< 撒母耳記下 8 >
1 此後,達味攻打培肋舍特人,將他們克服,由他們手中奪得了京城的治權。
Le esia megbe la, David ɖu Filistitɔwo dzi eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi to woƒe du Meteg Ama xɔxɔ me.
2 他也打敗了摩阿布人,叫他們躺在地上,用繩子來量,兩繩子內的人處死,一繩內的人生存;如此,摩阿布人遂臣服達味,給他納貢。
Eɖu Moabtɔwo hã dzi eye wòna Moabtɔwo mlɔ anyi ɖe wo nɔewo xa le fliwo me. Etsɔ dzidzeka dzidze wo eye wòma wo ɖe akpa etɔ̃ me. Ewu ameawo ƒe akpa eve, ena akpa etɔ̃lia me tɔwo zu eƒe subɔlawo eye wòna wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe.
3 當勒曷布的兒子,祚巴王哈達德則爾向幼發拉的河伸展自己的勢力時,達味也打敗了他,
Eɖu Zoba fia Hadadezer, Rehob ƒe vi dzi le esime wòva be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat tɔsisi la to.
4 擄獲了他的馬兵一千七百,步兵兩萬,割斷了所有拉戰車的馬蹄筋,只留下了足以拉一百輛車的馬。
David lé sɔdola akpe wuiadre kple afɔzɔla akpe blaeve, etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka ko.
Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve.
6 達味遂在大馬士革阿蘭屯兵駐守,阿蘭也臣服於達味,給他進貢。達味無論往那裏去,上主總是輔助他。
David da asrafo aɖewo ɖe Damasko si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòayi.
7 達味奪了哈達德則爾臣僕所帶的金盾牌,送到耶路撒冷。
David tsɔ sikakpoxɔnu siwo ŋu dɔ Fia Hadadezer ƒe aʋakɔwo wɔ la va Yerusalem.
8 達味王又由貝塔和貝洛泰,哈達德則爾的兩座城內,奪取了大量的銅。
Etsɔ akɔbli gbogbo aɖe hã tso Teba kple Berotai siwo nye Fia Hadadezer ƒe du gãwo la me yi Yerusalem.
Esi Hamat fia, Tɔi, se ale si David si fia Hadadezer ƒe aʋakɔ blibo la,
10 便派自己的兒子哈多蘭到達味王那裏,向他致敬,祝賀他攻打了哈達德則爾,並將他打敗,因為哈達德則爾原是托烏的敵人。哈多蘭帶來了一些金器銀器和銅器。
eɖo Via ŋutsu Yoram ɖe David gbɔ be wòado gbe nɛ, akafui le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer eye wòsii la ta, vevietɔ, esi Tɔi kple Hadadezer nye futɔwo ta. Tɔi ɖo nu siwo wowɔ kple klosalo, sika kple akɔbli la ɖe David.
Fia David kɔ nunana siawo katã ŋu na Yehowa, abe ale si wòwɔ kple klosalo kple sika si wòxɔ tso dukɔ siwo katã dzi wòɖu gbɔ,
12 即阿蘭、摩阿布、阿孟子民、培肋舍特人、阿瑪肋克和祚爾王勒曷布之子哈達德則爾的戰利品中所得,且已奉獻了的金銀,一同獻給了上主。
tso Edom kple Moab, Amonitɔwo kple Filistitɔwo kple Amalekitɔwo gbɔ ene. Ekɔ nu siwo wòha tso Hadadezer, Rehob ƒe vi, Zoba fia hã gbɔ la ŋu na Yehowa.
13 達味戰勝阿蘭人歸來時,在鹽谷又擊殺了一萬八千厄東人,他的聲譽就更大了。
Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo. Esi wòtrɔ gbɔ la, ewu Siriatɔ akpe wuienyi le Dze Balime
14 他遂屯兵厄東,全厄東都臣服了達味;達味無論往那裏去,上主總是輔助他。
eye wòda asrafo aɖewo ɖe Edom ƒe teƒe ɖe sia ɖe. Ale Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi.
15 達味統治了全以色列,對自己所有的人民秉公行義。
David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame.
16 責魯雅的兒子約阿布統領軍隊,阿希路得的兒子約沙法特為後御史。
Yoab, Zeruya ƒe vi nɔ aʋakɔ la nu. Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye fia ƒe tsiami.
17 阿希突布的兒子匝多克及阿希默肋客的兒子厄貝雅塔爾作司祭,沙委沙作秘書,
Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo eye Seraya nye fia la ƒe nuŋlɔla.
18 約雅達的兒子貝納雅管理革勒提和培肋提人;達味的兒子也作司祭。
Benaya, Yehoiada ƒe vi nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fiaŋudzɔlawo la nu eye David ƒe viŋutsuwo nye nunɔlawo.