< 撒母耳記下 22 >

1 當上主救達味脫離了仇敵和撒烏耳的毒手時,達味向上主唱了詩歌說:
David dzi ha sia na Yehowa le esime wòɖee tso Saul kple eƒe futɔ bubuawo ƒe asi me.
2 「上主,我的盤石,我的保障,我的避難所;
Egblɔ be: “Yehowae nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ.
3 天主是我所倚靠的盤石,是我的盾牌,我的大救主,我的堡壘,我的藏身處。我的救主,是你救我脫離了強暴。
Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso, nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ. Nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye ɖela èɖem le nye futɔwo katã ƒe asi me.
4 我一呼求應受頌揚的上主,我便獲救,脫離了我的仇敵。
“Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu, eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me.
5 死亡的波濤圍繞我,凶險的急流驚嚇我,
Ku ƒe ƒutsotsoewo ƒo xlãm, vɔ̃ ƒe tɔɖɔɖɔwo gbã ɖe dzinye.
6 陰府的繩索纏住中我,死亡的羅網絆住我; (Sheol h7585)
Tsiẽƒe ƒe kawo blam eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem. (Sheol h7585)
7 在急難中我呼求上主,向我的天主呼號,衪由殿中聽了我的聲音,我的呼聲達入衪耳中。
“Ke meyɔ Yehowa le nye xaxa me, medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me.
8 因衪盛大作,大地震動戢慄,上主的基礎動盪搖撼,
Tete anyigba dzo nyanyanya eye wòʋuʋu; dziƒo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye eye wodzo kpekpekpe elabena dzi kui.
9 由衪的鼻孔湧出濃煙,由衪的口中噴出烈火,由衪的身上射出火炭,
Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo.
10 使天低垂親自降下,在衪的腳下濃雲密佈。
Ema dziŋgɔli ɖe eve, wòto eme ɖi va anyi eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te.
11 衪乘坐革魯賓飛騰,藉著風的翼羽翱翔。
Ede Kerubiwo dzi eye wòdzo dzo. Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi.
12 衪四周以黑暗做帷幔,以豪雨濃雲為帳幕。
Ewɔ viviti nɔ eme abe agbadɔ ene eye lilikpo yibɔ si dzaa tsi lae ƒo xlãe
13 閃電在衪前閃爍,紅炭發出了火光。
dzoka xɔxɔwo do tso eƒe keklẽ me le eŋgɔ.
14 上主由高天興雷,至高者發出了呼聲。
Yehowa ɖe gbe tso dziƒo; eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe.
15 衪射出羽箭,使敵人四散,發閃電,使敵人驚擾。
Eda eƒe aŋutrɔ eye wòkaka eƒe futɔwo, eɖo dzikedzo ɖa eye wòtɔtɔ wo.
16 上主的呵斥一發,鼻孔的怒氣一出,蒼海的海低即出現,大地的地基也外露。
Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglãa eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta.
17 衪由高處伸手將我拉住,由大水中將我提出。
“Edo asi ɖa tso dziƒo lém, heɖem tso tɔ goglowo me;
18 救我脫離了我的勁敵,擺脫了強於我的仇人。
tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me, tso nye ketɔwo ƒe asi me, ame siwo sẽ wum akpa la ƒe asi me.
19 他們在我困厄之日,襲擊了我,然而上主卻作了我的後盾;
Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ.
20 衪引我步坦途,因喜愛我而救了我。
Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadza; eɖem elabena nye nu nyo eŋu.
21 上主照我的正義酬報了我,按我雙手的清白報答了我;
“Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza ta.
22 因我遵行了上主的正道,沒有作惡離棄我的天主。
Melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi. Nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o;
23 衪的一切法令在我前,我未曾違過衪的誡命;
Eƒe sewo katã le ŋkunye me; eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o.
24 我衪前常保成全,自知提防各種不義。
Nyemeɖi fɔ le eŋkume o eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ.
25 因此,上主照我的正義,我在衪的純潔,賞報了我。
Eya ta Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenye kple esi nye asi me dza le eŋkume la ta.
26 仁慈的人,你待他仁慈;正直的人,你待他正直;
“Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o.
27 純的人,你待他純樸;乖戾的人,你待他乖戾。
Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu.
