< 阿摩司書 2 >

1 上主這樣說:「為了摩阿布再三再四犯罪,我不收回成命,因為他們曾將厄東的骨骸焚化成灰。
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Moab ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ Edom fia ƒe ƒuwo me akaloe.
2 我必將火投於摩阿布,燒盡克黎約特的王宮;摩阿布必在騷嚷、吶喊和號角聲中滅亡。
Eya ta mana dzo nava fia Moab, eye wòabi mɔ sesẽ siwo le Keriyɔt. Moab fia ŋutɔ atsrɔ̃ le ʋunyaʋunya me le aʋaɣli kple kpẽwo ƒe ɖiɖi me,
3 我必由其中消滅民長,將她的一切長官同她一起殺死」──上主說。
eye mawu eƒe fia kple eŋutimewo katã.” Yehowae gblɔe.
4 上主這樣說:「為了猶大再三再四犯罪,我不收回成命,因為他們離背了上主的法律,沒有遵守衪的誡命;他們祖先所追隨的邪神,使他們走入了岐途。
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Yuda ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena egbe nu le Yehowa ƒe seawo gbɔ, eye wògbe eƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔ, ke boŋ ena eƒe alakpalegba siwo yome wo fofowo dze la kplɔe trae,
5 我必把火投於,燒盡耶路撒冷的王官」
eya ta mana dzo nava fia Yuda, eye wòafia Yerusalem ƒe mɔ sesẽwo.”
6 上主這樣說:「為了以色列再三再四犯罪,我不收回成命,因為他們為了銀錢出賣人;為一雙鞋,出賣無辜的人。
“Le Israel ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, “Nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe klosalo ta, eye wòtsɔ ame dahe dzra ɖe atokota dodo ɖeka pɛ ta.
7 他們把窮人的頭踏在塵土裏,侵奪卑微人的權利;兒子與父親走近同一少女,以致褻瀆我的聖名;
Wotea ame dahewo ɖe to, eye wotrɔa gbo nya dzɔdzɔewo na ame gblɔe siwo wote ɖe to. Vɔ̃ɖitɔe nye be, ŋutsu kple via dea ɖetugbi ɖeka gbɔ heƒoa ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.
8 他們靠近每個祭壇,躺在抵押者的衣服上,在他們的神廟內喝剝削來的酒。
Woɖoa atsyɔ̃ kple avɔ siwo woxɔ le fenyilawo si le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha siwo woxɔ le woƒe mawuwo ƒe aƒe me.
9 是我由你們面前消滅了阿摩黎人,他們雖高大似香柏,堅固如橡樹,但我仍從樹上摘去了果實,由樹下拔出了根子。
“Metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, togbɔ be wodzɔ atsu abe sedati, eye wosẽ abe sesewu ene hã la, meho wo kple ke.
10 是我由埃及國領你們上來,四十年之久引你們經過曠野,使你們佔領了阿摩黎人的國土。
Mekplɔ wò do goe tso Egipte, eye mekplɔ wò le gbedzi ƒe blaene sɔŋ, be woava xɔ Amoritɔwo ƒe anyigba.
11 是我從你們的子孫中立了一些人為先知,由你們少年中選拔了一些人作獻身者。以色列子民,是不是這樣呢﹖──上主的斷語。
Meɖo mia viŋutsuwo nyagblɔɖilawo kple míaƒe ɖekakpuiwo Mawu ƒe kluwo na Israel; ɖe nàte ŋu agblɔ be esiawo katã mele eme oa? Yehowae gblɔe.
12 但是,你們竟叫獻身者喝酒,又吩咐先知說:「別傳神言! 」
Gake miena wain Mawu ƒe kluwo wono. Gawu la, miegbe na nyagblɔɖilawo be womagblɔ nya ɖi o.
13 看,我要使你們腳下的地搖蕩,好像車搖蕩一樣,
“Eya ta mate mi ɖe to abe ale si keke si wodo bligba na fũu la yia toe ene.
14 以致疾行者無法逃遁,強有力者無法施展,武士救不了自己,
Miaƒe aʋawɔla ɖeablawo mate ŋu asi, akpɔ sitsoƒe o, ame sesẽwo mate ŋu azã woƒe ŋusẽ o, eye kalẽtɔ mate ŋu aɖe eƒe agbe o.
15 弓手不能屹立,捷足者不能逃脫,騎馬者不能自救。
Aŋutrɔdala manɔ te adae o, asrafo zazɛ̃wo mate ŋu asi o, eye sɔdola nyuitɔ mate ŋu ado sɔ asi le tsɔtsrɔ̃ la nu o.
16 在那一天,武士中最勇敢的,也僅能赤身逃走」──上主的斷語。
Dzideƒotɔ siwo le kalẽtɔwo dome hã asi amamae gbe ma gbe.” Yehowae gblɔe.

< 阿摩司書 2 >