< 列王紀下 19 >

1 希則克雅王一聽這話,就撕破了自己的衣服,穿上苦衣,走進了上主的殿;
Esi Fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, ta akpanya eye wòyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
2 然後打發厄里雅金家宰,舍布納書記和幾位老司祭,穿著苦衣,去見阿摩茲的兒子依撒意亞先知,
Egblɔ na Eliakim, Sebna kple nunɔla tsitsitɔ aɖewo be woata akpanya eye woayi Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi gbɔ agblɔ nɛ be,
3 對他說:「希則克雅這樣說:今天是受苦難,受責罰,受侮辱的日子。因為嬰兒到了要出生的時候,卻沒有產生的力量。
“Fia Hezekia be, ‘Egbee nye xaxagbe, amedzugbe kple vlodoamegbe. Ele abe ale si nyɔnu aɖe anɔ ku lém gake ŋusẽ mele eŋu wòasii adzi o la ene.
4 但願上主你的天主聽到那大將軍的一切話,就是他的主上亞述王打發他來,辱罵永生的天主所說的話! 願上主你的天主聽了那些話而加以懲罰! 所以請你為剩下的遺民舉行祈禱罷! 」
Ɖewohĩ, Yehowa, wò Mawu la se ale si Asiriatɔwo ƒe aʋafia la tsi tsitre ɖe Mawu gbagbe la ŋu eye wòaka mo nɛ. Oo, do gbe ɖa ɖe mí ame ʋɛ siwo susɔ la ta.’”
5 希則克雅王的臣僕來到了依撒意亞前,
Esi Fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la,
6 依撒意亞就對他們說:「你們要這樣對你們的主上說:上主這樣說:你聽到亞述王的僕人們辱罵我的話,不要害怕!
Yesaya gblɔ na wo be, “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: migavɔ̃ nu si miese, busunya siwo Asiria fia teviwo gblɔ ɖe ŋutinye la o.
7 我必叫他感到一種怕情,使他一聽到某種消息,就返回本國;我要使他在本國內喪身刀下。」
Miɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’”
8 大將軍回去時,正遇見亞述王去攻打里貝納。原來他已聽說君王離開了拉基士。
Esi aʋafia si le aʋakɔ siwo le gbea dzi dzi kpɔm la se bena, Asiria fia dzo le Lakis la, etrɔ dzo yi aƒe eye wòkpɔ fia la le aʋa wɔm kple Libna.
9 那時,散乃黑黎布聽人說:雇士王提爾哈卡出來攻打他,就再派使者去見希則克雅,並吩咐說:「
Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Ke egadɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be,
10 你們要這樣對猶大王希則克雅說:不要讓你所依靠的天主哄騙了你說:耶路撒冷決不會落在亞述王手中!
“Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’
11 你必聽說過亞述的列王對各國所行的事,將各國完全消滅了。你還能有救嗎﹖
Ènya nu siwo Asiria fia wɔ le afi sia afi si wòyi la nyuie; wogblẽ nu sia nu. Nu ka ta tɔwò ato vovo tso bubuawo tɔ gbɔ?
12 我的祖先所消滅的各民族,如哥倉、哈郎、勒責夫、以及在特拉撒爾的厄登子民,他們的神又何曾救了他們﹖
Ɖe dukɔ bubuwo abe Gozan, Haran, Rezef kple Eden le Tel Asa ƒe anyigba ene ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Asiria fia siwo do ŋgɔ nam la tsrɔ̃ wo katã!
13 哈瑪特王,阿帕得王,色法瓦因城的王,赫納王和依瓦王,他們現今都在那裡﹖」
Afi ka Hamat fia kple Arpad fia le? Nu kae wɔ Sefarvaim kple Hena kple Iva ƒe fiawo?”
14 希則克雅從使者中接過信來,念了以後,就走進上主的殿,將那信在上主面前展開,
Fia Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔwo si, xlẽe eye wòyi gbedoxɔ me be yeatsɔe aɖo Yehowa ŋkume.
15 然後,希則克雅懇求上主說:「上主,坐在革魯賓上面的以色列的天主! 惟獨你是地上萬國的天主,你創造了天地。
Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba.
16 上主,請你側耳傾聽! 上主,求你睜眼垂視,細聽那打發使者辱罵永生天主的散乃黑黎布的話。
O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa.
17 上主,的確,亞述王曾毀滅了所有的民族和他們的國家,
“Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fia ɖu dukɔ siawo katã dzi
18 將他們的神像投入火中,因為它們不是神,只是人手造成的木石的作品,所以能被消滅。
eye wòtɔ dzo woƒe mawuwo elabena menye mawuwoe wonye o, ke boŋ ati kple kpee wonye. Amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe wonye.
19 但是現今,上主我們的天主,求你拯救我們脫離他的手,使地上萬國都知道:惟獨你是上主,天主! 」
Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.”
20 那時,阿摩茲的兒子依撒意亞打發人去見希則克雅說:「上主以色列的天主這樣說:你既然論亞述王散乃黑黎布向我懇求,我已經俯聽了你。
Tete Yesaya, Amoz ƒe vi ɖo du ɖe Hezekia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa tso Senakerib, Asiria fia, ŋuti.
