< 列王紀下 2 >

1 上主要用旋風接厄里亞升天的時候,厄里亞和厄里叟正離開基耳加耳;
Esi ɣeyiɣia de be Yehowa nakɔ Eliya ayi dziƒo le ahomya me la, Eliya kple Elisa dze mɔ tso Gilgal.
2 厄里亞對厄里叟說:「請你劉在這裏,因為上主派我到貝特耳去。」厄里叟卻回答說:「我指著永生的上主和你的性命起誓:我決不離開你。」於是二人到貝特耳。
Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Betel.” Ke Elisa gblɔ be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale woyi Betel.
3 在貝特耳的先知弟子們出來見厄里叟說:「上主今天要接你的師傅離開你,你知道嗎﹖」他回答說:「是,我知道,你們不要作聲。」
Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo tso Betel va do go Elisa eye wobia Elisa be, “Ènya be Yehowa akɔ wò aƒetɔ adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya gake migagblɔe o.”
4 厄里亞對厄里叟說:「厄里叟,請你留在這裏,因為上主派我到耶里哥去。」他回答說:「我指著永生的上主和你的性命起誓:我決不離開你。」於是二人往耶里哥去了。
Tete Eliya gblɔ nɛ be “Elisa, nɔ afi sia elabena Yehowa dɔm ɖe Yeriko.” Ke Elisa gaɖo eŋu be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi Yeriko.
5 在耶里哥的先知弟子們前來,對厄里叟說: 「上主今天要接你的師傅離開你,你知道嗎﹖」他回答說:「是的,我知道,你們不要作聲。」
Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yeriko la va bia Elisa be, “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kplɔ ge adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya eya ta mizi ɖoɖoe!”
6 厄里亞又對厄里叟說:「請你留在這裏,因為上主派我到約但河去。」厄里叟回答說:「我指著永生的上主和你的性命起誓:我決不離開你。」二人於是繼續前行。
Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Yɔdan tɔsisi la nu.” Elisa ɖo eŋu be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi mɔzɔzɔa dzi.
7 先知弟子中有五十個人同去,遠遠站在他們對面,他們二人立在約旦河邊,
Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la blaatɔ̃ yi ɖatsi tsitre ɖe adzɔge eye wodze ŋgɔ afi si Eliya kple Elisa tɔ ɖo le Yɔdan tɔsisi la nu.
8 厄里亞將自己的外衣捲起,擊打河水,即左右分開,他們二人從乾地上走了過去。
Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, ŋlɔe eye wòtsɔe ƒo tsi la dzi. Tsi la ma ɖe eve le ɖusime kple miame eye wo kple evea wotsoe le anyigba ƒuƒui dzi.
9 過去以後,厄里亞對厄里叟說:「在我被接去離開你以前,我應該為你作什麼,你儘管求罷! 」厄里叟答說:「求你把你的精神給我兩分。」
Esi woɖo go kemɛ dzi la, Eliya gblɔ na Elisa be, “Gblɔe nam, nu ka mawɔ na wò hafi woakɔm adzoe le gbɔwò?” Elisa ɖo eŋu nɛ be, “Meɖe kuku tsɔ wò gbɔgbɔ la ƒe teƒe eve nam.”
10 厄里亞說:「你求了一件難事;不過當我被接去離開你的時候,你若能看見我,你就可以得到;否則,你就不能得到。」
Eliya ɖo eŋu be, “Èbia nu sesẽ, ke hã la, ne àkpɔm esime woakɔm adzoe le gbɔwò la, ava eme na wò, ke ne mele alea o la, mava eme na wò o.”
11 他們正邊走邊談的時候,忽然有一輛火馬拉的火車出現,把他們二人分開;厄里亞便乘著旋風升天去了。
Esime wonɔ zɔzɔm, nɔ dze ɖom la, dzotasiaɖam kple sɔwo ɖiɖi va ma wo kple evea dome eye Eliya to ahom la me yi dziƒo.
12 厄里叟一見,就呼喊說:「我父,我父! 以色列的戰車,以色列的駿馬! 」隨後就再看不見他了;厄里叟遂抓住自己的衣服,撕成兩半,
Elisa kpɔe eye wòdo ɣli sesĩe be, “Fofonye! Fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!” Esi wobu ɖee la, etsɔ eya ŋutɔ ƒe awu eye wòdzee.
13 然後拾起厄里亞身上掉下來的外衣,回去站在約旦河邊,
Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu eye wòtrɔ yi ɖatsi tsitre ɖe Yɔdan tɔsisi la to.
