< 撒母耳記下 2 >
1 這事以後,達味求問上主說:「我是否可以上猶大的一座城中去﹖」上主對他說:「可以。」達味又問說:「我上何處去﹖」答說:「往赫貝龍去。」
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David bia Yehowa be, “Mayi Yuda duawo dometɔ ɖeka mea?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi.” David gabiae be, “Du ka mee mayi?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yi Hebron.”
2 於是達味帶著他兩個妻子:依次勒耳人阿希諾罕和作過加爾默耳人納巴耳妻子的阿彼蓋耳,上那裏去了。
Ale David kplɔ srɔ̃awo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi tso Karmel,
3 凡跟隨達味的人,他也叫他們各帶家眷一起上去,住在赫類龍城各區內。
eƒe amewo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo katã eye woyi Hebron.
4 以後,猶大人來,在那裏給達味傅油,立他作猶大家族的君王。有人告訴達味,基肋阿得雅貝士人埋葬了撒烏耳。
Yuda ƒe kplɔlawo va ɖo David fiae ɖe Yuda ƒe dukɔ ƒoƒuwo nu. Esi David se be Yabes Gileadtɔwo ɖi Saul la,
5 達味就派遣使者到基肋阿得雅貝士人那裏,向他們說:「願上主祝福你們! 因為你們對你們的主上撒烏耳行了這件善事,將他埋葬了。
eɖo du ɖe wo be, “Yehowa nayra mi le ale si miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ eye mieɖii kple bubu la ta.
6 願上主對你們顯示他的慈愛和忠信! 因為你們作了這事,我也要恩待你們。
Yehowa nave mia nu eye wòatsɔ eƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia kple nyateƒe aɖo eteƒe na mi. Nye hã mave mia nu le nu si miewɔ la ta.
7 現在你們要加強自己的力量,作勇敢的人,因為你們的主上撒烏耳已經陣亡,但猶大家族已給我傅油,立我做了他們的君王。」
Azɔ la, mele biabiam tso mia si be esi Saul ku la, mianye nye ame sesẽwo, eye miawɔ nuteƒe nam. Minɔ abe Yuda ƒe viwo, ame siwo tsɔm ɖo woƒe Fia yeye ene.”
8 那時,撒烏耳的軍長,乃爾的兒子阿貝乃爾,已帶領撒烏耳的兒子依市巴耳過河,到了瑪哈納殷,
Ke Abner, Saul ƒe aʋafia do ŋgɔ yi Mahanaim be yeatsɔ Saul ƒe viŋutsu Is Boset aɖo fiae,
9 立他為基肋阿得、革叔爾、依次勒耳、厄弗辣因、本雅明,全以色列的君王。
be wòaɖu fia ɖe Gilead, Asuri, Yezreel, Efraim, Benyamin kple Israel ƒe akpa bubuawo keŋ dzi.
10 撒烏耳的兒子依市巴耳為以色列王時,已四十歲,為王兩年。此時隨從達味的,只有猶大家族。
Exɔ ƒe blaene hafi woɖoe fiae eye wòɖu Israel dzi ƒe eve. Ke Yuda ƒe viwo nɔ David yome
11 達味在赫貝龍作猶大家族君王的年數,共七年零六個月。
eye wòɖu fia le Hebron ɖe Yuda dzi ƒe adre kple afã.
12 乃爾的兒子阿貝乃爾和撒烏耳的兒子依市巴耳的臣僕,從瑪哈納殷來到基貝紅。
Gbe ɖeka la, Aʋafia Abner kplɔ Is Boset ƒe aʋawɔlawo tso Mahanaim yi Gibeon,
13 責魯雅的兒子約阿布和達味的臣僕,也從赫貝龍出發,彼此在基貝紅池旁相遇,雙方就都停下,各立在水池一邊。
eye Aʋafia Yoab, Zeruya ƒe vi, hã kplɔ David ƒe aʋakɔ be woado go wo. Wodo go le Gibeon ta la to eye wonɔ ta la ƒe akpa eveawo dzi, dze ŋgɔ wo nɔewo.
14 阿貝乃爾對約阿布說:「讓青年人出來,在我們面前比比武! 」約阿布答說:「好,叫他們出來! 」
Abner gblɔ na Yoab be, “Mina míaƒe ɖekakpuiawo nawɔ fefe kple woƒe yiwo míakpɔ!” Yoab lɔ̃ hegblɔ bena, “Enyo, na ne woawɔe.”
15 他們就出來,點了人數,十二個本雅明人在撒烏耳的兒子依市巴耳一面,由達味的僕味的僕從中,也出來十二個人。
Ale aʋakɔ eveawo dometɔ ɖe sia ɖe tia ɖekakpui wuieve na Benyamin kple Saul vi Is Boset eye wuieve bubu na David.
16 每人抓住對方的頭,用力猛刺對方的腰,雙方都同時倒下;因此那地方叫作匝得平原,離基貝紅不遠。
Ame sia ame lé nɔvia ƒe ɖa eye wòtɔ yi axadame na nɔvia. Ale wo katã ku. Woyɔa teƒe ma le Gibeon va se ɖe egbe be “Yi ƒe gbedzi.”