28 卑微的人,你必拯救;傲慢的人,你必睥視。
Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ke wò ŋku le dadalawo ŋu, be nabɔbɔ wo ɖe anyi.
29 上主,你是我的火炬,我的天主,照明我的黑暗。
Wò, Yehowa, wòe nye nye akaɖi! Ènana nye viviti trɔna zua kekeli.
30 仗著你,我衝入了敵營;靠著我的天主,我跳過了牆垣。
Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli.
31 天主的道路是完善的;上主的言語是純淨的;凡投衪的人,衪怍他們的後盾。
“Mawu ya ƒe mɔwo de blibo, Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ. Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee.
32 上主以外,還有誰是天主﹖除我的的天主外,還有誰的盤石﹖
Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Ame kae ganye Agakpe? Ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa?
33 是天主賜我毅力,使我一路順利,
Mawue nye nye mɔ sesẽ, eyae na nye mɔ zu gbadzaa.
34 使我的腳快如鹿蹄,使我屹立高地,
Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.
35 教導我手作戰,使臂膊能開銅弓。
Efia aʋawɔwɔ nye asiwo eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli.
36 你你的救生盾賜了我,你的長甲作了我的掩護。
Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam. Ebɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm.
37 你為我的腳步拓寬了路,我的腳從未顛簸。
Èkeke mɔ le tenye, be nye klowo magli le tenye o.
38 我追趕仇敵,消滅他們;不滅絕他們,決不返回。
“Meti nye futɔwo yome eye metsrɔ̃ wo; nyemetrɔ le wo yome o, va se ɖe esime wotsrɔ̃.
39 我將他們打得一蹶不振,盡都倒斃在我腳下
Metsrɔ̃ wo gudugudu eye ɖeke magate ŋu afɔ o. Wodze anyi ɖe nye afɔ nu
40 你賜我毅力勇作戰,把我的對手屈伏我下,
elabena wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ, èna mebɔbɔ ame siwo katã tso ɖe ŋunye la ɖe anyi.
41 使我的敵人在 前轉背而逃,使我殲滅了一切仇恨我的人。
Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ eye metsrɔ̃ nye futɔwo.
42 他們呼號,卻無人施救;呼號上主,也不獲應允。
Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo gake ame aɖeke mexɔ na wo o elabena Yehowa metɔ na wo o.
43 我搗碎他們地上的灰塵,踐踏他們像道上的泥土。
Metu wo, wozu abe ke ene. Megbã wo, wokaka abe ʋuʋudedi si le ablɔwo dzi ene.
44 你由百姓的叛亂中救拔了我,立我做了列國的首領;我不知道的人民竟給我服役;
“Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la si me, èkpɔ tanye abe dukɔwo ƒe fia ene; eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo.
45 外邦的子民諂媚奉承我,一聽到是我,即服從我;
Ne wose ŋkɔnye ko la, woɖoa tom eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã dzona nyanyanya le nye ŋkume.
46 外的子民驚惶失色,戰戰兢兢走的堡壘。
Dzi ɖena le wo katã ƒo eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe le woƒe mɔ sesẽwo me.
47 上主萬歲! 願我的盤石受讚美,願救我的的天主受頌揚!
“Yehowa li tegbee! Woakafu nye Agakpe la! Woado Mawu, nye Xɔla la ɖe dzi bobobo!
48 天主是你為我報了仇,使萬民屈伏於我,
Eyae nye Mawu, ame si bia hlɔ̃ nam. Etsɔ dukɔwo de nye afɔ te.
49 是你救我脫離了我的仇敵,提拔我凌駕我的對手之上,救我脫免了強暴的人。
Èɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me, ɛ̃, èkɔm gbɔ nye futɔwo ta eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me,
50 為此,上主! 我要在異民中稱謝你,歌頌你的聖名。
eya ta ele be makafu wò, Oo Yehowa, le dukɔwo katã dome eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ.
51 因為衪使自己的君大獲勝利,對自己的受傅者達味和他的子孫,廣施仁慈,直到永遠」。
“Ena dziɖuɖu geɖe eƒe fia la, eye wòvea eƒe amesiamina David kple eƒe dzidzimeviwo nu tegbee.”

< 撒母耳記下 22 >