ɖekae ne womeɖo gbe ɖi o?”
4 獅子若無獵物,豈能在林中咆哮﹖幼獅除非捕到食物,豈能在洞中吼叫﹖
Ɖe dzata ɖea gbe le ave me ne melé nu oa? Ɖe dzata tea gbe le eƒe do me ne mekpɔ lé nu haɖe oa?
5 雀鳥若無餌食,豈能落在地上﹖機楹若無所獲,豈能由地上翻起﹖
Ɖe xevi dzona ɖe mɔ dzi le anyigba, ne wometre mɔ nɛ oa? Alo ɖe mɔ fena, ne naneke meɖo eme oa?
6 如在城中吹起號角,人民豈不恐怖﹖如城裏發生災禍,豈不是上主所為﹖
Ne kpẽ ɖi le du me la, ɖe dua me tɔwo mevɔ̃na oa? Ne dzɔgbevɔ̃e va du aɖe dzi la, ɖe menye Yehowae ɖe mɔ oa?
7 的確,上主若不先將自己的計劃啟示給自己的先知,什麼也不作。
Eya ta Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mewɔa naneke ne meɖe eƒe ɖoɖo fia eƒe dɔla nyagblɔɖilawo hafi o.
8 獅子咆哮了,誰不害怕﹖吾主上主發了言,誰能不傳衪的話﹖」
Dzata ɖe gbe, ame kae mavɔ̃ o. Yehowa Mawu ƒo nu, ame kae agbe be yemagblɔ nya ɖi o.
9 他們要在亞述和埃及的宮殿高處宣布說:你們應聚集在撒馬黎雅山上,觀看那裏的混亂和其中的殘暴。
Miɖe gbeƒã le Asdod kple Egipte fiasãwo me be, “Miƒo ƒu mia ɖokuiwo ɖe Samaria towo dzi, ne miakpɔ ʋunyaʋunya gã kple teteɖeanyi siwo le edzi yim le dukɔ la dome.”
10 他們不知行正直的事──上主的斷語──只知在宮殿內積累強暴和欺壓。
Yehowa be, “Nye dukɔ ŋlɔ nu nyui wɔwɔ be, woƒe aƒe nyuiwo me yɔ kple nu siwo wofi kple nu siwo woda adzoe.”
11 為此,吾主上主這樣說:「敵人要圍困此地,推翻你的堡壘,搶掠你的宮殿。
Yehowa Mawu be, “Eya ta futɔ aɖe ava nye avuzi le miaƒe anyigba dzi, agbã miaƒe mɔ sesẽwo, eye wòaha miaƒe fiasãwo.”
12 上主這樣說:牧人怎樣從樣由獅子口中搶救出兩條羊腿,或一塊羊耳,以色列子民,即在 撒馬利亞斜倚在安樂椅角上,或大馬士革榻上的人,也要怎樣被救出。
Ale Yehowa gblɔe nye si, “Abe ale si Alẽkplɔla ɖea lã ƒe ata eve kple to kakɛ aɖe ko le dzata ƒe nu me la, nenema kee wòanɔ na Israelvi siwo nɔ Samaria le aba ƒe dzogoe dzi kple ame siwo nɔ aba ƒe kundru dzi.”
13 你們靜聽,並對雅各伯家作証──吾主上主萬軍的天主的斷語──
Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “Misee, eye miagblɔe na Yakob ƒe aƒe la be:
14 在我懲罰以色列罪惡之日,我必毀壞貝特耳的祭壇,祭壇的角必被打落在地上。
Gbe si gbe mahe to na Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la, gbe ma gbe kee matsrɔ̃ legba siwo katã le Betel. Woaŋe vɔ̃samlekpui la ƒe dzowo woage ɖe anyigba.
15 我要破壞過冬和過夏的別墅,象牙宮也必遭毀壞,高樓大廈也必蕩然無存」──上主的斷語。
Magbã kesinɔtɔwo ƒe aƒe nyuiwo, akaka woƒe vuvɔŋɔlixɔ dranyiwo kple woƒe dzomeŋɔlixɔwo. Matsrɔ̃ woƒe nyiɖuxɔwo, eye magbã woƒe sãwo,” Yehowae gblɔe.

< 阿摩司書 3 >