17 那天也發生了很激烈的戰鬥,阿貝乃爾和以色列人,竟為達味的臣僕打敗。
Aʋakɔ eveawo de asi aʋawɔwɔ me azɔ eye hafi zã nado la, Yoab kple David ƒe amewo ɖu Abner kple eƒe amewo tso Israel dzi.
18 責魯雅的三個兒子約阿布、阿彼瑟與阿撒耳,那時都在場,阿撒耳的腿快捷像野羚羊。
Yoab nɔviŋutsuwo, Abisai kple Asahel hã nɔ aʋawɔlawo dome. Asahel ƒua du abe zi ene
19 阿撒耳便去追趕阿貝乃爾,不左不右,直追阿貝乃爾。
eye eya ɖeka kplɔ Abner ɖo. Medze ɖe ɖusi alo mia me le Abner yome o.
20 阿貝乃爾轉過身來問說:「你是阿撒耳嗎﹖」他答說:「我是。」
Esi Abner nye kɔ kpɔ megbe eye wòkpɔ Asahel wògbɔna la, ebiae be, “Wòe nye ema, Asahel?” Asahel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee!”
21 阿貝乃爾對他說:「你轉左或轉右,捉住一個青年,奪取他的裝備罷! 」但阿撒耳卻不肯放鬆他。
Abner gblɔ nɛ be, “Ti ame bubu yome!” Ke Asahel gbe eye wòyi eyometiti dzi.
22 阿貝乃爾就再對阿撒耳說:「你不要再追趕我了,為什麼逼我將你擊倒在地,叫我日後怎有臉再見你的兄弟約阿布﹖
Abner gado ɣli gblɔ nɛ be, “Dzo le afi sia. Ne mewu wò la, nyemate ŋu anɔ te ɖe nɔviwò Yoab nu o.”
23 阿撒耳仍不肯罷休。阿貝乃爾就調過槍來,擊中了他的腹部,槍由背後穿出,他就倒在那裏,當下死了。凡來到阿撒耳倒斃的地方的人,都站住了。
Ke egbe, megbugbɔ o. Ale Abner ƒo akplɔ ɖe dɔ me nɛ eye akplɔ la ŋɔe do ɖe eƒe dzime. Edze anyi, heku eye ame sia ame si va ɖo afi si wòmlɔ la tɔna ɖe afi ma.
24 約阿布和阿彼瑟仍在追趕阿貝乃爾,當他們來到往革巴曠野去的路上,基亞前的阿瑪山崗時,太陽就快要西落。
Azɔ la, Yoab kple Abisai ti Abner yome. Ɣe la nɔ to ɖom esi wova ɖo Ama togbɛ la gbɔ le Gia lɔƒo le mɔ si yi Gibeon gbegbe la dzi.
25 本雅明人集結成隊,跟在阿貝乃爾後邊,站在一座小山頭上。
Abner ƒe aʋawɔlawo tso Benyamin ƒe to la me ƒu asaɖa anyi ɖe to la tame.
26 阿貝乃爾向約阿布喊說:「刀劍豈能永遠擊殺﹖你豈不知結局更為不幸﹖幾時你纔命眾人轉身,不再追趕自己的兄弟﹖」
Abner do ɣli gblɔ na Yoab be, “Ɖe míatsɔ míaƒe yiwo anɔ mía nɔewo wuwu dzi ɖaa? Ɣe ka ɣie nàna wò amewo nagbugbɔ le wo nɔviwo yome?”
27 約阿布答說:「上主永在! 若你不發言,眾人直到早晨,連一個也不會停止追趕自己的兄弟! 」
Yoab ɖo eŋu be, “Metsɔ Mawu ka atam be, ne menye ɖe nèƒo nu o gɔ̃ hã la, anye ne mí katã míatrɔ adzo, ayi aƒe me etsɔ ŋdi.”
28 約阿布遂吹號,眾人就停下,不再追趕以色列人,不再進攻。
Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋakɔ la yometiti.
29 阿貝乃爾同他的人,那一整夜走過了阿辣巴平原,過了約但河,以後,又走了一上午,終于到了瑪哈納殷。
Gbe ma gbe fiẽ la, Abner kple eƒe amewo gbugbɔ to Araba. Woyi Yɔdan ƒe balime, tso tɔsisi la eye wozɔ mɔ le zã va se ɖe ŋufɔke ŋdi hafi woɖo Mahanaim.
30 約阿布追趕阿貝乃爾回來,召集了自己的人,達味僕人中,除阿撒耳外,少了十九人。
Yoab trɔ le Abner yome eye ekple eƒe amewo hã trɔ yi aƒe. Esi wòxlẽ eƒe amewo kpɔ la, ede dzesii be ame wuiasiekɛ koe tsi aʋa hekpe ɖe Asahel ŋu.
31 但阿貝乃爾所帶的本雅明人中,有三百六十人,為達味的臣僕殺死。
Ke Abner ƒe ame alafa etɔ̃ blaade, ame siwo tso Benyamin ƒe to la me la ku.
32 遂將阿撒耳的屍體帶回,埋在白冷他父親的墳墓內。約阿布同他的人走了一夜,天亮時已到赫貝龍。
Yoab kple eƒe amewo kɔ Asahel ƒe kukua yi Betlehem eye woɖii ɖe fofoa xa. Le esia megbe la, wozɔ mɔ to zã blibo la me eye woɖo Hebron le ŋdi.