14 拿著從厄里亞身上掉下來的外衣擊打河水說:「上主,厄里亞的天主在那裏﹖」他一擊打河水,河水就左右分開,厄里叟走了過去。
Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu la ƒo tsi la dzi. Ebia be, “Afi ka Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le azɔ?” Esi wòƒo tsia dzi la, tɔsisi la ma ɖe ɖusime kple miame siaa eye wòtso tɔsisi la.
15 耶里哥的先知弟子們從對面看見了他,就說:「厄里亞的精神已降在厄里叟的身上了。」他們便前來迎接,俯伏在地,叩拜他,
Esime nyagblɔɖila siwo tso Yeriko la ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ nu si dzɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Eliya ƒe gbɔgbɔ dze Elisa dzi!” Wozɔ yi ɖakpee eye wodo gbe nɛ bubutɔe.
16 對他說:「你僕人中有五十個強壯的人,請讓他們去尋找你的師傅,或者上主的神將他提去,丟在一座山上,或一個山谷裏。」他回答說:「不必派他們去。」
Wogblɔ nɛ be, “Amegã, ɖe gbe na mí ko, ekema míaƒe duƒula nyuitɔwo dometɔ blaatɔ̃ ayi gbedzi aɖadi wò amegã; ɖewohĩ Yehowa ƒe gbɔgbɔ gblẽe ɖe to aɖe dzi loo alo gblẽe ɖe balime le afi aɖe.” Ke Elisa ɖo eŋu be, “Ao, migaɖe fu na mia ɖokuiwo o.”
17 但是他們逼得他不好意思,他這纔說:「你們派人去罷! 」他們於是派了五十個人去,尋找了三天,始終沒有找到,
Ke wonɔ nya sia ƒom ɖe enu va se ɖe esime nya la tii eye wògblɔ be, “Enyo, miyi!” Ale ame blaatɔ̃awo yi ɖadii ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔe o.
18 便回來見厄里叟,那時厄里叟還在耶里哥。厄里叟對他們說:「我不是對你們早說了,你們不必去嗎﹖」
Elisa ganɔ Yeriko esime ameawo trɔ gbɔ. Egblɔ na wo be, “Ɖe nyemegblɔe na mi be migayi oa?”
19 城中的人對厄里叟說:「請看,本城的地勢很好,師傅也看見了,只是水不好,以致土產不熟即落。」
Azɔ la, Yeriko dumegãwo va kpɔ Elisa eye wogblɔ nɛ be, “Nane le fu ɖem na mí. Wò ŋutɔ ènya be wotso du sia ɖe teƒe nyui aɖe, ke míaƒe tsi menyo o, eye wònana fu gena le míaƒe funɔwo ƒo.”
20 厄里叟說:「給我拿一隻新碗來,裏面放上些鹽。」他們就給他拿了來;
Elisa gblɔ na wo be, “Enyo, miku dze ɖe agba yeye aɖe me vɛ nam.” Wowɔ nenema.
21 他遂出去到水泉旁,將鹽倒在水裏說:「上主這樣說:我已治好了這水,從此再也不會引起死亡和不熟早落的病。」
Elisa yi tsi la ƒe dzɔtsoƒe, tsɔ dze la kɔ ɖe eme eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Mewɔ tsi sia kɔkɔe eye magahe ku alo fu gege vɛ azɔ o.’”
22 果然,照厄里叟所說的,那水直到今日常是好水。
Kpɔ ɖa, tsi la trɔ zu tsi nyui enumake tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia abe ale si Elisa gblɔ ene.
23 厄里叟從那裏上貝特耳去,當他沿路上去的時候,從城中出來一些小孩,譏笑他說:「光頭,上來! 光頭,上來! 」
Elisa tso Yeriko yi Betel. Esi wònɔ zɔzɔm le mɔa dzi la, ŋutsuvi sue aɖewo tso dua me va nɔ fewu ɖum le eŋu be, “Dzo le afi sia, Elisa tabebetɔ.”
24 厄里叟回過頭去看他們,因上主的名詛咒了他們;立即有兩隻狗熊從林中出來,咬死了其中四十二個孩子。
Elisa trɔ kpɔ wo eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Enumake sisiblisinɔ eve do go tso ave aɖe me va vuvu wo ame blaene-vɔ-eve.
25 厄里叟從那裏去了加爾默耳山,然後又從那裏回了撒瑪黎雅。
Esia megbe la, Elisa yi Karmel to la dzi hafi trɔ yi Samaria.

< 列王紀下 2 >