21 這就是上主論他所說的話:熙雍的貞女輕視你,嘲笑你;耶路撒冷的女子在你背後搖頭。
Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe eŋuti: “‘Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o la, do vlo wò eye wòɖu fewu le ŋutiwò. Yerusalem vinyɔnu ʋuʋu ta esi nèlé du tsɔ.
22 你所辱罵,所詛咒的是誰﹖你提高聲音,仰起眼睛攻擊的是誰﹖是攻擊以色列的聖者。
Ame kae nèdzu hegblɔ busunya ɖe eŋuti? Ame ka ŋutie nèkɔ wò gbe dzi ɖo eye nètro ŋku kpɔe dadatɔe? Ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋutie!
23 你藉你的使者辱罵了吾主,你說:我用我大批的車輛,登上了叢山的極峰,到黎巴嫩的絕頂,砍伐了其中最高的香柏,最好的青松;衝入了它的最深處,走進了果木的林園。
Èdɔ wò dɔlawo be woali kɔ dzu ɖe Yehowa dzi. Ègblɔ be, “Metsɔ nye tasiaɖamwo lia towo tame eye mede keke Lebanon to kɔkɔwo tame. Melã sedati kɔkɔwo kple sesewuti nyuitɔwo ƒu anyi. Meɖo eƒe anyigba ƒe mlɔenu ke kple eƒe ave nyuitɔwo tame.
24 我掘了井喝了外邦的水,用我的腳掌踏乾了埃及所有的河川。
Meɖe vudo ɖe dzronyigba dzi heno tsi le afi ma. Metsɔ nye afɔƒome fanya Egipte ale gbegbe be eƒe tɔsisiwo katã mie.”
25 難道你沒有聽說嗎﹖很久以前我所計劃的,昔日我所決定的,現在我就在實現,叫你毀壞堅城,化為廢墟,
“‘Mèsee do ŋgɔ oa? Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke. Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi; ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo la zu anyiglago.
26 使城中的居民軟弱無力,驚慌失措,有如田野的青草,有如青綠的嫩苗,有如屋頂被東風吹焦的小草。
Ŋusẽ vɔ le woƒe amewo ŋu eye vɔvɔ̃ kple ŋukpe lé wo. Ale wole abe gbe le gbedzi, gbe damawo kple gbe si mie ɖe xɔta eye ŋdɔ ɖui wòku hafi wòva tsi la ene.
27 但是,你或起或坐,或出或入,我都知道,
“‘Ke menya afi si nèle, wò dodo kple gbɔgbɔ kple ale si nèdo dziku ɖe ŋutinye.
28 因為你對我的暴怒,和你的狂囂已達到我的耳鼓,所以我要把環子穿在你的鼻子上,把轡頭套在你的嘴上,從你來的路上將你牽回去。
Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye, eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la, matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò, made numega nu me na wò, eye mana mɔ si nèto va la nàgato eya ke dzi adzo.’
29 這是給你的記號:今年你們要吃自然所生的,明年仍要吃自然所生的,第三年你們就要播種收割,栽種葡萄園,吃園中的果實。
“Esia anye dzesi na wò, Oo Hezekia: “Ƒe sia me la, miaɖu nuku siwo mie le wo ɖokui si, ne ƒe trɔ la, miagaɖu esiwo susɔ. Ke le ƒe etɔ̃lia me la, miaƒã nu, miaxa nu, miade waingble eye miaɖu eme kutsetsewo.
30 猶大家的遺民,仍要向下生根,往上結實,
Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la woato ke, eye woatse ku.
31 因為剩餘的人將由耶路撒冷而出,逃脫的人將由熙雍山而來:萬軍上主的熱誠必要成就這事。
Elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi. “Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie ana esia nava eme.
32 為此,上主問亞述王這樣說:他決不會進入這城,決不會向這城放射一箭,決不會持盾臨於城下,也決不會起造土堆攻城。
“Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi: “‘Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o. Mava afi sia kple eƒe akpoxɔnu alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o.
33 他必要由來路回去,決不能進入這城:上主的斷語。
Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo. Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o. Yehowae gblɔe.
34 為了我自己,為了我的僕人達味,我必要保護拯救這城。」
Maʋli du sia ta eye maɖe du sia le nye ŋutɔ nye ŋkɔ kple nye dɔla, David ta.’”
35 當天夜裡,上主的使者出來,在亞述營裡殺了十八萬五千人。清晨人們起來,看見遍地都是死屍。
Emegbe Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa ame kukuwo sɔŋ koe wokpɔ.
36 亞述王散乃黑黎布於是拔營,起程回國,住在尼尼微。
Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive eye wònɔ afi ma.
37 一日,他在自己的神尼色洛客廟內叩拜的時候,他的兒子阿德辣默肋客和沙勒責爾用劍刺殺了他,然後逃往阿辣辣特地方去了;他的兒子厄撒哈冬繼位為王。
Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, Via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe.

< 列王紀下 19 >