< 列王紀下 12 >
1 他在耶胡第七年即位為王,在耶路撒冷作王凡四十年。他的母親名叫漆彼雅,是貝耳舍巴人。
Le Yehu ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Yoas zu Yuda fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaene. Dadae nye Zibia tso Beerseba.
2 約阿士在司祭約雅達教導他期間,行了上主視為正義的事,
Ewɔ nu dzɔdzɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me elabena nunɔlagã Yehoiada fia afɔɖoƒee.
Gake, megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko.
4 約阿士對司祭說:「凡人向上主的殿繳納作獻儀錢,不論是人丁贖金,或樂意捐獻於上主殿中的錢,
Yoas gblɔ na nunɔlawo be, “Miƒo ƒu ga siwo katã wotsɔ vɛ na Yehowa abe nunana kɔkɔewo ene, ga si miekpɔ le amexexlẽ la me, ga si ka mia si, si nye amewo ƒe adzɔgbeɖeɖewo kple lɔlɔ̃nununana si amewo tsɔ va gbedoxɔ la me.
5 司祭們都可以接收,每人也可向相識的人去勸捐;但司祭們應該修理聖殿需要修理的破壞之處。」
Mina nunɔla ɖe sia ɖe naxɔ ga la tso gadzikpɔla ɖeka si eye miawɔ eŋu dɔ adzra nu sia nu si miekpɔ be egblẽ le gbedoxɔa me la ɖo.”
6 但是,直到約阿士王第二十三年,司祭尚未修理聖殿的破壞之處。
Ke le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, nunɔlawo medzra gbedoxɔ la ɖo o.
7 於是約阿士王將約雅達大司祭和其他司祭召來,問他們說:「你們為什麼不修理聖殿破壞之處﹖現在你們不要再向相識的人收錢了;應把所有的錢交出,用來修理聖殿的破壞之處。」
Ale Yoas yɔ Yehoiada kple nunɔla bubuawo eye wògblɔ na wo be, “Nu ka ta miewɔ naneke tso gbedoxɔ la ŋu kpɔ o? Azɔ la, migawɔ ga aɖeke ŋu dɔ na miawo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o. Tso azɔ dzi yina la, ele be miawɔ ga ɖe sia ɖe ŋu dɔ hena gbedoxɔ la dzadzraɖo.”
8 司祭們就同意不再向人民收錢,也不再負責修理聖殿的破壞之處。
Ale nunɔlawo ɖo be yewoaɖo ga tɔxɛ aɖe da ɖi si mato yewoƒe asi me o, ale be yewomawɔ eŋu dɔ na yewo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o.
9 司祭約雅達於是拿來一個箱子,箱子上面開了一個口,安放在祭壇旁邊,即在上主聖殿入口的右邊,守門的司祭將所有獻於上主聖殿的銀錢,放入箱內。
Nunɔla Yehoiada ɖe do gã aɖe ɖe tsitrenuɖaka gã aɖe tame eye wòtsɔe da ɖe vɔsamlekpui si le gbedoxɔ la ƒe mɔnu la ƒe ɖusime. Ʋɔtrua ŋu dzɔlawo tsɔa ga siwo ameawo tsɔna vɛ la dea eme.
10 幾時看見箱內的錢夠多了,君王的秘書和大司祭就上來,把錢倒出,數點上主殿內所有的銀錢。
Ne tsitrenuɖaka la yɔ la, fia ƒe gaŋutinyaŋlɔla kple nunɔlagã la xlẽa ga la, denɛ kotokuwo me
11 他們將秤好了的錢,交給上主殿內間監工的管理員,由他們發給在上主殿內工作的木匠和建築工人,
Esi woɖo kpe ga homea dzi la, wotsɔe na ame siwo wotia be woakpɔ dɔa dzi le gbedoxɔ la ŋuti. Wotsɔ ga sia xe fe na ame siwo wɔ dɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu, atikpalawo kple xɔtulawo,
12 泥水匠和石匠,或購買木料和鑿刻好的石頭,用來修補上主殿內的破壞之處;總之,用來作為修理聖殿的費用。
gliɖolawo kple kpekpalawo. Woƒle ati kple kpe kpakpawo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzadzra ɖo eye woxe fe bubu ɖe sia ɖe si ku ɖe gbedoxɔ la dzadzraɖo ŋu.
13 進獻於上主聖殿的銀錢,並沒有用來製造上主殿內的銀盆、燭剪、盤子、號筒,或任何金銀器皿,
Womewɔ ga si wotsɔ va gbedoxɔ la me la ŋu dɔ na klosalogbawo, akaɖimeɖovulãnuwo, ʋutrewo, kpẽwo alo nu bubu ɖe sia ɖe si wowɔ kple sika alo klosalo la ƒeƒle na Yehowa ƒe gbedoxɔ o.
Wotsɔe xe fee na dɔwɔlawo, ame siwo dzra gbedoxɔ la ɖo.
15 也並不需要向那些經手收錢付給工人的人算賬,因為他們做事忠信可靠。
Womebia tso dɔdzikpɔlawo si be woawɔ akɔnta na ame aɖeke o elabena wonye nuteƒewɔlawo.
16 至於獻作贖過祭和贖罪祭的錢,不歸於上主的殿,全歸於司祭。
Ke wotsɔa ga siwo amewo nana abe fɔɖivɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene la ya naa nunɔlawo hena wo ŋu dɔ wɔwɔ. Ga siawo ya megena ɖe tsitrenuɖaka la me o.
17 那時,阿蘭王哈匝耳上來攻打加特,也攻下了,準備進攻耶路撒冷。
Fia Hazael, Siria fia ho aʋa ɖe Gat ŋu le ɣeyiɣi sia me, ɖu edzi eye wòɖe zɔ ɖe Yerusalem hã dzi.
18 猶大王約阿士就將他祖先猶大王約沙法特、約蘭和阿哈齊雅所奉獻的聖物,同他自己奉獻的聖物,以及上主聖殿和王宮的府庫內儲藏的金子,全部取出來,送給了阿蘭王哈匝耳;哈匝耳就離開了耶路撒冷。
Fia Yoas tsɔ nu siwo ŋu fofoawo, Yuda fiawo abe Yehosafat, Yehoram kple Ahazia ene kɔ kple nu siwo eya ŋutɔ hã wɔ kple sika si nɔ gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Aram fia Hazael. Ale Hazael megaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu o.
19 約阿士其餘的事蹟,他行的一切,都記載在猶大列王實錄上。
Woŋlɔ Yoas ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe, Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
20 約阿士的臣僕起來結黨謀反,在約阿士下到米羅宮時,將他殺死;
Eŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Bet Milo, le Sila mɔ dzi.
21 殺他的是他的臣僕史默阿特的兒子約匝加爾和芍默爾的兒子約匝巴得。他死後,人將他葬在達味城,與祖先埋在一起;他的兒子阿瑪責雅繼位為王。
Ame siwo wui la woe nye: Yozakad, Simeat ƒe vi kple Yehozabad, Somer ƒe vi. Ame eve siawo nye fia la ƒe dɔla nuteƒewɔlawo hafi! Woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem eye via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe.