< 列王紀下 22 >

1 約史雅登基時才八歲,在耶路撒冷作王凡三十一年,他的母親名叫耶狄達,是波茲卡特人阿達雅的女兒。
Yosia xɔ ƒe enyi esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ le Yerusalem. Dadae nye Yedida si nye Adaya tso Bozkat la ƒe vinyɔnu.
2 他行了上主視為正義的事,在一切事上,走了他祖先達味的路。不偏左也不偏右。
Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume eye wòto tɔgbuia David ƒe afɔtoƒewo pɛpɛpɛ. Medze ɖe ɖusime alo miame o.
3 約史雅為王十八年時,派默叔藍的孫子,沙番書記到上主的殿裏去,吩咐他說:「
Le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Yosia ɖo eƒe nuŋlɔla Safan, Azalia ƒe viŋutsu, ame si nye Mesulam ƒe tɔgbuiyɔvi la ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Egblɔ be,
4 你去見大司祭希耳克雅,請他將獻於上主聖殿,和守門人由人民收來的銀錢結算清濋,
“Yi Hilkia, nunɔlagã la gbɔ wòaƒo ƒu ga si wotsɔ va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, si nye ga si agbonudzɔlawo xɔ tso ameawo si la da ɖi.
5 交給那些在上主殿內監工的人,叫他們發給那些在上主殿內工作和修理聖殿破壞地方的工人,
Na woatsɔ ga la na ame siwo wotia be woakpɔ gbedoxɔ la dzadzraɖo ƒe dɔwo dzi. Na ame siawo naxe fe na Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu dɔwɔlawo:
6 即木匠、工人和泥水匠,或購買修理聖殿的木料和鑿好的石頭。
atikpalawo, xɔtulawo kple gliɖolawo. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, na woaƒle ati kple kpe kpakpawo atsɔ adzra gbedoxɔ la ɖo.
7 銀子交給他們之後,不必再同他們算帳,因為他們都是辦事很忠信的人。」
Womebia tso xɔtutudɔdzikpɔlawo si be woawɔ akɔnta tso woƒe nu gbegblẽwo ŋu tsitotsito o elabena wonye nuteƒewɔlawo.”
8 大司祭希耳克雅對沙番書記說:「我在上主殿內發現了法律書。」希耳克雅將這卷書交給了沙番,沙番讀了。
Gbe ɖeka la, nunɔlagã Hilkia yi nuŋlɔla Safan gbɔ eye wògblɔ be, “Mefɔ Segbalẽ aɖe le le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan eye Safan xlẽe.
9 沙番書記遂來見君王,向君王報告說:「你的僕人已將聖殿內所有的銀錢倒出來,交給了那些在上主殿內監工的人。」
Safan, nuŋlɔla la yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo tsɔ ga si le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la na dɔwɔlawo kple dɔdzikpɔlawo le gbedoxɔ la me.”
10 沙番書記繼而又向君王報告說:「大司祭希耳克雅交給我一卷書。」沙番就在君王面前朗讀了那書。
Safan, nuŋlɔla la na nyanya fia la be, “Nunɔlagã Hilkia tsɔ agbalẽ aɖe nam.” Safan xlẽ agbalẽ la me nyawo na fia la.
11 君王一聽了法律書上的話,就撕裂了自己的衣服,
Esi fia la se Segbalẽ la me nyawo la, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòdze eƒe awuwo.
12 即刻吩咐大司祭希耳克雅,沙番的兒子阿希甘,米加的兒子阿革波爾,沙番書記和君王的臣僕阿撒雅說:「
Eɖe gbe na nunɔla Hilkia, Ahikam, Safan ƒe viŋutsu, Akbor, Mikaya ƒe viŋutsu, nuŋlɔla Safan kple Asaya, fia ƒe subɔla be,
13 你們為我,為人民,為全猶大,去求問上主關於所發現的書上的話;因為我們的祖先沒有聽從這卷書上的話,也沒有按造這卷書上所記載的去實行,所以上主對我們大發忿怒。」
“Miyi miabia Yehowa nam kple ameawo kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu elabena mía fofowo mewɔ ɖe agbalẽ sia me nyawo dzi o; womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ tso mía ŋu ɖe agbalẽ sia me la nu o.”
14 大司祭希耳克雅、阿希甘、阿革波爾、沙番和阿撒雅,於是去見住在耶路撒冷新市區,哈爾哈斯的孫子,提刻瓦的兒子,管理祭衣的沙隆的妻子,女先知胡耳達,向她說明了來意以後,
Ale nunɔla Hilkia, Ahikam, Akbor, Safan kple Asaya yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu Nyagblɔɖila sia nye Tikva ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Harhas si dzi Tikva nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla.
15 她就回答他們說:「上主以色列的天主這樣說:你們去回報那派你們來見我的人說說:
Egblɔ na wo be, “Nu si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye, ‘Gblɔ na ame si ɖo wò ɖe gbɔnye la be,
16 上主這樣說:看,我必要依照猶大王所讀的那卷書上的一切話:使災禍降在這地方和這地方的居民身上,
Yehowa ƒe gbee nye esi: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ si Yuda fia xlẽ la nu.
17 因為他們捨棄了我,向別的神焚香。凡他們所做的,無不惹我動怒;所以我的怒火要向這地方發作,總不熄滅。
Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple legba siwo wotsɔ woƒe asiwo wɔ la. Nye dɔmedzoe abi ɖe teƒe sia ŋu eye matso o.’
18 至於那派你們來求問上主的猶大王,你們要這樣對他說:上主以色列的天主這樣說:你既然聽了這些話,
Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti.
19 既然一聽見我指著這地和這地上的居民,說他們必要成為令人驚駭和詛咒的對象,你就動了心,在我面前自卑自賤,撕裂了自己的衣服,在我面前痛哭,因此我也應允了你:上主的斷語。
Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Yehowa ŋkume, esi miese nu si megblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu be woaƒo fi ade anyigba sia wòazu aƒedo, eye esi miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe.
20 我要使你與你的祖先團聚,你要平安歸到你的墳墓裏,你的眼睛也不會見到我要在這地方所降的一切災禍。」他們回去向君王報告了這話。
Eya ta àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va dukɔ sia dzi o.’” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la.

< 列王紀下 22 >