< 撒母耳記下 20 >

1 當時,在那裏有個敗類,始叫舍尸巴,是本雅明人彼革黎的兒子。吹著號,喊說:「我們和達味沒有關係,對葉瑟兒子的產業沒有分子。以色列人! 各自回本家吧!
Seba nye yakame aɖe eye wòganye Bikri, Benyamintɔ la ƒe vi. Eku kpẽ eye wòdo ɣli be, “Migbugbɔ le David yome! Migadze eyome o, Israel ŋutsuwo, mina míadzo: menye míaƒe fiae o!”
2 因此,眾以色列人離開達味,跟隨了彼革黎的兒子舍巴;但猶大人仍然緊隨他們的君王,由約旦河直到了耶路撒冷。
Ke Israel ŋutsuwo katã gblẽ David ɖi eye wodze Seba, Bikri vi yome! Ke Yuda ŋutsuwo nɔ woƒe fia la ŋu eye wokplɔe tso Yɔdan tɔsisi la ŋu yi Yerusalem.
3 達味王進了耶路撒冷的宮殿,就將他留下看守宮殿的十個個嬪妃,留在禁官裏,養活她們,卻不再親近她們。她們被禁在冷官內,一直到死,終身守寡。
Esi wòɖo eƒe fiasã me le Yerusalem la, ede se be woaɖe yeƒe ahiãvi ewo siwo yegblẽ ɖi be woakpɔ fiasã la dzi la ɖe aga, woakpɔ wo dzi le go ɖe sia ɖe me gake yemagadɔ wo gbɔ abe yeƒe ahiãviwo ene o. Ale wotrɔ zu abe ahosiwo ene va se ɖe woƒe kugbe.
4 王對阿瑪撒說:「三天之內,你應給我召集猶大人,你也親自也該來到這裏」。
Fia la gblɔ na Amasa be wòaƒo Yuda ƒe aʋawɔlawo nu ƒu le ŋkeke etɔ̃ me eye wòana yeanya.
5 阿彼撒去召集猶大人,但他遲延耽擱,過了君王他所定的期限。
Ale Amasa yi ɖana nyanya aʋawɔlawo gake nu sia wɔwɔ xɔ wu ŋkeke etɔ̃ si wonae.
6 達味就對阿彼撒說:「現今彼革黎的兒子舍巴危害我們,恐怕甚於阿貝沙隆。你快去領你主人的軍隊去追趕他,免得他佔了設防的城,由我們眼前逃脫」。
David gblɔ na Abisai be, “Azɔ Seba, Bikri vi awɔ nuvevi mí wu nu si Absalom wɔ. Netsɔ! Wò kple nye dɔlawo miti eyome hafi wòaɖo du aɖe si woɖo gli ƒo xlãe la me eye míaƒe asi magate ŋu asu edzi o.”
7 約阿布的部下,革肋提人和培肋提人,以及所有的勇士,都跟阿彼撒去了。他們由耶路撒冷出發,趕走彼革黎的兒子舍巴。
Ale Abisai kple Yoab kple ame ɖeka tso Yoab ƒe aʋawɔlawo dome kple fia la ŋutɔ ŋudzɔla dze Seba, Bikri vi la yome.
8 當他們來到基貝紅的大石旁,阿瑪撒也迎面而來。約阿布身穿戰袍,束著腰帶,腰間掛著一把帶鞘的刀。約阿布的刀出鞘落地。
Esi wova ɖo agakpe gã si le Gibeon gbɔ la, wodo go Amasa. Yoab do aʋawu eye adekpui si nɔ aku me la, nɔ eƒe alidziblaka ŋu. Esi wòɖe zɔ la, eɖe adekpui la le eƒe aku me.
9 約阿布對阿瑪撒說:「吾兄,你好﹖」約阿布遂用石手抓住阿瑪撒的鬍鬚,與他親吻。
Yoab te ɖe Amasa ŋu hebiae be, “Èfɔa?” Yoab ku asi Amasa ƒe ge me kple ɖusi abe ɖe wòdi be yeagbugbɔ nu nɛ ene.
10 阿瑪撒沒有提防約阿布手中的刀;約阿布就用刀刺穿了他的肚腹,五臟傾流在地上,沒有再刺第二下,他就死了。約阿布與自己的兄弟阿彼瑟,便往前追趕彼革黎的兒子舍巴。
Amasa mekpɔ yi ɖaɖɛ si Yoab lé kple miasi la o. Ale Yoab nyrɔ yi la ɖe dɔme nɛ flo, eƒe dɔmenuwo kaka ɖe anyigba eye wòku ɖe afi ma enumake. Yoab kple nɔvia Abisai gblẽe ɖe afi ma eye woti Seba, Bikri vi la yome.
11 看守阿瑪撒屍首的約阿布的一個兵士喊說:「誰喜愛約阿布,誰屬達味,就跟約阿布去! 」
Yoab ƒe aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka do ɣli gblɔ na Amasa ƒe aʋawɔlawo be, “Ne miele David dzi la, ekema miva dze Yoab yome.”
