< 撒母耳記下 12 >

1 於是上主打發納堂先知去見達味;他一來到他跟前,就對他說:「在一座城裡有兩個人,一富一貧;
Ale Yehowa ɖo Nyagblɔɖila Natan ɖa be wòagblɔ ŋutinya sia na David be, “Ŋutsu eve aɖewo le du aɖe me, ɖeka nye kesinɔtɔ gã aɖe eye evelia nye ame dahe.
2 富的有很多牛羊;
Alẽwo kple nyiwo nɔ kesinɔtɔ la si fũu,
3 貧的,除一隻小母羊外,什麼也沒有。這隻小母羊是他買來餵養的,在他和他兒女身邊長大,吃他自己的食物,喝他自己杯中的飲料,睡在他的懷裡,帶他如同自己的女兒一樣。
ke alẽvi ɖeka pɛ koe nɔ ame dahe la ya si eye eya kple viawo kpɔa dzidzɔ le alẽvi la ŋu ŋutɔ. Ame dahe la nana alẽvi la ɖua nu le eya ŋutɔ ƒe agba me eye wònoa nu le eƒe kplu nu. Elénɛ ɖe abɔ abe via nyɔnuvie wònye ene.
4 有一個客人,來到富人那裡,他捨不得拿自己的牛羊,款待那來到他這裡的旅客,卻取了那貧窮人的母羊,來款待那到他這裡來的人。」
“Gbe ɖeka la, amedzro aɖe va dze kesinɔtɔ la. Le esime kesinɔtɔ la nalé alẽ ɖeka tso eya ŋutɔ ƒe alẽ gbogboawo dome awu na amedzroa teƒe la, elé ame dahe la ƒe alẽ ɖeka ma, wui eye wòtsɔe ɖa nue na amedzro la.”
5 達味對這人大發憤怒,向納堂說:「上主永在! 做這事的人該死!
David do dɔmedzoe eye wòka atam be, “Meta Yehowa ƒe agbe be ame si wɔ nu sia la dze na ku!
6 並且,因為他這樣行事,捨不得自己的牛羊,他應七倍償還」。
Ele be wòatsɔ alẽ ene aɖo ɖeka si wòfi la teƒe le eƒe nublanuimakpɔmakpɔ ta.”
7 約納堂對達味說:「這人就是你! 以色列的天主上主這樣說:是我給你傅油,立你作以色列的君王,是我由撒烏耳手中將你救出,
Tete Natan gblɔ na David be, “Wò tututue nye kesinɔtɔ ma! Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi eye meɖe wò tso Saul ƒe asi me;
8 是我將你主人的家室賜給你;我把你主人的妻妾放在你懷裏,把以色列和猶大的家族也賜給了你;若還以為太少,我願再給你這樣那樣的恩惠。
metsɔ eƒe fiasã, srɔ̃awo, eƒe fiaɖuƒe, Israel kple Yuda siaa na wò. Magate ŋu ana nu geɖewo wò wu ne esiawo mesɔ gbɔ na wò o.
9 你為什麼輕視上主,作出衪眼中視為邪惡的事,借刀殺了赫特人烏黎雅,為佔取他的妻子,據為己有﹖你借阿孟子民的刀殺了烏黎雅。
Ke nu ka ta nèdo vlo Yehowa ƒe sewo eye nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖo? Èwu Uria, Hititɔ eye nèxɔ srɔ̃a!
10 從此刀劍永不離開你家! 因為你輕視了我,佔取了赫特的妻子,據為己有。
Eya ta tso azɔ dzi la, yi madzo le aƒewò me o, elabena edo vlom eye nèxɔ Uria Hititɔ la srɔ̃ ɖe.’
11 上主這樣說:看,我要由自己的家裏激起災禍反對你,我要當你的眼前拿你的妻妾給與你的近人,他要在光天化日之下與你的妻妾同寢。
“‘Meka atam be le nu si nèwɔ ta la, mana wò ŋutɔ wò aƒemetɔwo natso ɖe ŋuwò. Matsɔ srɔ̃wòwo ana ŋutsu bubuwo eye wòadɔ wo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ be ame sia ame nakpɔ.
12 你暗中行的事,我卻要叫這事在眾以色列前和太陽下進行」。
Èwɔe le bebeme ke nye ya mawɔ nu sia ɖe ŋuwò le gaglãgbe, le Israel blibo la ŋkume.’”
13 達味對約納堂說:「我得罪了上主! 」約納堂對達味說:「上主已赦免了你的罪惡,你不致於死;
David ʋu eme nublanuitɔe na Natan be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” Natan ɖo eŋu be, “Ɛ̃, gake Yehowa tsɔe ke wò eye màku le nu vɔ̃ sia ta o
14 但是你在這事上蔑視了上主,給你生的那個孩子,必要死去」。
gake èna mɔnukpɔkpɔ gã aɖe Yehowa ƒe futɔwo be woado vlo Yehowa eye woagblɔ busunyawo ɖe eŋu eya ta viwò la aku.”
15 以後,約納堂就回家去了。上主打擊了烏黎雅給達味所生的孩子,使他患病甚重。
Natan trɔ yi aƒe me. Yehowa na Uria srɔ̃ ƒe vidzĩ si wòdzi na David la dze dɔ kutɔkutɔe.
16 達味就為孩子懇求天主,並且禁食,進入房內,穿著苦衣躺在地上過夜。
David ɖe kuku na Mawu be wòana ɖevi la natsi agbe, egbe nuɖuɖu eye wòmlɔ anyigba ƒuƒlu le Yehowa ŋkume to zã blibo la me.
17 皇室的長老到他前,要將他從地上扶起來,他卻不願意,也不與他們一起吃飯。
Ametsitsi siwo le eƒe aƒe me la kpɔ egbɔ be woana wòafɔ aɖu nu, gake egbe fɔfɔ eye melɔ̃ hã be yeaɖu naneke kpli wo o.
18 到了第七天,孩子竟然死了。達味的臣僕怕告訴他孩子死了,因為他們說:「孩子活著的時候,我們勸他,他還不聽我們的話;我們若告訴他孩子死了,豈不是更使他痛苦﹖」
Le ŋkeke adrea gbe la, ɖevi la ku. David ŋumewo vɔ̃ be yewoagblɔe nɛ. Wogblɔ be “Esi ɖevia nɔ agbe la, míeƒo nu nɛ, ke meɖo to mí o; azɔ la, aleke míawɔ agblɔ nɛ be ɖevia ku? Ate ŋu awɔ nuvevi eɖokui.”
19 達味見自己的臣僕低聲耳語,就曉得孩子死了,便問臣僕說:「孩子死了嗎﹖」他們答說:「死了! 」
Ke esi David kpɔ wo wonɔ dalĩ dom na wo nɔewo la, enya nya si dzɔ. Ebia be, “Ɖevia kua?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eku.”
20 達味就由地上起來,沐浴、抹油、更衣,進了上主的庭院朝拜了;然後回到家裏,叫人給他擺上飯來,他就吃了。
David fɔ le anyigba, le tsi, vu ɖa, ɖɔli awu eye wòyi ɖasubɔ le Yehowa ƒe aƒe me. Le esiawo megbe la, etrɔ va fiasã la me, bia be woaɖa nu na ye eye wòɖu nua nyuie.
21 他的臣僕對他說:「你這是作的什麼事。孩子著,你為他禁食哀哭;孩子死了你反而起來吃飯」。
Nu sia wɔ nuku na eŋumewo eye wogblɔ nɛ be, “Míese wò nuwɔna sia gɔme o. Esi ɖevia nɔ agbe la, èfa avi eye nègbe nuɖuɖu, ke azɔ esi ɖevia ku la, èdzudzɔ konyifafa eye nègade asi nuɖuɖu me.”
22 他答說:「孩子活著,我禁食悲哭,因為我想:也許上主會可憐我,使孩子生存,有誰知道﹖
David ɖo eŋu be, “Metsi nu dɔ eye mefa avi esi ɖevia nɔ agbe elabena megblɔ be, ‘Ɖewohĩ Yehowa ave nunye eye wòana ɖevia natsi agbe.’
23 如今,他死了,我為什麼還要禁食﹖難道我能叫他回來﹖是我要到他那裏去,他不會回到我這裏來了! 」
Ke nu ka ta magatsi nu adɔ esi wòku? Ɖe mate ŋu ana wòagbɔ agbea? Egbɔe mayi, ke eya magate ŋu atrɔ va gbɔnye o.”
24 事後,達味安慰了妻子巴特舍巴,再走近她,與她同寢;她又生了一個兒子,給他起名叫撒羅滿;上主也喜愛他,
David fa akɔ na Batseba eye esi wògadɔ egbɔ la, edzi ŋutsuvi eye wòna ŋkɔe be Solomo. Yehowa lɔ̃ ɖevia
25 派了先知約納堂去,代替上主給他起了個別號,叫耶狄狄雅。
eye wòɖo du kple yayra ɖee to Nyagblɔɖila Natan dzi, be woana ŋkɔ ɖevia be “Yedidia” si gɔmee nye, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔ” le lɔlɔ̃ tɔxɛ si Yehowa tsɔ nɛ la ta.
26 那時,約阿布正攻打阿孟子民的辣巴,佔據了水城。
Azɔ la, Yoab wɔ aʋa kple Amonitɔwo ƒe Raba eye wòxɔ fiadu la.
27 約阿布就派使者到達味那裏說:「攻打辣巴,已佔了水城;
Yoab ɖo amewo ɖa be woagblɔ na David be, “Mewɔ aʋa kple Raba eye mexɔ eƒe tsiduƒe la.
28 如今你快調集其餘的軍隊來圍攻,佔領這座城市,免得我攻下了,人拿我的名字作城名」。
Azɔ la, kplɔ aʋawɔla mamlɛawo, nàɖe to ɖe dua eye nàxɔe. Ne menye nenema o la, maxɔ dua eye matsɔ nye ŋkɔ nɛ.”
29 達味遂召集了所有的軍隊,開到辣巴,攻取了那城。
Ale David kplɔ aʋakɔ blibo la yi Raba, wɔ aʋa eye wòxɔ du la.
30 達味從米耳公神的頭上,取下了那重一「塔冷通」的金冠來,上面嵌有一塊寶石,達味將這寶石戴在自己頭上,並由城中運走了大批勝利品。
Eɖe fiakuku le ta na Fia la. Fiakuku la ƒe kpekpemee nye sika talento ɖeka eye wotɔ kpe xɔasiwo ɖe eŋu. Wotsɔe ɖɔ na David. Elɔ afunyinu geɖewo tso du la me.
31 至於城內的居民,根將他們帶走,叫他們拉鋸、操斧、劈石、做磚;達味對待阿孟子民所有的城市都是如此。然後率領自己的軍隊回了耶路撒冷。
Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ kple laxalaxawo, fiwo kple fiawo. Ena wowɔ dɔ le kpemeƒe la hã. Ewɔ Amonitɔwo ƒe duwo katã me tɔwo alea. David kple aʋakɔ la gbugbɔ va Yerusalem.

< 撒母耳記下 12 >