12 阿瑪撒此時臥在路中血泊中,那人見眾人停留不前,就將阿瑪撒的屍首,由路上搬到田裏,上面蓄上一件衣服,因為他見軍人到了那裏,就停在屍首前。
Ke Amasa ƒe kukua mlɔ eƒe ʋu me le mɔa titina. Esi Yoab ƒe aʋakplɔlawo kpɔ be ameawo nɔ ƒu ƒom na ame kuku la kpɔkpɔ la, wohe ame kuku la tso mɔa dzi do ɖe gbe me eye wotsɔ awu aɖe tsyɔ edzi.
13 屍首由路上搬走後,軍人就都過去,跟隨約阿布追趕彼革黎的兒子舍巴。
Esi wohe ame kuku la le mɔa dzi la, ame sia ame dze Yoab yome be yewoalé Seba, Bikri vi la.
14 舍巴走遍了以色列各支派,人都不理他。隨後到了貝特瑪阿加的阿貝耳,眾彼革黎人卻聚集起來,跟隨了他。
Le ɣeyiɣi sia me la, Seba zɔ to Israelnyigba dzi be yeaƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu tso eya ŋutɔ ƒe hlɔ̃, Bikri hlɔ̃ la me le Abel Bet Maka dua me.
15 約阿布大軍前來,把他包圍在貝特瑪阿加的阿貝內,興築攻城的壁壘。跟隨約阿布的大軍遂下手挖城牆,使牆倒塌。
Esi Yoab ƒe aʋawɔlawo va ɖo la, woɖe to ɖe Seba le Abel Bet Maka, ƒu kpo ɖe dua ŋu tso anyigba yi gli la tame eye wode asi gli la gbagbã me.
16 當時城中有個聰明的婦人,站在城牆上喊說:「請聽! 請聽! 你們對約阿布說:來這裏,我有話對你說」。
Ke nyɔnu nyanu aɖe tso dua me yɔ Yoab gblɔ nɛ be, “Va afii, na míaɖo dze.”
17 約阿布來到她那裏,婦人便問說:「你是約阿布嗎﹖」他答說:「我是」。她便對他說:「請你聽你婢女一言! 」他答說:「我聽」。
Esi wòte ɖe eŋu la, nyɔnu la biae be, “Wòe nye Yoab la?” Yoab ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.” Nyɔnu la gblɔ be, “Ɖo to wò dɔlanyɔnu ƒe nya.” Ke Yoab be, “Mele to ɖom wò nya.”
18 她說:「從前有句話說:你去問問阿貝耳,事便可解決。
Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Wonɔ nya aɖe gblɔm tsã be, ‘Ne èdi be yeawu nyahehe aɖe nu la, ekema bia aɖaŋu le Abel,’ elabena míeɖoa aɖaŋu nyui na ame ɣe sia ɣi.
19 我在以色列算是一座和平忠厚的城,你卻圖謀消滅一座以色列的母城。為什麼你要吞滅上主的產業﹖」
Èle du tsitsi aɖe si me nɔlawo lɔ̃a ŋutifafa eye wowɔa nuteƒe na Israel la gbãm. Ɖe nàgblẽ nu si nye Yehowa tɔa?”
20 約阿布答說:「決無此事,我決無意消滅或破壞。
Yoab ɖo eŋu be, “Mele eme nenema kura o,
21 完全不是這麼一回事;只因厄弗辣因山地的一人,即彼革黎的兒子名叫舍巴的,造反抗拒達味王;只要你們將他交來,我即撤離此城」。婦人對約阿布說:「請看,他的頭由城上拋給你」。
nu si dim mele koe nye ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Seba, Bikri vi; etso Efraim ƒe tonyigba la dzi. Etso ɖe Fia David ŋu eya ta ne miatsɔe ade asi na mí la, ekema míaɖe asi le dua ŋu le ŋutifafa me.” Nyɔnu la gblɔ be, “Enyo, míada eƒe ta do ɖe mi to gli la ta.”
22 婦人就去憑自己的智慧勸說眾百姓。他們便砍了彼革黎的兒子舍巴的頭,拋給約阿布。約阿布遂吹起號角,撤兵離城,各自了本家。約阿布也回了耶路撒冷君王那裏。
Ale nyɔnu la yi ameawo gbɔ kple eƒe aɖaŋu nyui la. Wotso ta le Seba, Bikri vi la nu eye woda eƒe ta la to gli la ta ɖo ɖe Yoab. Enumake Yoab ku kpẽ; ena ameawo dzudzɔ dua gbagbã eye wotrɔ yi fia la gbɔ le Yerusalem.
23 約阿布統率以色列的眾軍隊;約雅達的兒子貝納雅管理革勒提人和培肋提人;
Yoab nye aʋafia gãtɔ Israelʋakɔ la. Benaya nɔ fia la ŋu dzɔlawo, Keretitɔwo kple Peletitɔwo nu.
24 阿多蘭管理奴役;阿希路得的兒子約沙法特作御史;
Adoram kpɔa dɔwɔlawo dzi. Yehosafat, Ahilud ƒe vi, nye nyadzɔdzɔwo ŋlɔla,
25 史沙作書記;匝多克和厄貝雅塔爾作司祭;
Seve nye nuŋlɔla eye Zadok kple Abiata nye nunɔlawo.
26 此外,雅提爾人依辣也也作達味的司祭。
Ira, Yairtɔ la nye nunɔla le David ŋutɔ ƒe gbedoxɔ me.

< 撒母耳記下 20 >